Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Liƒowo Mede Mama Wo Dome O

Liƒowo Mede Mama Wo Dome O

Liƒowo Mede Mama Wo Dome O

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be mama aɖeke naganɔ yewo dome o. Nya siawo siwo Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mi katã la, nɔviwoe mienye” la nɔa susu me na wo ɣeawokatãɣi. (Mateo 23:8) Mina míatsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe tadeaguƒe eve aɖewo, siwo le Portugal kple Spain la, awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.

WOTSO du si woyɔna be Valença do Minho, si woɖo gli ƒo xlã, si le Portugal ƒe dziehe la le aʋaŋɔli. Gli sesẽ sia gogo Minho Tɔsisi si do liƒo na Spain kple Portugal. Spain ƒe du aɖe si woyɔna be Tui la le tɔsisia ƒe go kemɛ dzi, eye gbedoxɔ aɖe si wotu abe mɔ sesẽ ene la le du ma me. Ƒe alafa 17 lia me kee woɖo gli sesẽ sia si ma Tui kple Valença dome esime aʋa nɔ Spain kple Portugal dome.

Dukɔ evea siaa nye Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha la me tɔwo, eye tso ƒe 1995 me la, deawo tsotso tso dukɔ ɖeka me ayi ɖe ekemɛ me meganyea kuxi o. Gake be woana ɖekawɔwɔ nanɔ amewo dome bia nu geɖe wu detsotso ƒe mɔxeɖenuwo ɖeɖe ɖa ko. Ebia hã be amewo nawɔ ɖeka le susu kple dzi me. Xɔ kpokploe dzeani aɖe si le Valença la ɖe ale si wòanya wɔe be amewo nawɔ ɖeka la fia. Xɔ sia nye Yehowa Ðasefowo ƒe tadeaguƒe, si woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata. Akpata sia mee Ðasefo siwo doa Spaniagbe kple Portugalgbe la kpea ta le.

Ŋutinya sia dze egɔme tso ƒe 2001 me, esime wòva hiã be Ðasefo siwo le du si nye Tui me la nadi Fiaɖuƒe Akpata yeye. Xɔ si wohaya, si me wokpena le la do le wo si me, evɔ ga menɔ wo si be woatu akpata yeye o. Esi hamea melolo o ta la, ga si nɔ wo si la mede esi woatsɔ ahaya akpata yeye hã nu o. Esi Ðasefo siwo le Tui, siwo nye Spaintɔwo la dome medidi boo tso wo nɔvi Portugaltɔ siwo le Valença gbɔ o ta la, wobia ne anya wɔ be yewoazã woƒe akpata la kpli wo.

Nɔviŋutsu Eduardo Vila, si le Tui Hamea me le Spain la gblɔ be: “Míedzro biabia sia me le kpekpe aɖe si míewɔ le December 2001 me. Esi míewu kpekpea nu la, mekpɔe dze sii be Yehowa ʋã mía nɔvi Portugaltɔwo ƒe dzi. Wotsɔ nu geɖe sa vɔe hetu Fiaɖuƒe Akpata dzeani sia, eye esi wolɔ̃ faa be míazãe kpli yewo la, esia do ŋusẽ nye xɔse ŋutɔ.”

Nɔviŋutsu Américo Almeida, si nye Ðasefo Portugaltɔ, si hã nɔ kpekpe ma me la gblɔ be: “Míexɔ mía nɔvi Spaintɔ siwo di be yewoava zã míaƒe Fiaɖuƒe Akpata la alɔ eve. Míeka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe ɖoɖo sia dzi, eya ta mí katã míeda asi ɖe edzi.” Ðasefo siwo le dukɔ eve siawo ƒe dea ƒe akpa si kple akpa kemɛ la dome le vivim ŋutɔ. Paolo, si le Valença, gblɔ be: “Awɔ moya na amewo be míeganyana gɔ̃ hã be dukɔ vovovo mee míetso o. Nu si míenya koe nye be míenye nɔvi siwo wɔ ɖeka le tadedeagu me.”

