Nuteƒewɔwɔ Na Kristo Kple Eƒe Dɔla Nuteƒewɔla La
Nuteƒewɔwɔ Na Kristo Kple Eƒe Dɔla Nuteƒewɔla La
“Eƒe aƒetɔ . . . aɖoe eƒe nunɔamesiwo katã nu.”—MATEO 24:45-47, NW.
1, 2. (a) Ame kae Ŋɔŋlɔawo ɖe fia be eyae nye míaƒe Kplɔla? (b) Nu kae ɖee fia be Kristo ŋutɔe le mɔ fiam Kristo hamea?
“WOMEGAYƆ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.” (Mateo 23:10) Yesu to nya sia dzi na eme kɔ na eyomedzelawo ƒãa be ame aɖeke manye woƒe kplɔla le anyigba dzi o. Kplɔla ɖeka hɔ̃ si anɔ wo si la anɔ dziƒo—eyae nye Yesu Kristo ŋutɔ. Mawue ɖo Yesu ɖoƒe sia. Yehowa ‘fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame, si nye eƒe ŋutilã la.’—Efesotɔwo 1:20-23.
2 Esi wònye wotsɔ Kristo ɖo ‘Ta na nuwo katã’ hena Kristo hamea ta la, ewɔa eƒe tanyenyea ŋu dɔ ɖe nu siwo katã yia edzi le hamea me la dzi. Naneke meyia edzi le hamea me le eƒe manyamanya me o. Eléa ŋku ɖe Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo alo hame ɖe sia ɖe ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme ŋu tsitotsito. Nyateƒenya sia dze ƒãa le nyaɖeɖefia si wotsɔ na apostolo Yohanes le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nunuwu la me. Yesu gblɔ na hame adre aɖewo zi atɔ̃ sɔŋ be yenya woƒe dɔwɔwɔwo, nu siwo me wobi ɖo kple esiwo me wogbɔdzɔ le, eye wòɖo aɖaŋu na wo hede dzi ƒo hã na wo ale si dze. (Nyaɖeɖefia 2:2, 9, 13, 19; 3:1, 8, 15) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Kristo nya hame bubu siwo le Asia Sue, Palestina, Syria, Babilonia, Hela, Italy kple teƒe bubuwo hã ƒe gbɔgbɔmenɔnɔmewo nyuie. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ke egbea ya ɖe?
Dɔla Nuteƒewɔla Aɖe
3. Nu ka tae wòsɔ nyuie be wotsɔ Kristo sɔ kple ta hetsɔ eƒe hamea sɔ kple ŋutilã?
3 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe kple do ŋgɔ teti na eƒe dziƒoyiyi le Fofoa gbɔ la, egblɔ na eƒe nusɔsrɔ̃lawo be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.” Egblɔ hã be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:18-20) Ayi edzi anɔ anyi kpli wo abe woƒe Ta ene anɔ wo kplɔm. Le lɛta siwo apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Efeso kple Kolose me la, etsɔ Kristo hamea sɔ kple “ŋutilã” si Kristo nye Ta na. (Efesotɔwo 1:22, 23; Kolosetɔwo 1:18) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia “ɖee fia be menye ɖeko wòle vevie be ɖekawɔwɔ nanɔ Ta la kple ŋutinuawo dome o, ke boŋ ele hã be Ta la nafia mɔ ŋutinuawo. Wonye Eƒe dɔwɔnuwo.” (The Cambridge Bible for Schools and Colleges) Amewo ƒe ƒuƒoƒo kae Kristo le zazãm abe dɔwɔnu ene tso esime wòxɔ Fiaɖuƒeŋusẽ le ƒe 1914 me?—Daniel 7:13, 14.
4. Abe ale si Maleaxi ƒe nyagblɔɖia gblɔe ene la, nu kae Yehowa kple Kristo Yesu va kpɔ esime wova lé ŋku ɖe kpɔɖeŋugbedoxɔa me?
