Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔdonya

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nye Mawu ƒe nya si wòŋlɔ na mí katã. Ele be míasrɔ̃e be míanya Biblia la Ŋlɔla nyuie. (Yohanes 17:3; 2 Timoteo 3:16) Biblia la mee Yehowa Mawu ɖe tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo kple woƒe aƒe si nye anyigba la ŋu fia le.—1 Mose 3:15; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Agbalẽ aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi de enu o. Biblia kpena ɖe mía ŋu míeɖea Mawu ƒe nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ kple dɔmetɔtrɔ fiana. Enaa mɔkpɔkpɔ mí hewɔnɛ be míetea ŋu doa dzi le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Enana míekpɔa xexe sia me nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu debliboa o la dzea sii.—Psalmo 119:105; Hebritɔwo 4:12; 1 Yohanes 2:15-17.

Hebrigbe, Aramgbe kple Helagbe mee woŋlɔ Biblia ɖo gbã, eye woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 3,000 sɔŋ me. Bibliae nye agbalẽ si gɔme woɖe hema wu le ŋutinya me. Aleae míakpɔ mɔ be wòanɔ hã. Biblia me nyagblɔɖi aɖe gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia [si nye gbedeasi vevitɔ si le Biblia me] le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

Esi míenya ale si gbegbe Biblia me nyawo le vevie ta la, míedze agbagba be gɔmeɖeɖe sia me nyawo nasɔ pɛpɛpɛ kple ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me nyawo, eye míekpɔ egbɔ be nyaawo me kɔ, eye wo xexlẽ hã le bɔbɔe. Nyati siwo nye “Biblia Gɔme Ðeɖe Ŋuti Mɔfiamewo,” “Nu Siwo Ðe Dzesi Le Biblia Gɔmeɖeɖe Sia Ŋu” kple “Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si” la dze le Megbenyawo me, eye wodzro mɔfiame siwo dzi míezɔ ɖo le gɔmeɖeɖe sia me kple nu siwo ɖe dzesi le gɔmeɖeɖe sia ŋu la dometɔ aɖewo me.

Ame siwo lɔ̃a Yehowa Mawu eye wosubɔnɛ la dina vevie be Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmeɖeɖe si sɔ pɛpɛpɛ eye egɔmesese le bɔbɔe la nasu yewo si. (1 Timoteo 2:4) Esia tae míetrɔ asi le gɔmeɖeɖe sia, si le Eʋegbe me, ŋu be wòanye míaƒe taɖodzinu si nye be míaɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me ale si wòanya wɔe la ƒe akpa aɖe. Míele gbe dom ɖa hele mɔ kpɔm be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe gɔmeɖeɖe sia naɖe vi na wò, nuxlẽla lɔlɔ̃a, esi nèle agbagba dzem be ‘yeadi Mawu eye yeake ɖe eŋu vavã.’—Dɔwɔwɔwo 17:27.

Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmiti

August 2014