Dzo kpo yi emenuwo dzi

XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Yehowa Ðasefo Siwo Wolé De Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Le Dukɔ Vovovowo Me

Yehowa Ðasefo Siwo Wolé De Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Le Dukɔ Vovovowo Me

Yehowa Ðasefo siwo wode gaxɔ me le woƒe xɔse ta va de asi na February 2025

DUKƆ

GAXƆMENƆLA

NU SI TAE

Crimea

14

  • Subɔsubɔwɔnawo

Eritrea

67

  • Subɔsubɔwɔnawo

  • Womegblɔ susu si tae o

Russia

138

  • Subɔsubɔwɔnawo

Singapore

7

  • Wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta

South Korea

1

  • Wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta

Dukɔ Bubuwo

Wosɔ gbɔ wu 10

  • Subɔsubɔwɔnawo

Wo Katã

Wosɔ gbɔ wu 237

 

Le Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla ƒe Ðoɖo 18 lia ƒe nya nu la, “tamebubu, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe” nye amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe. a Gake le dukɔ aɖewo me la, woxɔ ablɔɖe vevi sia le Yehowa Ðasefowo si, eye woléa wo dea gaxɔ me madzemadzee wɔa fu wo vevie. Woƒe subɔsubɔwɔnawo dzaa ta koe woléa wo dometɔ geɖe ɖo. Wode bubuwo hã gaxɔ me le esi woƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woawɔ asrafodɔ o ta.

a Kpɔ United Nations Universal Declaration of Human Rights, Article 18 (l’article 18 de la Déclaration universelle des droits de l’homme), kple European Convention on Human Rights, Article 9 (l’article 9 de la Convention européenne des droits de l’homme).