4 Maleaxi ƒe nyagblɔɖia gblɔe ɖi be Yehowa, ‘Aƒetɔ vavã la’ akplɔ eƒe “nubabla ƒe dɔla,” si nye Via, Kristo Yesu, si wòɖo zi dzi eteƒe medidi o la ɖe asi ava lé ŋku ɖe Eƒe “gbedoxɔ” alo kpɔɖeŋutadeaguƒe ŋu hena ʋɔnudɔdrɔ̃. Edze ƒãa be “Azãgbe” si woɖo ɖi hena ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ Mawu ƒe aƒe’ la va ɖo le ƒe 1918 me. * (Maleaxi 3:1; Petro I, 4:17) Wodo ame siwo katã gblɔna be yewosubɔa Mawu le nyateƒe me le anyigba dzi la kpɔ ale si dze. Wogbe Kristodukɔa ƒe sɔlemeha siwo ƒo wo ɖokui ɖe nufiafia siwo ɖia gbɔ Mawu me hena ƒe alafa geɖe, eye wokpɔ gome le Xexemeʋa gbãtɔ ƒe ʋukɔkɔ ɖi me la keŋkeŋ. Wodo Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ƒe ame susue wɔnuteƒeawo kpɔ hekɔ wo ŋu abe ale si wotsɔa dzo lóloa nu tsɔ dzaa eŋui ene, eye wokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu wova zu ‘ame siwo saa vɔ le dzɔdzɔenyenye me’ na Yehowa.—Maleaxi 3:3.
5. Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe eƒe “anyinɔnɔ” ŋu la, ame kae va nye “dɔla” nuteƒewɔla la?
5 Le ɖekawɔwɔ me kple Maleaxi ƒe nyagblɔɖia la, dzesi ƒokpli si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wòakpe ɖe wo ŋu woade dzesi yeƒe “anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu” la lɔ dzesidede “dɔla” ƒe ƒuƒoƒo aɖe hã ɖe eme. Yesu gblɔ be: “Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã? Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe [nunɔamesiwo] katã dzi.” (Mateo 24:3, NW, 45-47) Esi Kristo ‘va’ le ƒe 1918 me be yealé ŋku ɖe ‘dɔlaa’ ŋu la, ekpɔ nusrɔ̃la wɔnuteƒe siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ƒe ame susue aɖewo, ame siwo toa magazine sia kple Biblia srɔ̃gbalẽ bubuwo dzi naa ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ tso keke ƒe 1879 me ke. Ekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu hexɔ wo abe eƒe dɔwɔnu, alo eƒe “dɔla” ene, eye wòtsɔ eƒe nunɔamesiwo katã ɖo eƒe dzikpɔkpɔ te le ƒe 1919 me.
Kristo Ƒe Anyigbadzinunɔamesiwo Dzikpɔkpɔ
6, 7. (a) Mɔ bubu ka nue Yesu ƒo nu tso eƒe “dɔla” nuteƒewɔlaa ŋu le? (b) Nu kae nya “aƒedzikpɔla” si Yesu zã la fia?
6 Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ hafi Yesu nagblɔ eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi, si me dzesidede “dɔla” aɖe si anɔ eyama teƒe le anyigba dzi hã le ŋu nya ɖi la, eƒo nu tso “dɔla” sia ŋu le mɔ bubu aɖe nu, si na numekɔkɔ mí le dɔla la ƒe agbanɔamedziwo ŋu. Yesu gblɔ be: “Ame ka tututue nye aƒedzikpɔla nuteƒewɔla, si dze aɖaŋu, si eƒe aƒetɔ aɖo eƒe subɔviwo nu, be wòanɔ nuɖuɖu si asu na wo la nam wo ɣesiaɣi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be: Atsɔe aɖo eƒe nunɔamesiwo katã nu.”—Luka 12:42, 44, NW.
