Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Trɔa Woƒe Dzixɔse Aɖewo?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Trɔa Woƒe Dzixɔse Aɖewo?

 Biblia koŋ dzie míetu míaƒe dzixɔsewo ɖo, eya ta míetrɔa asi le míaƒe dzixɔsewo ŋu ne míegase Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe edzi. a

 Tɔtrɔ siawo wɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖose si le Lododowo 4:18, si gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli si nɔa kɔkɔm ɖe edzi va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.” Abe ale si ko ne ɣe dze wònana xexea me nɔa kɔkɔm vivivi ene la, Mawu nana nyateƒea me nɔa kɔkɔm ɖe edzi vivivi, le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. (1 Petro 1:​10-​12) Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene la, Mawu do tsɔtsɔe esia le “nuwuɣi” sia me.​—Daniel 12:4.

 Mele be tɔtrɔ siwo míewɔna le ale si míese Biblia gɔmee ŋu nawɔ nuku na mí loo alo aɖe fu na mí o. Susu totrowo kple mɔkpɔkpɔ dzodzrowo nɔ mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema hã si, eye eva hiã be woatrɔ asi le susu siawo ŋu.

 Mawu ɖɔ woƒe nugɔmesese mawo ɖo emegbe, eye míedoa gbe ɖa be wòawɔ nenema ke na míawo hã.​—Yakobo 1:5.

a Ne míetrɔ asi le ale si míese Biblia gɔmee ŋu la, mímedzea agbagba be míaɣla tɔtrɔ siawo o. Ke boŋ míetaa wo eye míeléa wo ɖe mɔ̃ dzi hã. Àte ŋu akpɔ esia ƒe kpɔɖeŋuwo ne èŋlɔ “Dzixɔsewo Ŋuti Numekɔkɔ” ɖe míaƒe Internet dzi agbalẽdzraɖoƒea ƒe nyadiƒe.