Wobu Wo Be Wodze Axɔ Fiaɖuƒe Aɖe
Wobu Wo Be Wodze Axɔ Fiaɖuƒe Aɖe
“Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ŋuti kpeɖodzi, si ana woabu mi be miedze na Mawu fiaɖuƒe . . . la.”—2 TES. 1:5.
1, 2. Tame kae Mawu ɖo ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, eye ame kae adrɔ̃ ʋɔnua?
LE ƑE 50 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo va Atene. Esi dzi kui ɖe ale si gbegbe legbawo bɔ ɖe dua me ŋu ta la, eɖi ɖase nyui aɖe na wo aɖaŋutɔe. Le eƒe ɖaseɖiɖia ƒe nuwuwu la, egblɔ nya aɖe si anya he nyasela trɔ̃subɔla mawo ƒe susu. Egblɔ be: “Azɔ la, [Mawu le] gbɔgblɔm na amegbetɔwo le afi sia afi be ele be wo katã woatrɔ dzi me. Elabena eɖo ŋkeke aɖe ɖi, si dzi wòɖo tame be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba dzi tɔwo katã le dzɔdzɔenyenye me to ŋutsu aɖe si wòɖo la dzi, eye wòna eŋuti kpeɖodzi amewo katã to efɔfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome me.”—Dɔw. 17:30, 31.
2 Ðe ale si Mawu ɖo ŋkeke aɖe si dzi wòadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea le etsɔ me la menye ŋkubiãnya ŋutɔ oa? Míenya be Yesu Kristo, si wofɔ ɖe tsitre, lae adrɔ̃ ʋɔnua, togbɔ be Paulo meyɔ eŋkɔ le eƒe nuƒoa me le Atene o hã. Agbe alo ku ye ado tso Yesu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a me na amewo.
3. Nu ka tae Yehowa bla nu kple Abraham, eye ame kae awɔ akpa vevi aɖe le nubabla sia me vava me?
3 Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke ma ƒe didime anye ƒe 1,000. Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, ye anɔ Yehowa teƒe akpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a dzi, gake menye eya ɖekae adrɔ̃ ʋɔnua o. Yehowa tia amewo tso amegbetɔwo dome be woaɖu fia kple Yesu ahadrɔ̃ ʋɔnu kplii le ŋkeke ma si ƒe didime anye ƒe akpe ɖeka la me. (Tsɔe sɔ kple Luka 22:29, 30.) Ƒe 4,000 kloe ye nye esi va yi la, Yehowa bla nu kple eƒe subɔla wɔnuteƒe Abraham wònye afɔɖeɖe gbãtɔ na Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke ma si ava va la. (Xlẽ 1 Mose 22:17, 18.) Edze ƒãa be, ƒe 1943 D.M.Ŋ. mee wowɔ nubabla ma. Nyateƒee, Abraham mete ŋu se nu si ava do tso nubabla ma me na ameƒomea la gɔme bliboe o. Gake míawo ya míese egɔme egbea be, le nubabla ma nu la, Abraham ƒe dzidzimevi la awɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo be yeadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo me.
4, 5. (a) Ame kae nye Abraham ƒe dzidzimevi la ƒe akpa vevitɔ, eye nya kae wògblɔ tso Fiaɖuƒea ŋu? (b) Ɣekaɣie Fiaɖuƒea me nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa va ʋu ɖi?
4 Yesu ye va nye Abraham ƒe dzidzimevi la ƒe akpa vevitɔ, ame si wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na le ƒe 29 M.Ŋ. me wòva zu Mesia si ŋugbe wodo la, alo Kristo. (Gal. 3:16) Yesu zã ƒe etɔ̃ kple afã siwo kplɔe ɖo la ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na Yudatɔwo. Esi wolé Yohanes Amenyrɔɖetsimela megbe la, Yesu ɖee fia be, ame bubuwo ate ŋu akpɔ mɔ na gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe ma me esi wògblɔ be: “Tso Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ŋkekeawo dzi va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe lae nye taɖodzinu si gbɔ amewo le ʋiʋlim le ta ɖomee, eye ame siwo le ʋiʋlim ɖe eŋu la ƒe asi le edzi sum.”—Mat. 11:12.