7 Le afi sia la, woyɔ dɔla la be aƒedzikpɔla. Woɖe nya sia tso Helagbe me nya si fia “hlɔ̃metsitsi alo ame si kpɔa aƒekɔ alo aƒe dzi” me. Menye agbalẽnyalawo ƒe ƒuƒoƒo dzro aɖe, si anɔ Biblia me nya veviwo me ɖem koe ame siwo ƒo ƒu nye aƒedzikpɔla sia la anye o. Tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu tuameɖowo nana le “ɣeyiɣi nyuitɔ dzi” ŋu la, woatsɔ “aƒedzikpɔla nuteƒewɔla” sia aɖo Kristo ƒe subɔviwo katã nu eye woatsɔ Kristo ƒe anyigba dzi “nunɔamesiwo katã” dzikpɔkpɔ ade asi nɛ. Nu kawoe nye Kristo ƒe nunɔamesiawo?
8, 9. ‘Nunɔamesi’ kawo dzikpɔkpɔe wotsɔ de asi na dɔla la?
8 Dɔla la ƒe agbanɔamedziwo lɔ dɔwɔƒewo kple takpeƒe siwo Kristo yomedzelawo zãna le woƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me, siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã kple alɔdzedɔwɔƒewo, kpakple woƒe tadeaguƒewo, siwo nye Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo, siwo le xexea me godoo la dzikpɔkpɔ ɖe eme. Nu si le vevie wue nye be dɔla la kpɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia sɔsrɔ̃ kpakple takpekpe suewo kple gãwo ƒe ɖoɖo siwo tua ame ɖo le gbɔgbɔ me la dzi. Le kpekpe siawo me la, wodzroa Biblia me nyagblɔɖi siwo le eme vam la me, eye wonana mɔfiame siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi le ale si míawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me la hã ŋu.
9 Aƒedzikpɔlaa ƒe agbanɔamedziwo lɔ dɔ vevitɔ kekeake si nye gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia” kple ‘dukɔwo katã me tɔwo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe’ la dzikpɔkpɔ ɖe eme. Esia lɔ nufiafia amewo be woawɔ nu siwo katã ƒe se Kristo, ame si nye hamea ƒe Ta la, de be woawɔ le nuwuɣi sia me dzikpɔkpɔ hã ɖe eme. (Mateo 24:14; 28:19, 20, NW; Nyaɖeɖefia 12:17) Gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ sia na woƒo amesiamina susɔeawo ƒe zɔhɛ “ameha gã” wɔnuteƒe aɖe nu ƒu. Ðikeke mele eme o be wobua ame siawo siwo nye “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ” la ɖe Kristo ƒe ‘nunɔamesi’ vevi siwo dzi kpɔm dɔla nuteƒewɔlaa le la dome.—Nyaɖeɖefia 7:9; Xagai 2:7.
Dziɖuha Aɖe Le Dɔla Nuteƒewɔla La Teƒe
10. Amewo ƒe ƒuƒoƒo kae nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me si wɔa nyatsotsowo le nyawo gbɔkpɔkpɔ me, eye aleke nyatsotsoawo ɖe vi na hameawoe?
10 Eme kɔ ƒãa be agbanɔamedzi gã siwo le dɔla nuteƒewɔlaa dzi la abia nyametsotso geɖewo wɔwɔ. Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo ƒe hamea me la, apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem lae nɔ dɔla ƒe ha la teƒe hewɔa nyametsotsowo na Kristo hame bliboa katã. (Dɔwɔwɔwo 15:1, 2) Ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuhaa toa lɛtawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo dzi ɖoa nyametsotso siwo wowɔ la ɖe hameawo. Kristotɔ gbãtɔwo xɔ mɔfiame siawo siwo me kɔ la dzidzɔtɔe, eye ale si wolɔ̃ faa wɔ nu aduadu kple dziɖuha la na be ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nɔ wo dome.—Dɔwɔwɔwo 15:22-31; 16:4, 5; Filipitɔwo 2:2.
11. Ame kawo zãm Kristo le egbea tsɔ le mɔ fiam eƒe hamea, eye aleke wòle be míabu Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo siae?
Nyaɖeɖefia 1:16, 20) Albert Schroeder, si nye Dziɖuhaa me tɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe, si wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu nyitsɔ laa la, ŋlɔ le eƒe agbemeŋutinya me be: “Dziɖuhaa kpea ta Kuɖa sia Kuɖa, wodzea kpekpea gɔme kple gbedodoɖa hebiaa Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia. Wodzea agbagba vevie be yewoakpɔ nya sia nya gbɔ eye be nyametsotso ɖe sia ɖe si yewoawɔ nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya, Biblia la.” * Míate ŋu aka ɖe Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒe siawo dzi. Vevietɔ ku ɖe woamawo ŋu la, ele be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe sedede sia dzi be: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm.”—Hebritɔwo 13:17, NW.