Ne ège ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me la, nu siwo ahe wò susu la dometɔ ɖekae nye gaƒoɖokui eve siwo le glia ŋu; wonye ɖeka ŋugbewo, gake woƒe gamewo to vovo. Gameawo koe to vovo le Fiaɖuƒe Akpata la me, le esi Spain le ŋgɔ na Portugal gaƒoƒo ɖeka ta. Esi wòva hiã be woadzra akpataa ɖo la, Nuto Me Xɔtukɔmiti si le Spain lae kpɔ dɔa dzi, eye dɔwɔla siwo tso hame eveawo me la tsɔ dzidzɔ kple dzonɔameme wɔ dɔ ɖekae. Paolo gblɔ be: “Dɔnyala bibi geɖe tso Spain va, wo dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa 160 sɔŋ. Dɔ sia wɔwɔ ɖekae gado ŋusẽ lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le hame eveawo dome.”

Na míagakpɔ ale si dukɔwo dome liƒowo menye mɔxenu o la ƒe kpɔɖeŋu bubu.

Wowɔ Ðeka Le Bali Si Ma Amewo Dome La Me

Puigcerdá nye Spain ƒe du si do liƒo kple France. Du sia le Pyrenees to kɔkɔwo ƒe bali wɔnu aɖe me. Woyɔa bali bliboa be Cerdaña, eye Spain ƒe akpa aɖee wònye tsã. Gake le ƒe 1659 me la, Spain va ɖe asi le balia ƒe afã ŋu na France le Pyrenees Nubabla la wɔwɔ vɔ megbe.

Egbea, amewo tsoa France va ƒlea asi le Puigcerdá, si nye dugã si le nutoa me. Eye tso ƒe 1997 me la, Yehowa Ðasefo siwo le Puigcerdá hã lɔ̃ faa be yewo nɔvi siwo tso France la nazã Fiaɖuƒe Akpata la kpli yewo. Ƒe ma mee Ðasefo siwo le France ƒe nuto ma me la ɖe asi le akpata si wohaya la ŋu. Kuxi si wodo goe ye nye be, ne wodi be yewoayi Fiaɖuƒe Akpata bubu si tsɔ wo gbɔ wu la me le France la, abia be woanɔ ʋu me gaƒoƒo ɖeka hafi aɖo. Eye le vuvɔŋɔli la, sno xɔa to kɔkɔ siwo dzi wòle be woato la tame, si wɔnɛ be mɔa zɔzɔ gasesẽna ɖe edzi.

Esi Ðasefo siwo le France la ɖe woƒe kuxia dzi na wo nɔvi siwo le Spain be yewohiã tadeaguƒe aɖe kpata la, wolɔ̃ enumake be woazã yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata la kpli yewo. Ðasefo aɖe si le nutoa me, si ŋkɔe nye Prem, gblɔ be: “Edzɔ dzi na wo nɔvi Spaintɔwo katã be woava zã akpata la faa. Ne mato nyateƒe la, hehe si míexɔna ɣesiaɣi tsoa Ŋɔŋlɔawo me la gbɔe nɔnɔme nyui sia tso. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko megbe la, míete Fiaɖuƒe Akpataa zazã ɖe du, eye míele ezãm ɖekae ƒe 13 sɔŋ ye nye esia.”

Eric, si nye dzikpɔlawo dometɔ ɖeka le Fransegbe hamea me la gblɔ be: “Puigcerdá dua si me Fiaɖuƒe Akpataa le la sɔ na mí ŋutɔ. Megaɖoa ŋku ale si Spaniagbe hamea xɔ mí atuu la dzi kokoko. Woda seƒoƒo dzeani aɖe ɖe akpataa me hafi míeva ɖo, eye woŋlɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nɔviwo, miawoe zɔ kakaka!’”

