Àte Ŋu Aɖu Tetekpɔ Dzi!
“Nyemeɖoe be makpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo hafi o. Gake esi meʋu Internet la, boblododo ƒe dzesi aɖe dze. Nyemenya ale si wòdzɔe o gake kasia makpɔ la, meʋui.”
—CODY. *
“Ðetugbui dzetugbe aɖe si le míaƒe dɔme la va nɔ ahiãmo ɖom nam. Gbe ɖeka, egblɔ nam be míayi amedzrodzeƒe ‘aɖaɖe modzaka vie.’ Menya nu si tututu dim wònɔ.”
—DYLAN.
“TETEKPƆ dzi ɖuɖu sesẽna nam wu nu sia nu.” Nya sia si ame geɖe gblɔna la ɖe ale si wobua tetekpɔe la fia
Ele eme be menye tetekpɔwo katãe hea kuxi sesẽwo vanɛ o. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔnɔme aɖe ƒoe ɖe nuwò nètso nya me be yemagaɖu akpɔnɔ vivi o hena ɣeyiɣi aɖe gake eva dzro wò vevie eye nèbe dzaa heɖu vi aɖe la, esia made wò agbe afɔku me kokoko o. Gake kɔɖiɖi na dzodzro aɖewo, vevietɔ esiwo kplɔa ame dea gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me la, tea ŋu gblẽa nu ŋutɔ. Biblia xlɔ̃ nu be: “Ame si wɔ ahasi . . . la, tagbɔ gbegblẽtɔ wònye; ame si le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nu sia tɔgbi.”
Ne agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔ aɖe dze ŋgɔwò la, nu kae wòle be nàwɔ? Biblia ɖo eŋu be: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu: be miazu ame siwo ŋu wokɔ, be miatsri agbe gbegblẽ nɔnɔ; be mia dome ame sia ame nanya ale si wòawɔ aɖu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi le kɔkɔenyenye kple bubu me.” (1 Tesalonikatɔwo 4:3, 4) Aleke nàwɔ asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu? Míadzro afɔɖeɖe etɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la me.
Afɔɖeɖe Gbãtɔ: Dzɔ Wò Ŋkuwo Ŋu
Ne míeléa ŋku ɖe nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me ŋu la, ana dzodzro vɔ̃wo nu nasẽ ɖe edzi le mía me. Esi wònye be kadodo le nu siwo míekpɔna kple nu siwo dzroa mí dome ta la, Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” Eyome Yesu wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe esi wògblɔ be: “Eya ta ne wò ɖusimeŋku ma le nukikli zum na wò la, hoe, eye nàtsɔe aƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu.” (Mateo 5:28, 29) Nufiame kae le Yesu ƒe nyaa me na mí? Be míaɖu tetekpɔ dzi la, ele be míaɖe ŋku ɖa enumake, ke menye be míayi edzi anɔ nu siwo anyɔ dzodzro vɔ̃wo ɖe mía me la kpɔm o.
Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be wò ŋku kli gbede gakpotrela ƒe dzo si le keklẽm sesĩe la. Ðe nàyi edzi anɔ ekpɔma? Gbeɖe! Àɖe ŋku ɖa enumake alo àtsɔ asi axe mo ale be nàkpɔ wò ŋkuwo ta. Nenema kee ne wò ŋku kli nu si nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, eɖanye le agbalẽ me, le kɔmpiuta alo television dzi, alo ame aɖe ɖe eɖokui ɖi o, ɖe ŋku ɖa enumake. Kpɔ wò susua ta be dzodzro mawo naganyɔ ɖe mewò o. Juan, si amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na tsã la, gblɔ be: “Zi geɖe la, ne mekpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe la, medina be makpɔe agakpɔe ake. Eya ta mezia ɖokuinye dzi ɖea ŋku ɖa, hegblɔna na ɖokuinye be: ‘Do gbe ɖa na Yehowa! Ehiã be nàdo gbe ɖa enumake!’ Ne medo gbe ɖa vɔ megbe kpuie ko la, dzodzroa nu tsina.”—Mateo 6:9, 13; 1 Korintotɔwo 10:13.
Ðo ŋku edzi be nuteƒewɔla Hiob hã gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbui ŋu?” (Hiob 31:1) Ðe manyo be wò hã nàɖo tame kplikpaa nenema ke oa?
Te mɔnu sia kpɔ: Ne wò ŋku kli nu si anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe mewò la, ɖe wò ŋku ɖa kaba. Srɔ̃ Biblia ŋlɔla si do gbe ɖa be, “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu” la, ƒe kpɔɖeŋu.
Afɔɖeɖe Evelia: Dzɔ Wò Tamesusu Ŋu
Esi mí katã míenye ame madeblibowo ta la, míewɔa avu kple dzodzro vɔ̃wo ɣeaɖewoɣi. Biblia gblɔ be: “Nu si tea ame sia ame kpɔ lae nye ye ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ, eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.” (Yakobo 1:14, 15) Aleke nàkpɔ ɖokuiwò ta be nàgage ɖe mɔ̃ vɔ̃ɖi ma si agblẽ nu le ŋuwò la me o?