11 Abe ale si wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli ene la, dzikpɔla siwo nye amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖee nye Kristo yomedzelawo ƒe Dziɖuha le anyigba dzi egbea. Kristo si nye Ta na hamea la toa eƒe dziɖuŋusẽ ƒe “nuɖusi” dzi fiaa mɔ ŋutsu nuteƒewɔla siawo le woƒe Fiaɖuƒedɔa dzikpɔkpɔ me. (Bubu Si Dze Dede Dɔla Nuteƒewɔla La Ŋu
12, 13. Ŋɔŋlɔawo me susu kawo tae wòle be míade bubu dɔla ƒe ha la ŋu?
12 Susu vevi si tae wòle be míatsɔ bubu si dze anɔ dɔla nuteƒewɔla la namee nye be, le nyateƒe me la, míetoa esia wɔwɔ me tsɔa bubu si dze la nɔa Aƒetɔ, Yesu Kristo nam. Paulo ŋlɔ bena: “Amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi. Asi sesẽe miexɔ.” (Korintotɔwo I, 7:22, 23; Efesotɔwo 6:6) Eya ta ne míebɔbɔa mía ɖokui ɖe dɔla nuteƒewɔla la kple eƒe Dziɖuhaa ƒe mɔfiafia te nuteƒewɔwɔtɔe la, efia be míele mía ɖokui bɔbɔm ɖe Kristo, ame si nye dɔlaa ƒe Aƒetɔ la te. Bubu si dze tsɔtsɔ na ame siwo zãm Kristo le abe dɔwɔnu ene tsɔ le eƒe anyigbadzinunɔamesiwo dzi kpɔm la nye mɔ ɖeka si dzi míetona “[lɔ̃na] ɖe edzi kɔte be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.”—Filipitɔwo 2:11, NW.
13 Ŋɔŋlɔawo me susu bubu si tae wòle be míade bubu dɔla nuteƒewɔlaa ŋue nye ale si woƒo nu tso Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be wonye “gbedoxɔ” si me Yehowa nɔna to eƒe ‘gbɔgbɔa’ dzi. Esia fia be wole “kɔkɔe.” (Korintotɔwo I, 3:16, 17; Efesotɔwo 2:19-22) Gbedoxɔ kɔkɔe ƒe ha sia sie Yesu tsɔ eƒe anyigbadzinunɔamesiwo dzikpɔkpɔ de, si fia be gomenɔamesi kple agbanɔamedzi aɖewo le Kristo hamea me siwo kpɔ ame siwo ƒo ƒu nye dɔla sia la ɖeɖe ko ƒe ŋku me. Le susu sia ta la, hamea me tɔwo katã kpɔe be enye yewoƒe agbanɔamedzi kɔkɔe be yewoawɔ ɖe mɔfiafia siwo tsoa dɔla nuteƒewɔla la kple eƒe Dziɖuhaa gbɔ la dzi ahalé wo me ɖe asi. Le nyateƒe me la, ‘alẽ bubuawo’ bunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe na yewo be yewoado alɔ dɔla ƒe ha la le eƒe Aƒetɔa ƒe nunɔamesiwo dzikpɔkpɔ me.—Yohanes 10:16.
Kpekpeɖeŋunana Dɔla Ƒe Ha La Nuteƒewɔwɔtɔe
14. Abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene la, alekee alẽ bubuawo dzea dɔla ƒe ha si wosi ami na la yome hesubɔna abe “dɔwɔla siwo womexea fe na o” la ene?
