Titina Amerika Ƒe Ta Gãtɔ Kekeake Me Kesinɔnuwo
Titina Amerika Ƒe Ta Gãtɔ Kekeake Me Kesinɔnuwo
TOGBƆ BE dukɔ sue aɖe koe Nicaragua nye hã la, afi mae Titina Amerika bliboa ƒe ta gãtɔ kekeake le—si woyɔna be Nicaragua Ta la. Eɖe dzesi ŋutɔ be ɖewohĩ Nicaragua Ta la koe nye ta si menye dzetsi o, si ko me woate ŋu akpɔ ƒumelã siwo nye agblolui, dayi, kple tarpon le. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔ edzi se be tsã la, ta sia nye ƒulɔgo si de nu Pasifik ƒu gã la me, gake emegbe dzoto aɖe ƒe wòwo va ɖee ɖe vovo wòzu ta. Esi ta la me tsiwo meganye dzetsi o la, lã siwo le eme la hã trɔ ɖe nɔnɔme yeyea ŋu.
Afi si ta sia, si ƒe didime nye kilometa 160, eye eƒe kekeme nye kilometa 70, le la na wokɔ wu atsiaƒu abe meta 30 lɔƒo ene. Ƒukpo siwo wu 400 sɔŋ ye le Nicaragua Ta la me, eye wo dometɔ siwo anɔ abe 300 ene la te ɖe wo nɔewo ŋu ƒo xlã Asese ƒukpo afã, si gogo Granada dua, si le ta la ƒe dzieheliƒoa dzi. Woyɔa wo be Granada ƒukpo suewo.
Ƒukpo si lolo wu le ta la me ƒe ŋkɔe nye Ometepe, si le eƒe titina lɔƒo. Ometepe Ƒukpo sia si didi kilometa 25 eye wòkeke kilometa 13 la, nye dzoto eve siwo ƒudomenyigba bíi aɖe tsiã ɖekae. Dzoto siawo dometɔ si nye Concepción, si kɔ wu la tame le tsuẽ wòɖe dzesi ŋutɔ, eye eƒe kɔkɔme nye meta 1,610 tso ta la ƒe sɔsɔme dzi. Enye dzoto si ate ŋu awó bɔbɔe eye wòɖe dzesi le ƒukpoa ƒe dziehe gome. Dzoto evelia si nye Madera, si meɖea wówo ƒe dzesi aɖeke fiana o la, kɔ meta 1,394. Gbewo mie vu tsyɔ dzoto sia keŋ eye tsi xa ɖe toa ƒe afi si nyé ɖe eme le etame hezu tɔgba.
Nicaragua Ta lae nye nu siwo doa dzidzɔ na modzakaɖetsaɖilawo le nutoa ŋu la dometɔ ɖeka. Woɖia tsa va kpɔa ale si wòdze ani le dzɔdzɔme nu la kpakple blemanu siwo gakpɔtɔ le afi ma. Gake Nicaragua Ta la me kesinɔnu bubu aɖewo gali.
Kɔƒenuto Si Le Tsi Dzi
Nu miemie kple lã ƒomevi geɖewo bɔ ɖe Granada ƒukpo sueawo dzi ŋutɔ. Seƒoƒo tɔxɛ dzeani geɖewo bɔ ɖe avedodo siwo xɔ ƒukpo siawo ƒe akpa gãtɔ keŋ la me. Xevi dzeani siwo nɔa tɔ to—abe ako ƒomeviwo, aŋɔɣiwo, akpowo, kple tsimese vovovowo ene—xɔa tɔawo to keŋ. Ʋayiʋayi ƒomevi aɖewo ƒe atɔ siwo wowɔ ɖe ati gãwo me le avedodoawo to la nɔa nyenyem segesege le ya fafɛ si ƒona tso ta la me la nu.
Amewo le ƒukpo sueawo dometɔ aɖewo dzi. Nutoa me tɔƒodelawo ƒe aƒewo kple kesinɔtɔwo ƒe kɔƒe siwo wotso hena mɔkekeɖuɖu la le
afi ma. Sukuwo, ameɖibɔwo, nuɖuɖudzraƒewo, kple ahanoƒewo hã le ƒukpo siawo dzi. Ƒukpohatsotso siawo dzena abe kɔƒenuto si le tsi dzi ene.Ŋdi sia ŋdi la, tɔdziʋu si wosi aŋɔ ɣi kple blɔtɔ na la tsoa ƒukpo ɖeka dzi yia bubu dzi nɔa ɖeviwo kɔm nɔa suku yim. Akro sue aɖe hã tsɔa atikutsetsewo kple amagbewo nɔa tsatsam tso ƒukpo sue ɖeka dzi yia bubu dzi be amewo naƒle. Gbe sia gbe la, ŋutsuwo nɔa woƒe ɖɔwo dzram ɖo eye nyɔnuwo nɔa nu nyãm le ta la to.
