1 Korintotɔwo 11:1-34

  • “Mizu srɔ̃nyelawo” (1)

  • Tanyenye kple nutsyɔtsyɔ ta (2-16)

  • Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la ɖuɖu (17-34)

11  Mizu srɔ̃nyelawo, abe ale si nye hã menye Kristo srɔ̃la ene.+  Mele mia kafum, elabena mieɖoa ŋku dzinye le nuwo katã me, eye mielé ɖoɖoawo me ɖe asi goŋgoŋ abe ale si metsɔ wo de mia sii ene.  Ke medi be mianyae be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo;+ nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu;+ eye Kristo hã ƒe tae nye Mawu.+  Ŋutsu sia ŋutsu si tsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi la, doa ŋukpe eƒe ta;  ke nyɔnu sia nyɔnu si metsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi o la,+ doa ŋukpe eƒe ta, elabena ele ko abe nyɔnu si wolũ ta na ene.  Elabena ne nyɔnu aɖe metsyɔa nu ta o la, ekema nekpa ɖa boŋ; ke ne enye ŋukpe na nyɔnu aɖe be wòakpa ɖa alo alũ ta la, ekema netsyɔ nu ta.  Ke medze be ŋutsu natsyɔ nu ta o, elabena Mawu ƒe nɔnɔme+ kple ŋutikɔkɔe wònye, ke nyɔnue nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe.  Elabena ŋutsu metso nyɔnu me o, nyɔnu boŋ ye tso ŋutsu me.+  Eye womewɔ ŋutsu le nyɔnu ta hã o, nyɔnu boŋ ye wowɔ le ŋutsu ta.+ 10  Esia tae wòle be ŋusẽ ƒe dzesi nanɔ ta na nyɔnu, le mawudɔlawo ta.+ 11  Hekpe ɖe eŋu la, le Aƒetɔ la me la, nyɔnu meli ŋutsu manɔmee o, eye ŋutsu hã meli nyɔnu manɔmee o. 12  Elabena ale si ko nyɔnu tso ŋutsu me la,+ nenema kee ŋutsu hã to nyɔnu dzi va; ke nuwo katã tso Mawu me.+ 13  Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ: Ðe wòsɔ be nyɔnu nado gbe ɖa na Mawu ne metsyɔ nu ta oa? 14  Ðe miekpɔe be le dzɔdzɔme nu la, ne ɖa legbe le ta na ŋutsu la, enye ŋukpe nɛ, 15  ke ne ɖa legbe le ta na nyɔnu la, enye atsyɔ̃ nɛ oa? Elabena wotsɔ ɖa nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe. 16  Gake ne ame aɖe le nya hem be ɖoɖo bubu aɖe li le nya sia ŋu la, bubu aɖeke mele mía si o, eye ɖeke mele Mawu ƒe hameawo hã si o. 17  Ke le mɔfiame siwo gbɔna ŋu la, nyemele mia kafum o, elabena ne miekpe ta la, nuwo menyona ɖe edzi o, ɖe wogblẽna ɖe edzi boŋ. 18  Elabena gbã la, mese be ne mieva kpe ta le hamea me la, mamawo nɔa mia dome; eye mexɔ edzi se le go aɖe me. 19  Elabena kɔmamawo anɔ mia dome godoo,+ ale be ame siwo ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖo la nadze ƒãa le mia dome. 20  Eya ta ne mieva kpe ta la, menye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu lae mieɖuna o.+ 21  Elabena ne eɖo edzi be miaɖui la, mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖua eya ŋutɔ ƒe fiẽnuɖuɖu doa ŋgɔ, ale be dɔ nɔa ame aɖewo wum, evɔ ame bubuwo ya mua aha. 22  Ðe aƒewo mele mia si be miaɖu nu ahano nu le wo me oa? Alo ɖe miedoa vlo Mawu ƒe hame la, eye miedoa ŋukpe ame siwo si naneke mele o laa? Nya kae magblɔ na mi? Makafu mia? Nyemele mia kafum le nu sia me o. 23  Elabena nu si mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ lae metsɔ de asi na mi, be le zã+ si me woade Aƒetɔ Yesu asi la, etsɔ abolo, 24  eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, eŋe eme gblɔ be: “Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã+ si wotsɔ na ɖe mia ta. Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”+ 25  Nenema kee wòtsɔ kplu+ la hã le fiẽnuɖuɖu la megbe gblɔ be: “Kplu sia le tsitre ɖi na nubabla yeye+ si wowɔ to nye ʋu dzi la.+ Minɔ esia wɔm, ɣesiaɣi si mianoe, hena ŋkuɖoɖo dzinye.”+ 26  Elabena ɣesiaɣi si mieɖua abolo sia henoa nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku va se ɖe esime wòava. 27  Eya ta ame sia ame si ɖua abolo la, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu la nu madzemadzee la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple eƒe ʋu ŋu. 28  Ele be ame nadzro eɖokui me kpɔ nyuie gbã be yedze hã,+ ema ko hafi wòaɖu abolo la ƒe ɖe ahano nu le kplu la nu. 29  Elabena ame si medzro nu si ŋutilã la fia me kpɔ nyuie hafi ɖunɛ alo nonɛ o la, eɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ henoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui. 30  Esia tae mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ, eye wodze dɔ, eye geɖewo hã le alɔ̃ dɔm le ku me.*+ 31  Ke ne míedzro mía ɖokui me kpɔ nyuie la, womadrɔ̃ ʋɔnu mí o. 32  Gake ne wodrɔ̃ ʋɔnu mí la, Yehowae* le mía ɖɔm ɖo,+ ale be woagabu fɔ mí kpe ɖe xexea ŋu o.+ 33  Eya ta nɔvinyewo, ne mieva kpe ta be yewoaɖui la, milala mia nɔewo. 34  Ne dɔ le ame aɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, ale be ne mieva kpe ta la, woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.+ Ke ne meva ɖo mia gbɔ hã la, makpɔ nya susɔeawo gbɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Edze ƒãa be kuku le gbɔgbɔ me ye wowɔnɛ.