Eric gagblɔ be: “Amewo susui be Fiaɖuƒe Akpata si do le mía si me le France la fia be hamea gbã. Gake ale si míeɖea gbeƒã edziedzi le nutoa me hemaa amekpegbalẽviwo na amewo be woatso dea ava kpekpeawo le Spain la na wokpɔe be menye ɖe hamea gbã kura o. Edzɔa dzi na ɖetsɔlemetɔwo be yewoava akpataa me le Spain. Azɔ hã, akpata ɖeka zazã kple mía nɔvi siwo doa Spaniagbe la gana míaƒe ɖekawɔwɔa me gasẽ ɖe edzi wu. Do ŋgɔ la, míenya be Spaniagbe hame aɖe le dea godo ya, gake míedoa go edziedzi o. Fifia si míekpɔa mía nɔewo edziedzi la, megawɔna na mí be míeɖe ɖe aga le bali sia me o.”

Ðe teƒe vovovo siwo wotso la he kuxi aɖewo vɛ na woa? Ðasefo Fransegbe dola aɖe si xɔ wu ƒe 80 la gblɔ be: “Esi mese be míade kpekpeawo le dea godo, le Spain la, metsi dzi vie. Gake ale si nɔvi siwo le Puigcerdá la xɔ míi, kple ale si wodze xɔlɔ̃ míi la na be tɔtrɔ sia meɖe fu aɖeke kura o. Ðe wòɖo kpe edzi boŋ be dukɔwo dome habɔbɔ aɖe si wɔ ɖeka mee Yehowa ƒe amewo le.”

Nu Si Dzi Ðekawɔwɔ Vavã Nɔ Te Ðo

Ame siwo ɖo Europa dukɔwo ƒe ɖekawɔhaa anyi la gblɔ be dukɔ siwo le ƒuƒoƒoa me la “ɖoe kplikpaa be yewoaɖo nu si ana ɖekawɔwɔ nanɔ Europa dukɔwo me tɔwo dome la anyi.” Mɔxeɖenuwo ɖeɖe ɖa le dukɔ vovovoawo ƒe dewo tsotso me le ƒe 1980 kple 1990 ƒe ƒeawo me la ƒe taɖodzinue nye be wòado tsɔtsɔe ɖekawɔwɔ sia. Gake nu si gahiãe nye be woaɖe vovototodede ame me si zu mɔxeɖenu hã ɖa le amewo ƒe susuwo me.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoaɖe nazãbubu ƒe susuwo hã ɖa. Wose egɔme be hadede kple ameƒomevi vovovowo hea viɖe geɖe vanɛ, eye be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.” (Dɔwɔwɔwo 10:34) Le woƒe dukɔwo dome takpekpewo kple Fiaɖuƒe Akpatawo me la, wokpɔa nya si Biblia gblɔ be, “aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!” la ƒe nyateƒenyenye teƒe. (Psalmo 133:1) Nɔvilɔlɔ̃ si Ðasefo siwo le Valença kple Puigcerdá ɖe fia wo nɔvi siwo le dukɔ siwo tsɔ ɖe wo gbɔ me la ɖo kpe nyateƒenya sia dzi.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

“Awɔ moya na amewo be míeganyana gɔ̃ hã be dukɔ vovovo mee míetso o. Nu si míenya koe nye be míenye nɔvi siwo wɔ ɖeka le tadedeagu me”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

“Dɔ sia wɔwɔ ɖekae gado ŋusẽ lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le hame eveawo dome”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

“Aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!” PSALMO 133:1

[Nɔnɔmetata si le axa 12, 13]

Tui kple Minho Tɔsisia ƒe foto si wotɔ ɖe Valença do Minho dua ƒe gliawo dzi ɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Fiaɖuƒe Akpata la dzadzraɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Pyrenees kple Cerdaña bali la

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Hamemetsitsi eve siwo tso hame eve siwo kpena le Puigcerdá Fiaɖuƒe Akpataa me la me—ɖeka nye Spaintɔ eye evelia nye Franseawo