Yehowa Ðasefowo hã le dɔ dzi vevie le ƒukpo siawo dzi. Wonɔa tɔdziʋuwo me yia amewo gbɔ ɖagblɔa Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na wo. (Mateo 24:14) Ale si nutoa ƒe nɔnɔme le la he kuxi aɖe vɛ: Afi kae woakpe le asrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia la? Esi Ðasefoawo medi be ‘yewoagblẽ yewoƒe ƒuƒoƒe ɖi o,’ abe ale si Biblia gblɔe ene ta la, wodze agbagba to aɖaŋu aɖe vɛ—si nye Nicaragua ƒe Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ si wotu be wòate ŋu anɔ tsi dzi!—Hebritɔwo 10:25.
Fiaɖuƒe Akpata Si Wotu Be Wòanɔ Tsi Dzi
Atsu kple asi aɖe, siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo la, ʋu yi Granada ƒe ƒukpo sueawo dzi le November 2005 me. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe, esi wokpe nutoa me tɔwo be woava wɔ ɖeka kple yewo le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo me la, ewɔ nuku na wo be ame 76 sɔŋ ye va. Esia na srɔ̃tɔ siawo kpɔe be ehiã be yewoanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔm le nutoa me. Esi teƒe si woawɔ kpekpeawo le kpɔkpɔ sesẽ ta la, susu yeye aɖe va tame na ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela siawo. Wokpɔe be anyo be yewoatu Fiaɖuƒe Akpata aɖe si woate ŋu anɔ hehem le tsia dzi anɔ teƒe vovovo siwo ade ameawo dzi wu la yim hena kpekpeawo wɔwɔ.
Atsu kple asi dzeaɖaŋu siawo, siwo metu naneke si tea ŋu nɔa tsi dzi kpɔ o la, te aɖaŋudede tso Fiaɖuƒe Akpataa tutu ŋu. Woa kple ame ade bubuwo nɔ dɔ sia dzi hena ɣleti ɖeka. Woɖoe be kpekpewɔƒe sia nanye agbadɔ ƒomevi aɖe si ate ŋu anɔ tsi dzi. Woazã nugo gãgã 12, siwo me wode yae bene woate ŋu anɔ tsi dzi, siwo wotsɔ gatowo lé ɖe wo nɔewo ŋu. Woaɖo ati gbadza siwo keke la ɖe wo dzi, eye woatsɔ agbadɔvɔ titri aɖe agbae. Dɔa wɔlawo doa gbe ɖa ɖe dɔa ta zã sia zã le esi womeka ɖe edzi be akpata la ate ŋu anɔ tsia dzi o ta. Wokpɔ dzidzedze!
Woƒo dutoƒonuƒo gbãtɔ le Fiaɖuƒe Akpataa me le June 10, 2006 dzi. Esi ŋu ke la, wohe Akpataa le tsia dzi yi ɖe ƒukpohatsotsoa ƒe go kemɛa bene woagawɔ kpekpe ma ke le afi ma na ame bubuwo. Ame siwo va se nuƒoa le teƒe eveawo siaa ƒe xexlẽmee nye 48, togbɔ be ehiã be wo dometɔ aɖewo nazɔ afɔ ato ave me hena gaƒoƒo afã kple edzivɔwo hã. Wo katã wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ be tadeaguƒe le yewo ŋutɔ si!
Nu ɖedzesi aɖewo yia edzi ne wole kpekpewo wɔm le Fiaɖuƒe Akpata sia me. Ne nuƒolaa le nu ƒom la, nyaselawo te ŋu nɔa tsi siwo le sisim va le agakpewo lɔm la ƒe ɖiɖi kple fiewo ƒe xɔxlɔ̃ sem le adzɔge ɖaa. Eteƒe medidi o, ƒukpoawo dzi nɔlawo va nya nu tso akpataa ŋu nyuie. Ne wokpɔe wole ehem le tsia dzi tso teƒe ɖeka yina ɖe teƒe bubu la, wonɔa asi ʋuʋum na Ðasefoawo. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, ame 20 kple edzivɔwo va ƒoa ƒu le Fiaɖuƒe Akpata sia me hena hadede kple hati Kristotɔwo kpakple Biblia me nufiamewo xɔxɔ. Kesinɔnu ka gbegbee nye esi wònye!
