Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Left: Yasser Qudaih/Anadolu via Getty Images; right: RONALDO SCHEMIDT/AFP via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ɣekaɣi Koŋue Woadzudzɔ Aʋawo Wɔwɔ?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ɣekaɣi Koŋue Woadzudzɔ Aʋawo Wɔwɔ?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 “Fifiae wòle be woawɔ nane atsɔ alé aʋaa nu be magagblẽ nu fũu o. Fifiae wòle be amewo naɖu wo ɖokui dzi geɖe wu.” Nya siawoe Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔlagã António Guterres gblɔ tso ale si Iran vae dze Israel dzi le Memleɖa, April 13, 2024 ŋu.

 Menye Palestina nutowo me koe aʋa le dzɔdzɔm le o; ele edzi yim le xexea ƒe akpa vovovowo hã.

 “Ʋunyaʋunya siwo le edzi yim le xexea me egbea la sɔ gbɔ wu esiwo yi edzi tso esime Xexemeʋa Evelia ke, eye ele nu gblẽm le ame miliɔn akpe eve sɔŋ ŋu. Xexlẽme sia nye anyigbadzinɔlawo ƒe akpa ɖeka le ene me.”—United Nations Security Council, January 26, 2023.

 Dukɔ siwo me ʋunyaʋunyawo le edzi yim le la dometɔ aɖewoe nye Israel, Gaza, Syria, Azerbaijan, Ukraine, Sudan, Ethiopia, Niger, Myanmar kple Haiti. a

 Ɣekaɣi koŋue woadzudzɔ aʋawo wɔwɔ? Ðe xexea me dziɖulawo ate ŋu ahe ŋutifafa vɛa? Nya kae Biblia gblɔ?

Aʋawɔwɔ bɔ ɖe xexea me

 Ʋunyaʋunya siwo le edzi yim le xexea me godoo egbea la ɖee fia be madidi o aʋawɔwɔwo nu ayi. Aʋawɔwɔ siawo na Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu le eme vam. Biblia yɔ míaƒe ɣeyiɣia be “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mateo 24:3.

  •   “Miase aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo. . . . Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.”—Mateo 24:6, 7.

 Xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye ‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Alo ‘Nuwuɣi’ La Ƒe Dzesi?” be nàkpɔ ale si aʋa siwo le edzi yim egbea na Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam.

Aʋa si atsi aʋawɔwɔwo katã nu

 Biblia gblɔe ɖi be aʋawɔwɔwo nu ayi. Aleke esia adzɔe? Menye amegbetɔ aɖeke awɔe o, ke boŋ Armagedon, si nye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” ye atsi aʋawɔwɔwo katã nu. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Le aʋa sia megbe la, Mawu ana ŋugbe si wòdo na amegbetɔwo be woanɔ ŋutifafa me tegbee la nava eme.—Psalmo 37:10, 11, 29.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si Mawu ƒe aʋa sia atsi aʋawɔwɔwo katã nu ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?

a ACLED Conflict Index, “Ranking violent conflict levels across the world,” January 2024