5 Enyo be míade dzesii be, do ŋgɔ teti hafi Yesu naƒo nu tso ame siwo ‘ƒe asi asu’ Dziƒofiaɖuƒea dzi ŋu la, egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke medo kpɔ, si nye gã wu Yohanes Amenyrɔɖetsimela o; gake ame si le sue le dziƒofiaɖuƒea me la nye gã wui.” (Mat. 11:11) Nu ka tae wòle nenema? Elabena Fiaɖuƒea me nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ meʋu ɖi na nuteƒewɔla aɖeke o, va se ɖe esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi hafi. Yohanes Amenyrɔɖetsimela ya ku do ŋgɔ na ɣemaɣi.—Dɔw. 2:1-4.
Mawu Bu Abraham Ƒe Dzidzimevia Be Ele Dzɔdzɔe
6, 7. (a) Mɔ ka nue Abraham ƒe dzidzimevi la ava zu abe “dziƒoɣletiviwo” ene le? (b) Aleke woyra Abraham, eye aleke woyra eƒe dzidzimevi la hã?
6 Wogblɔ na Abraham be, eƒe dzidzimevi la ava dzi ɖe edzi ahasɔ gbɔ “abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene.” (1 Mose 13:16; 22:17) Esia fia be, le Abraham ƒe ɣeyiɣia me la, ame aɖeke mate ŋu anya ame xexlẽme si ava ƒo ƒu anye dzidzimevi sia o. Gake wova ɖe ame xexlẽme si tututu aƒo ƒu anye eƒe dzidzimevi gbɔgbɔmetɔa la fia mlɔeba. Yesu kple ame 144,000 bubuwoe ƒo ƒu wɔ dzidzimevi sia.—Nyaɖ. 7:4; 14:1.
7 Mawu ƒe Nya la gblɔ le Abraham ƒe xɔse ŋu be: ‘Abraham xɔ Yehowa dzi se, eye wòbui dzɔdzɔenyenye nɛ.’ (1 Mose 15:5, 6) Enye nyateƒe be, amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe bliboe o. (Yak. 3:2) Ke hã, le xɔse ɖedzesi si nɔ Abraham si ta la, Yehowa wɔ nu ɖe eŋu abe ame dzɔdzɔe wònye ene, eye wòyɔe kura gɔ̃ hã be, ye xɔlɔ̃. (Yes. 41:8) Wobu ame siwo kpe ɖe Yesu ŋu nye Abraham ƒe dzidzimevi gbɔgbɔmetɔ la hã be wole dzɔdzɔe, eye esia na woyra wo geɖe wu Abraham kura gɔ̃ hã.
8. Yayra kae ame siwo nye Abraham ƒe dzidzimevi la akpɔ?
8 Wobua Kristotɔ amesiaminawo be wole dzɔdzɔe, elabena woɖenɛ fiana be, yewoxɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se. (Rom. 3:24, 28) Yehowa bua wo be nu vɔ̃ megale wo ŋu o, eye le esia ta woate ŋu atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe asi ami na wo be woazu Mawu ƒe vi gbɔgbɔmetɔwo kple Yesu Kristo nɔviwo. (Yoh. 1:12, 13) Wova ge ɖe nubabla yeye la me, eye wozu dukɔ yeye, si nye “Mawu ƒe Israel la.” (Gal. 6:16; Luka 22:20) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi! Le nu siawo, siwo Mawu wɔ na Kristotɔ amesiaminawo ta la, womele mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi o. Wotsɔ mɔnukpɔkpɔ ma sa vɔe ɖe dzidzɔ manyagblɔ si wònye na wo be, woakpe ɖe Yesu ŋu le Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi ahaɖu fia kplii le dziƒo la ta.—Xlẽ Romatɔwo 8:17.
