SƆHƐWO BIANA BE
Nu Kae Mawɔ Ne Sukudede Medzɔa Dzi Nam O?
Nufiala aɖewo ƒe nya me sẽ. Sukuhatiwo ƒoa nya ɖe ame nu. Nufialawo ɖoa dodokpɔ sesẽwo eye wonaa dɔdeasi gbogbo aɖewo sukuviwo be woavae wɔ le aƒe me. Eya ta ne ègblɔ be sukudede medzɔa dzi na ye o la, tɔwò dzɔ. Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Rachel a gblɔ be:
“Melɔ̃ be mayi afi sia afi ne menya nye suku o ko. Ne sukue mayi la, ke mayi ƒuta kple xɔ̃nyewo gbɔ boŋ alo makpe ɖe dzinyelawo ŋu gɔ̃ hã míaɖa nu alo awɔ aƒemedɔ bubuwo!”
Ne wò kple Rachel ƒe susu sɔ le nya sia ŋu la, ke ɖewohĩ èkpɔa sukudede be enye gaxɔmenɔnɔ; eye ne yewu sukua nu la, ke efia be woɖe asi le ye ŋu le gaxɔa mee ma. Ðe nàte ŋu abu sukudede ŋu le mɔ bubu kura nua?
Ènyaa? Ne èkpɔnɛ be nu nyui aɖee sukudede nye la, mate ɖe dziwò be nàyi o eye mànɔ yiyim ko hã o. Elabe ènya be sukudede akpe ɖe ye ŋu be yeabi ɖe nanewo me eye nu mawo ava ɖe vi na ye ne yetsi.
Wò susu nenɔ nu vevi siwo gbɔna ŋu; woakpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be sukudede nyo elabe:
Àsrɔ̃ nu vevi aɖewo. Ne èdo vevie nusɔsrɔ̃ la, esia akpe ɖe ŋuwò be le etsɔme la ate ŋu akpɔ ta na kuxi siwo aɖe fu na wò le dɔme kple teƒe bubuwo. Esia awɔe be manɔ ŋu ɖom ɖe amewo ŋu ɣesiaɣi be woakpe ɖe ŋuwò o. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne sukudede medzɔa dzi nam o hã, nu nyui kawo srɔ̃m mele le suku siwo ava ɖe vi nam?’
Biblia ƒe mɔfiame: “Lé nunya vavãtɔ me ɖe asi eye nàdzɔ tamebubuŋutete ŋu.”—Lododowo 3:21.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe ku ɖe nya sia ŋu la, kpɔ nyati si nye “Nu Kae Mawɔ Ne Nyemele Agbagba Dzem Le Suku O?” Ele yevugbe me.
Nu nyui aɖewo wɔwɔ ava ma wò. Sukuɖoɖo siwo dzi miezɔna ɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàzã wò ɣeyiɣi nyuie, awɔ ɖoɖo ɖe wò nuwo ŋu eye nàdo vevie dɔ. Nɔnɔme siawo akpe ɖe ŋuwò ne èva tsi. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke ɖoɖo siwo dzi míezɔna ɖo le suku le kpekpem ɖe ŋunye be mawɔ ɖoɖo ɖe nye nuwo ŋu eye mawɔ nu siwo mewɔna la nyuie? Ðe magate ŋu adze agbagba le nu siawo me geɖe wua?’
Biblia ƒe mɔfiame: “Kutrikuku ɖe dɔwɔwɔ ŋu hea viɖe vanɛ.”—Lododowo 14:23.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe ku ɖe nya sia ŋu la, kpɔ nyati si nye “Aleke Mawɔ Nye Ɣeyiɣi Ŋu Dɔ Nyuie?”
Ànya ale si nàwɔ nu kple amewo. Ne èwɔa dɔ ɖekae kple wò sukuhatiwo la, akpe ɖe ŋuwò be nàsrɔ̃ ale si nàse veve ɖe ame nu kple ale si nàde bubu ame ŋu. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Joshua gblɔ be, “Ale si ŋutinya kple dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ le suku le vevie la, nenema kee ale si míaɖo dze kple amewo sɔsrɔ̃ hã le vevie. Ne èsrɔ̃e la, akpe ɖe ŋuwò le wò agbe me katã.” Bia ɖokuiwò be, ‘Nu kawoe mesrɔ̃ le suku siwo akpe ɖe ŋunye be mawɔ nu ɖekae kple amewo ne woƒe nɔnɔmewo alo dzixɔsewo to vovo na tɔnye hã?’
Biblia ƒe mɔfiame: “Miyi edzi mianɔ ŋutifafa me kple amewo katã.”—Hebritɔwo 12:14.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe ku ɖe nya sia ŋu la, kpɔ nyati si nye “Aleke Mawɔ Aɖo Dze Kple Amewo Nyuie Wu?” Ele yevugbe me.
Àwɔ ɖoɖo ɖe wò etsɔme ŋu. Sukudede ate ŋu ana nànya nu siwo me nèbi le, eye esia akpe ɖe ŋuwò be nàtia nu si nàdi be yeava wɔ le etsɔme. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Brooke gblɔ be: “Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò gɔ̃ hã be nànya dɔ si koŋ nàsrɔ̃ alo nu si koŋ nàsrɔ̃ le suku ale be ne èdo la, nàkpɔ dɔ. Nenemae mewɔe.” Bia ɖokuiwò be: ‘Dɔ kae madi be mawɔ atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi ne medo le suku? Nu kae mate ŋu asrɔ̃ le suku fifia si ava kpe ɖe ŋunye be mawɔ dɔ ma?’
Biblia ƒe mɔfiame: “Nya afi si yim nèle.”—Lododowo 4:26, Contemporary English Version
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.