Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Nyɔnu Siwo Nye Yehowa Ðasefowo Hã Nyea Mawunyagblɔlawoa?

Ðe Nyɔnu Siwo Nye Yehowa Ðasefowo Hã Nyea Mawunyagblɔlawoa?

 Ɛ̃. Mí Yehowa Ðasefowo katã míenye mawunyagblɔlawo alo subɔlawo, eye nyɔnu miliɔn geɖewo hã le mía me siwo wɔa dɔ sia. Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene la, “nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.”​—Psalmo 68:12.

 Nyɔnu siwo nye Yehowa Ðasefowo la srɔ̃a nyɔnu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe kpɔɖeŋu. (Lododowo 31:10-​31) Togbɔ be womenyea ŋgɔnɔlawo le hamea me o hã la, wokpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. Wofiaa Biblia wo viwo hã. (Lododowo 1:8) Nyɔnu siwo nye Ðasefowo la ɖoa kpɔɖeŋu nyui le nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me.​—Tito 2:​3-5.