9, 10. (a) Ɣekaɣie wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Kristotɔwo zi gbãtɔ, eye nu kae nɔ wo lalam? (b) Kpekpeɖeŋu kae wona Kristotɔ amesiaminawo?
9 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, mɔnukpɔkpɔ su nuteƒewɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si be, woanɔ ame siwo aɖu fia kple Yesu le Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la dome. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la 120 aɖewo, eye ale wova zu Kristotɔ amesiamina gbãtɔwo. Ke hã, gɔmedzedzea koe nye ema. Tso ɣemaɣi dzi yina la, ele be woaɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa afia le dodokpɔ ɖe sia ɖe si Satana ahe ava wo dzi la me. Ele be woanye nuteƒewɔlawo va se ɖe ku me ke hafi woaxɔ dziƒogbenɔnɔ ƒe fiakuku la.—10 Be esia nanya wɔ la, Yehowa na nuxlɔ̃ame kple dzideƒoname siwo Kristotɔ amesiaminawo hiã la wo to eƒe Nya la kple Kristo hamea dzi. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Tesalonika la be: “Abe ale si vifofo wɔna na viawo ene la, míeyi edzi xlɔ̃ nu mia dometɔ ɖe sia ɖe, eye míefa akɔ na mi hegbe nya na mi, bene miayi edzi azɔ ale si dze Mawu si le mia yɔm va eƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe gbɔ la.”—1 Tes. 2:11, 12.
11. Nuŋlɔɖi kae Yehowa na wowɔ na “Mawu ƒe Israel la” me tɔwo?
11 Le ƒe geɖe siwo kplɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la me tɔ gbãtɔwo tiatia ɖo me la, Yehowa kpɔe be, esɔ be yeana woawɔ Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa, kpakple ale si yewɔ nu ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ amesiaminawo ŋu kple aɖaŋu siwo yeɖo na wo la, ŋuti nuŋlɔɖi si anɔ anyi ɖaa la ɖi. Yehowa to esia dzi tsɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo va kpe ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo nɔ anyi xoxo, la ŋu. Ŋutilã me Israel koŋ ye woŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo na esime wonye dukɔ tɔxɛ na Mawu. “Mawu ƒe Israel la,” si nye ame siwo wosi ami na wonye Kristo nɔvi kple Mawu ƒe vi gbɔgbɔmetɔwo la, koŋ ye woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo na. Ke hã, ema mefia be Hebri Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ mate ŋu aɖe vi aɖeke na ame siwo menye Israel viwo o la o. Nenema kee Kristotɔ siwo wometsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na o la hã ate ŋu akpɔ viɖe geɖe tso Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eme nu la me.—Xlẽ 2 Timoteo 3:15-17.
12. Nu ka dzie Paulo ɖo ŋkui na Kristotɔ amesiaminawo?
12 Wobu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be wole dzɔdzɔe, eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo bene woate ŋu axɔ woƒe dziƒodomenyinu la. Amisisi na wo mefia be wozu fia ɖe wo nɔvi Kristotɔ amesiamina bubuwo dzi esime wokpɔtɔ le anyigba dzi o. Edze ƒãa be, Kristotɔ gbãtɔwo dometɔ aɖewo ŋlɔ nya sia be, eye wote nɔƒe gã didi le wo nɔewo dome le hamea me. Esia ta Paulo bia wo be: “Mieɖi ƒo xoxo, menye nenemae oa? Mienye kesinɔtɔwo xoxo, menye nenemae oa? Miete fiaɖuɖu xoxo míawo manɔmee, menye nenemae oa? Ɛ̃, ɖe madi ŋutɔŋutɔ be miate fiaɖuɖu xoxo, bene míawo hã míaɖu fia kpli mi hafi.” (1 Kor. 4:8) Eya ta Paulo ɖo ŋku edzi na amesiamina siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la be: “Menye be míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke boŋ míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ.”—2 Kor. 1:24.