Le Ometepe Ƒukpoa Dzi
Ometepe nye ƒukpo bubu si didi tso Granada gbɔ abe kilometa 50 ene le anyiehe gome. Ale si ƒukpo sia dze ani le dzɔdzɔme nu kple ale si eƒe anyigba wɔa nu la wɔe be edzinɔlawo sea vivi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, ƒukpo sia dzie wode dzesi be wote agbledede le le Nicaragua bliboa. Ame 42,000 lɔƒo, siwo nye tɔƒodelawo, bli, akɔɖu, kɔfi, kple nu bubuwo ƒe agbledelawo lae le Ometepe Ƒukpoa dzi egbea. Gbemelã geɖewo bɔ ɖe afi sia hã ŋutɔ. Ako geɖe siwo nɔa xɔxlɔ̃ dzi ɖaa, akpaviã ƒomevi aɖewo siwo lolo eye wokea woƒe fu siwo nɔa amadede ɣi kple blɔtɔ me ne wole dzodzom le atiwo me tom, kpakple fie mo ɣi siwo ƒe nu doa dzidzɔ na ame geɖewo ŋutɔ hã bɔ ɖe afi ma.
Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia gblɔlawo ɖea gbeƒã na Ometepe Ƒukpoa dzi nɔlawo hã. Tso ame enyi siwo xɔ nyɔnyrɔ le Ometepe le ƒe 1966 me dzi la, Ðasefowo va dzi ɖe edzi de ame 183, eye woma ɖe hame ene siwo le dzidzedze kpɔm nyuie la me. Fiaɖuƒe Akpata le hame ene siawo dometɔ ɖe sia ɖe si le teƒe siwo sɔ na wo nyuie. Egbea la, ƒukpoa dzi nɔla 1 le 230 ɖe sia ɖe me nye Ðasefo.
Yehowa Ðasefo siwo le Ometepe la to nɔnɔme sesẽ geɖewo me hena ƒe geɖe. Le kpɔɖeŋu me, tsitretsiɖeŋulawo va tɔ dzo Fiaɖuƒe Akpata si nɔ Mérida la le ƒe 1980 me. Wotu akpata bubu le ƒe 1984 me. Esiae wozã ʋuu va de asi na ƒe 2003 me, esime wova tu Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖe si dze ani ŋutɔ la na wo, eye esia do dzidzɔ na hamea me tɔ 60-awo ŋutɔ.
Le Moyogalpa la, wotrɔ asi le Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋu be woate ŋu azãe na kpekpe gãwo wɔwɔ ne ehiã. Wona zingli si wotsɔ gba akpataa la do ɖe megbe wòzu abe agbadɔ ene le xɔa godo, si te wowɔ nuƒolanɔƒe ɖo. Le nuƒolanɔƒea ŋgɔ la, wotu avɔgbadɔ siwo te woɖo zikpuiwo ɖo le akpataa godo. Afi siae Ðasefoawo kple wo xɔlɔ̃ siwo tsoa ƒukpo vovovoawo dzi la va ƒoa ƒu le tso ɣiyiɣi yi ɣeyiɣi hena takpekpewo wɔwɔ. Nicaragua Ta lae va zu tsi si sɔ nyuie ŋutɔ hena Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la yeyewo nyɔnyrɔ le takpekpe siawo wɔɣi.—Mateo 28:19.
Kesinɔnuawo—Ðe Woakpɔ Wo Ta?
Ðeko wòdzena abe Nicaragua Ta la anɔ anyi ɖaa ene, ɖewohĩ le ale si gbegbe wòkekee ta. Gake egbea la, ehiã be woakpɔ eta. Ale si agbledelawo kple adzɔnuwɔƒe gãwo zãa tsi siae kpakple ale si aŋgba kple gbeɖuɖɔwo tsoa avetsu siwo me wotso atiwo le me va kɔna ɖe tsia me la wɔe be eme tsiawo le miemiem.
Míenya haɖe ne nutoa me tɔwo kple dukɔa ƒe dziɖuɖu ava wɔ nane atsɔ aɖɔ nɔnɔmea ɖo o. Aleke kee wòɖale o, Wɔla la akpɔ egbɔ be anyigba la ƒe kesinɔnuwo, siwo dome ta dzeaniwo, ƒukpo siwo dzi agbenɔnɔ vivina le, kpakple gbemelã kple xe lédzinameawo le la, katã nanɔ dedie ahazu domenyinu na ameƒomea me tɔ toɖolawo. Biblia gblɔ na mí be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Fiaɖuƒe Akpata si me wokpena le le tsi dzi hesrɔ̃a Biblia