“Mekpɔ Ŋudzedze Ðe Eƒe Tenɔnɔ Sesĩe Wɔnuku La Ŋu”
“Mekpɔ Ŋudzedze Ðe Eƒe Tenɔnɔ Sesĩe Wɔnuku La Ŋu”
GÜNTER GRASS, Germantɔ si xɔ Nobel Agbalẽŋlɔŋlɔ Nunana le ƒe 1999 me, ɖe agbalẽ aɖe ɖe go le ƒe 2006 me ku ɖe eƒe agbemeŋutinya ŋu. Le agbalẽ sia me la, eƒo nu tso ɣeyiɣi si me wolée sesẽe de Germanytɔwo ƒe dukɔmeviwo ƒe ametaʋliha me la ŋu. Le agbalẽ ma ke me la, eƒo nu tso ŋutsu aɖe ŋu. Ŋutsua ƒe nuwɔna wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be egblɔ be togbɔ be ƒe 60 aɖewoe nye esia hã la, yegaɖoa ŋku edzi kokoko. Enye ame aɖe si lé eƒe xɔse me ɖe asi sesĩe le yometiti me.
Le gbebiame aɖe si woɖe ɖe go le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Frankfurter Allgemeine Zeitung me me la, Grass ɖo ŋku ame tɔxɛ sia si gbe be yemakpla aʋawɔnuwo o la dzi. Grass gblɔ be ŋutsua “meda asi ɖe nufiafia siwo bɔ ɣemaɣi, eɖanye Nazitɔwo alo Kɔmiunisttɔwo loo alo Sosialistɔwo tɔ o dzi o. Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖekae wònye.” Grass megaɖo ŋku Ðasefoa ƒe ŋkɔ dzi o, ame si eya ŋutɔ ɖo ŋkɔ na be Míewɔa-nu-siawo-tɔgbi-o. Yehowa Ðasefowo ƒe numekulawo va kpɔe dze sii be ŋutsua ƒe ŋkɔe nye Joachim Alfermann. Woƒoe heɖi gbɔe enuenu, eye emegbe wodee ameɖekɛgaxɔ me. Gake Alfermann yi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi sesĩe eye wògbe be yemakpla aʋawɔnuwo o.
Grass gblɔ be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe tenɔnɔ sesĩe wɔnuku la ŋu.” “Mebia ɖokuinye se be: aleke wòate ŋu ado dzi le esiawo katã mee? Aleke wòwɔnɛ?” Esi Alfermann nɔ te ɖe agbagba siwo wodze ɣeyiɣi didi aɖe be woatsɔ agblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me nu vɔ la, wokplɔe yi Stutthof fuwɔamegaxɔ me le February 1944 me. Woɖe asi le eŋu le April 1945 me, etsi agbe le aʋa la me, eye wòyi edzi nye Yehowa Ðasefo wɔnuteƒe va se ɖe eƒe kugbe le ƒe 1998 me.
Alfermann nye Ðasefo 13,400—siwo nɔ Germany kple dukɔ siwo dzi Nazitɔwo ɖu me—siwo wohe to na ɖe woƒe xɔse ta la dometɔ ɖeka. Wowɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, womede akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o, eye womekpla aʋawɔnuwo hã o. (Mateo 26:52; Yohanes 18:36) Ɣemaɣi la, wode Ðasefo 4,200 fuwɔamegaxɔwo me eye wo dometɔ 1,490 bu woƒe agbe. Egbea gɔ̃ hã la, woƒe tenɔnɔ sesĩe wɔa dɔ ɖe ame geɖe siwo meda asi ɖe woƒe dzixɔsewo dzi o evɔ wokpɔa ŋudzedze ɖe woƒe tenɔnɔ ŋu la dzi vevie.
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Joachim Alfermann