Nana Be Xexlẽme Si Ŋu Nya Wogblɔ Ði La Nade
13. Aleke amesiaminawo yɔyɔ la va yii le ƒe 33 M.Ŋ. megbe?
13 Menye Kristotɔ amesiamina 144,000 la katãe wotia le ƒe alafa gbãtɔ me o. Wo yɔyɔ la yi edzi le apostoloawo ƒe anyinɔɣi katã, eye edze abe le ema megbe la, ame ʋɛ aɖewo ko tiam wova nɔ ene. Ke hã, tiatia la yi edzi le ƒe alafa siwo katã kplɔe ɖo la me va ɖo míaƒe ŋkekeawo me. (Mat. 28:20) Mlɔeba esi Yesu te fiaɖuɖu le ƒe 1914 me megbe la, nuwo va nɔ zɔ ɖem kabakaba.
14, 15. Nu kae dzɔ le míaƒe ŋkekea me le amesiaminawo yɔyɔ gome?
14 Gbã la, Yesu ɖe nu sia nu si tsi tsitre ɖe Nyaɖeɖefia 12:10, 12.) Emegbe etrɔ susu ɖe ame siwo ava nɔ eƒe Fiaɖuƒea me la me tɔ susɔeawo nu ƒoƒo ƒu ŋu, ale be woade 144,000. Kaka ƒe 1930-awo ƒe domedome naɖo la, ame siawo nu ƒoƒo ƒu ɖo eƒe nuwuwu kloe, eye ame siwo xɔ nya si wonɔ gbeƒã ɖemee la dometɔ geɖe gblɔ be dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ mele yewo si o. Gbɔgbɔa menɔ ɖase ɖim kpe ɖe wo ŋu be wonye Mawu ƒe viwo o. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 8:16.) Ke boŋ wogblɔ be yewole ‘alẽ bubuawo,’ siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi la, dome. (Yoh. 10:16) Esia tae tso ƒe 1935 megbe la, gbeƒãɖelawo trɔ susu ɖe “ameha gã aɖe,” si apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega me, siwo atsi agbe le “xaxa gã” la me la, nu ƒoƒo ƒu ŋu koŋ.—Nyaɖ. 7:9, 10, 14.
Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu la ɖa le dziƒo. (Xlẽ15 Ke hã, tso ƒe 1930-awo me la, wogava le ame ʋɛ aɖewo yɔm hena dziƒoyiyi. Nu ka tae? Le wo dometɔ aɖewo gome la, ate ŋu anye be, wotsɔ wo le ame aɖewo, siwo woyɔ tsã, gake womeyi edzi wɔ nuteƒe o la, ɖɔlim. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 3:16.) Paulo kura gɔ̃ hã ƒo nu tso eƒe ame nyanyɛ aɖewo, siwo gbe nyateƒea ŋuti. (Fp. 3:17-19) Ame kawoe Yehowa ayɔ atsɔ aɖɔli ame siawoe? Eya ŋutɔe awɔ nyametsotso ma ya. Ke hã, susu le eme be míabui be, menye ame siwo zu Kristotɔwo eteƒe medidi o ye wòayɔ o, ke boŋ ame siwo wɔ nuteƒe hena ɣeyiɣi didi aɖe lae wòayɔ—abe nusrɔ̃la siwo Yesu ƒo nu na esime wòɖo Ŋkuɖodzia anyi la ene. *—Luka 22:28.
16. Nu ka ŋue wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo le amesiaminawo ŋu, eye nu ka dzie míate ŋu axɔ ase kakaɖedzitɔe?
