Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?
Ale si Biblia ɖo eŋui
Ŋkɔ si le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia si le Helagbe me lae nye A·po·kaʹly·psis si gɔmee nye “Nukoklo le nu ŋu” alo “Nuɖeɖe ɖe go.” Esia ɖe gɔmesese si le ŋkɔ Nyaɖeɖefia ŋu la fia, elabe aklo nu le nya siwo le ɣaɣla la dzi eye wòaɖe nu siwo ava dzɔ le eŋɔŋlɔ megbe la ɖe go. Nyagblɔɖi siwo le eme dometɔ geɖe mekpɔ va eme o.
Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nya veviwo
Ŋgɔdonya.—Nyaɖeɖefia 1:1-9.
Gbedeasi si tso Yesu gbɔ na hame adreawo.—Nyaɖeɖefia 1:10–3:22.
Ŋutega si me Mawu nɔ eƒe fiazikpui dzi le dziƒo le.—Nyaɖeɖefia 4:1-11.
Ŋutega vovovowo, ɖe sia ɖe kplɔa ame yia esi kplɔe ɖo gbɔ:
Nutrenu adreawo.—Nyaɖeɖefia 5:1–8:6.
Kpẽ adre, esi woku etɔ̃ mamlɛawo la, fuwɔame etɔ̃ va.—Nyaɖeɖefia 8:7–14:20.
Kplu adre, fuwɔame si nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la le ɖe sia ɖe me, eye woakɔ wo ɖe anyigba la dzi.—Nyaɖeɖefia 15:1–16:21.
Ŋutega si me wotsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo le.—Nyaɖeɖefia 17:1–20:10.
Ŋutega siwo ku ɖe ale si Mawu ayra dziƒo kple anyigba la ŋu.—Nyaɖeɖefia 20:11–22:5.
Etaƒoƒo.—Nyaɖeɖefia 22:6-21.
Nu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò nàse Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme
Emenyawo ƒe gɔmesese ɖea vi na Mawu subɔlawo, menana be vɔvɔ̃ ɖoa wo alo ŋɔ dzia wo o. Togbɔ be ame geɖewo gblɔna be tsɔtsrɔ̃ ƒe nyawoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me hã la, le agbalẽa ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu la, wogblɔ be ame siwo xlẽa agbalẽ sia, sea emenyawo gɔme hewɔa wo dzi la akpɔ dzidzɔ.—Nyaɖeɖefia 1:3; 22:7.
Wozã “dzesiwo,” alo kpɔɖeŋu geɖewo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, eye mele be míase wo gɔme be nenemae wole ŋutɔŋutɔ o.—Nyaɖeɖefia 1:1.
Woƒo nu tso ame vevitɔwo, nu vevitɔwo kple dzesi siwo dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ŋu do ŋgɔ le Biblia ƒe akpa bubuwo:
Yehowa—eyae nye “Mawu vavã le dziƒo,” eyae nye nuwo katã Wɔla.—5 Mose 4:39; Psalmo 103:19; Nyaɖeɖefia 4:11; 15:3.
Yesu Kristo—“Mawu ƒe Alẽvi” la.—Yohanes 1:29; Nyaɖeɖefia 5:6; 14:1.
Satana Abosam—Mawu ƒe futɔ.— 1 Mose 3:14, 15; Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:9.
Babilon Gã—hã nye Mawu kple eƒe amewo ƒe futɔ, eye wònye aʋatsodzixɔsewo tsoƒe hã abe ale si ko wònɔ le blema Babilon (Babel) gome ene.—1 Mose 11:2-9; Yesaya 13:1, 11; Nyaɖeɖefia 17:4-6; 18:4, 20.
“Atsiaƒu”—amegbetɔ vɔ̃ɖi siwo tsi tre ɖe Mawu ŋu.— Yesaya 57:20; Nyaɖeɖefia 13:1; 21:1.
Avɔgbadɔ si nɔ anyi le blema si me wodea ta agu na Mawu le me nu siwo sɔ kple agbalẽ sia me nuwo—wo dometɔ aɖewoe nye nubablaɖaka, atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e ene (ze hena ŋutikɔklɔ), akaɖiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩ kple vɔsamlekpui.—2 Mose 25:10, 17, 18; 40:24-32; Nyaɖeɖefia 4:5, 6; 5:8; 8:3; 11:19.
Lã wɔadã la—si le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo.—Daniel 7:1-8, 17-26; Nyaɖeɖefia 13:2, 11; 17:3.
Xexlẽdzesi siwo wozã le kpɔɖeŋumɔ nu.—Nyaɖeɖefia 1:20; 8:13; 13:18; 21:16.
Ŋutegaawo ku ɖe “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke” la ŋu, eye ŋkeke sia dze egɔme esime woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me eye Yesu zu Fia dze dziɖuɖu gɔme. (Nyaɖeɖefia 1:10) Eya ta esɔ be míakpɔ mɔ be nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ƒe akpa gãtɔ nava eme le míaƒe ŋkekea me.
Ne míedi be míase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme la, míehiã nu siwo kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia ƒe akpa bubuwo gɔme la ke. Wo dometɔ aɖewoe nye nunya si tso Mawu gbɔ kple ame siwo se egɔme xoxo la ƒe kpekpeɖeŋu.—Dɔwɔwɔwo 8:26-39; Yakobo 1:5.