Ne dzodzro vɔ̃wo nyɔ ɖe mewò la, ɖo ŋku edzi be àte ŋu atia ale si nàwɔ nui. Wɔ avu kple dzodzro mawo. Ðe wo ɖa le susu me. Ðu ɖokuiwò dzi be màganɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nuwɔnawo ŋu bum o. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Troy, si Internet dzi amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na tsã la gblɔ be: “Metsɔa susu ɖoa nu nyuiwo ŋu ale be mate ŋu adzudzɔ susu vɔ̃wo ŋu bubu. Menɔ bɔbɔe kura o. Tetekpɔa ɖu dzinye zi geɖe. Gake mlɔeba la, meva srɔ̃ ale si maɖu ɖokuinye dzi be maganɔ nu mawo ŋu bum o.” Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Elsa, si wɔ avu kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔwo esime wònye ɖetugbui la gblɔ be, “Mena nye ŋku biã ɖe Yehowa subɔsubɔ kple gbedodoɖa ŋu, si wɔe be mete ŋu dzudzɔ tamesusu vɔ̃wo ŋu bubu.”
Te mɔnu sia kpɔ: Ne èkpɔe be èva le gbɔdɔnuwɔnawo ŋu bum la, dzudzɔ enumake eye nàdo gbe ɖa. Wɔ avu kple tamesusu gbegblẽ mawo, eye nàna wò susu nanɔ “nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã ŋu wòhiã be woabu vevie, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le” la ŋu, eye “ne nɔnɔme nyui aɖe li, eye ne nane li si dze kafukafu la, [nɔ] nu siawo ŋu bum.”
Afɔɖeɖe Etɔ̃lia: Kpɔ Wò Zɔzɔme Dzi
Ne dzodzroa li, tetekpɔa do mo ɖa, eye mɔnukpɔkpɔ hã le ʋuʋu ɖi la, ɖokuidziɖuɖu menɔa bɔbɔe kura o. (Lododowo 7:6-23) Aleke nàwɔ aƒo asa na nɔnɔme sia?
Biblia ɖo aɖaŋu sia si me nunya le be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Eya ta lé ŋku ɖe wò zɔzɔme ŋu. Bu nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò ade kuxi me la ŋu do ŋgɔ, eye nàƒo asa na wo. (Lododowo 7:25) Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Filipe, si va ɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ si zu numame nɛ tsã dzi la gblɔ be: “Meda kɔmpiuta si ƒomea zãna la ɖe afi si ame sia ame ate ŋu akpɔe le, eye mena wotrɔ asi le eŋu be wòaxe mɔ na Internet dzi amamaɖeɖenuwɔnawo. Eye ne ƒomea me tɔ bubuwo li ko hafi mezãa Internet la.” Nenema kee Troy, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Meƒoa asa na film siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la kpɔkpɔ eye nyemenɔa ame siwo tsɔa gbɔdɔnyawo nɔa hatse kam la dome o. Nyemedi be made ɖokuinye afɔku me o.”
Te mɔnu sia kpɔ: Dzro ɖokuiwò me anukwaretɔe be nàde dzesi wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye wɔ ɖoɖo do ŋgɔ be nàƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò ade tetekpɔ me.
MÈGANA TA O!
Ke ne èle agbagba dzem kpem gake tetekpɔ gaɖu dziwò ɖe? Dzi megaɖe le ƒowò ale be nàna ta o! Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adre, eye wògafɔna.” (Lododowo 24:16) Ɛ̃, mía Fofo si le dziƒo la le dzi dem ƒo na mí be ‘míagafɔ.’ Ðe nàlɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu si wòdi be yeana wò lɔlɔ̃tɔe la? Ekema nɔ gbedodoɖa dzi nɛ, ɖeɖi megate ŋuwò o. Nɔ eƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi be nàdo ŋusẽ wò xɔse. Nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem be nàse dzideƒonya siwo akpe ɖe ŋuwò be màna ta o. Na Mawu ƒe ŋugbedodo sia nade dzi ƒo na wò, esi wògblɔ be: “Mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò.”
Cody, si ŋu nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la gblɔ be: “Avu kple kɔe wònye hafi meva dzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. Tetekpɔa ɖu dzinye zi geɖe, gake le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, meva ɖu numame sia dzi mlɔeba.” Dylan, si hã ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Anye ne mate ŋu anɔ agbe gbegblẽ kple nye dɔwɔhatia bɔbɔe hafi. Gake medo dzi gblɔ nɛ be ‘Ao!’ Dzidzeme bliboe wònyena ne dzitsinya nyui le ame si. Gawu la, menya be mena Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye.”
Ne èdze agbagba ɖu tetekpɔ dzi la, àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe wò hã ŋuwò!
^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.