16 Ke hã, edze abe menye be woaɖɔli ame siwo ge la ta koe wole ame yeyewo yɔm hena dziƒoyiyi tso ƒe 1930-awo me o ene. Edze ƒãa be, Yehowa ŋutɔe di be, Kristotɔ amesiaminawo nanɔ mía dome le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo katã me, va se ɖe esime wotsrɔ̃ “Babilon Gã la.” * (Nyaɖ. 17:5) Eye míate ŋu aka ɖe edzi be, ame 144,000 la katã ƒe xexlẽmea ade le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi, eye be wo katã woava xɔ zi le Fiaɖuƒea me. Míate ŋu axɔ Nyagblɔɖinya la hã dzi ase, be ameha gã la ƒe ha bliboa anɔ dzidzim ɖe edzi, eye be ayi edzi awɔ nuteƒe. Eteƒe madidi o, ameha gã la ‘ado go tso xaxa gã’ si woahe ava Satana ƒe xexea dzi la me, eye wòatsɔ dzidzɔ age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me.
Esusɔ Vie Mawu Ƒe Dziƒofiaɖuƒea Me Nɔlawo Ƒe Xexlẽmea Nade!
17. Le 1 Tesalonikatɔwo 4:15-17 kple Nyaɖeɖefia 6:9-11 ƒe nya nu la, nu kae va eme na Kristotɔ amesiamina siwo ku nuteƒewɔwɔtɔe la?
17 Tso ƒe 33 M.Ŋ. me ke la, Kristotɔ amesiamina akpe geɖe ɖe xɔse sesẽ fia, eye wodo dzi 1 Tesalonikatɔwo 4:15-17; Nyaɖeɖefia 6:9-11.
nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe ku me. Wobu ame siawo xoxo be, wodze na Fiaɖuƒea xɔxɔ, eye edze ƒãa be wote teƒeɖoɖoa xɔxɔ tso Kristo ƒe anyinɔɣi ƒe gɔmedzedzea ke.—Xlẽ18. (a) Kakaɖedzi kae le amesiamina siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi la si? (b) Aleke alẽ bubuawo bua wo nɔvi Kristotɔ amesiaminawoe?
18 Amesiaminawo dometɔ siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la ka ɖe edzi bliboe be, ne yewoyi edzi wɔ nuteƒe la, woaɖo eteƒe na yewo kpuie. Alẽ bubu miliɔn geɖeawo léa ŋku ɖe wo nɔvi amesiaminawo ƒe xɔse ŋu, eye wolɔ̃na ɖe apostolo Paulo ƒe nya si wògblɔ tso nɔvi amesiamina siwo nɔ Tesalonika ŋu la dzi be: “[Enye] dada na mía ŋutɔwo hã le mia ta le Mawu ƒe hamewo dome, le dzidodo kple xɔse si mieɖena fiana le yometiti kple xaxa siwo katã me tom miele me la ta. Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ŋuti kpeɖodzi, si ana woabu mi be miedze na Mawu fiaɖuƒe, si ta miele fu kpem hã ɖo la.” (2 Tes. 1:3-5) Ne amesiamina mamlɛtɔ nya ku dzo le anyigba dzi ko la, ekema ame siwo aɖu dzi le Mawu ƒe dziƒofiaɖuƒea me la ƒe xexlẽmea nu ade keŋkeŋ, eɖanye ɣekaɣie wòanye o. Dzidzɔ kae nye esi wòanye, le dziƒo kple anyigba dzi siaa!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 15 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, March 1, 1992, axa 20, memama 17.
^ mm. 16 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le May 1, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Nu kae Mawu ɖe fia Abraham, si ku ɖe Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ŋu?
• Nu ka tae wobu Abraham be ele dzɔdzɔe?
• Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na Abraham ƒe dzidzimevi la le esi wobu wo be wole dzɔdzɔe ta?
• Kakaɖedzi kae le Kristotɔwo katã si?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woaʋli aɖo ta Fiaɖuƒea gbɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Yehowa te ame siwo aɖu fia kpe ɖe Abraham ƒe dzidzimevi la ƒe akpa vevitɔ ŋu la tiatia le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Dzi dzɔa alẽ bubuawo be, Kristotɔ amesiaminawo li kpli yewo le ŋkeke mamlɛawo me