14 Yesaya gblɔ alẽ bubuawo ƒe ɖokuibɔbɔ tso dzime na gbɔgbɔ me Israel ƒe amesiaminawo le nyagblɔɖi me be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe [dɔwɔla siwo womexea fe na o, NW] Kus kple [Sebatɔwo ƒe asitsala, NW] ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woanɔ ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubu aɖeke megali o.” (Yesaya 45:14) Egbea, alẽ bubuawo dzea dɔla ƒe ha si wosi ami na la kple eƒe Dziɖuhaa yome, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, hewɔna ɖe woƒe mɔfiafiawo dzi. Abe “dɔwɔla siwo womexea fe na o” ene la, alẽ bubuawo zãa woƒe ŋusẽ kple nunɔamesiwo tsɔ doa alɔ xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si Kristo de asi na eyomedzela amesiaminawo le anyigba dzi.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Nyaɖeɖefia 12:17.
15. Aleke nyagblɔɖi si le Yesaya 61:5, 6 gblɔ ƒomedodo si le alẽ bubuawo kple gbɔgbɔ me Israel dome la ɖii?
15 Alẽ bubuawo tsɔa dzidzɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ subɔa Yehowa le dɔla ƒe haa kple eƒe Dziɖuhaa ƒe dzikpɔkpɔ te. Wobuna amesiaminawo be wonye “Mawu ƒe Israel la” me tɔwo. (Galatiatɔwo 6:16) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wonye “du bubu me tɔwo” kple ‘amedzro vi’ siwo wɔ ɖeka kple gbɔgbɔ me Israel hesubɔna abe “agbledelawo” kple “weingbledelawo” ene le amesiamina, siwo nye “Yehowa ƒe nunɔlawo,” kple “mía Mawu ƒe subɔlawo” ƒe mɔfiafia te. (Yesaya 61:5, 6) Wokpɔa gome le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia kple dukɔwo katã me tɔwo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe ƒe dɔa me dzonɔamemetɔe. Wonaa kpekpeɖeŋu dɔla ƒe haa le alẽkpɔkplɔdɔa kple ame yeye siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo la nyinyi me tso dzi blibo me.
16. Nu kae ʋãa alẽ bubuawo wokpena ɖe dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe?
16 Alẽ bubuawo kpɔe be dɔla nuteƒewɔlaa ƒe veviedodonu le gbɔgbɔmenuɖuɖunana yewo le ɣeyiɣi nyui dzi ɖea vi na yewo ŋutɔ. Wolɔ̃na ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be ne menye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ye o la, anye ne yewomanya naneke tso Biblia me nyateƒe veviwo, abe Yehowa ƒe dziɖulanyenye, eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, Fiaɖuƒea, dziƒo yeye kple anyigba yeye la, luʋɔ, nɔnɔme si me ame kukuwo le, kpakple sidzedze vavãtɔ ku ɖe Yehowa, Via, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu ene ŋu o. Nuteƒewɔwɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ʋãa alẽ bubuawo wokpena ɖe Kristo ‘nɔvi’ amesiamina siwo le anyigba dzi le nuwuɣi sia me la ŋu lɔlɔ̃tɔe.—Mateo 25:40.
17. Nu kae Dziɖuhaa kpɔ be ehiã vevie be yeawɔ, eye nu ka mee míava dzro le nyati si kplɔe ɖo me?
17 Esi amesiaminawo ƒe agbɔsɔsɔme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ ta la, womate ŋu anɔ hamewo katã me hafi anɔ Kristo ƒe nunɔamesiwo katã dzi kpɔm o. Esia wɔe be Dziɖuhaa ɖo ŋutsu aɖewo dzikpɔlawoe le alẽ bubuawo dome be woakpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo, nutome gãwo, nutome suewo, kple hamewo dzi. Ðe nɔnɔme si míeɖena fiana ɖe alẽkplɔlatevi siawo ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuteƒewɔwɔ na Kristo kple eƒe dɔla nuteƒewɔlaa dzia? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 4 Ne èdi numeɖeɖe deto ku ɖe nyati sia ŋu la, kpɔ March 1, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 13-18, kple December 1, 1992 tɔ, axa 13.
^ mm. 11 Eƒe agbemeŋutinyaa dze le March 1, 1988 ƒe Gbetakpɔxɔ Yevugbe me tɔ, axa 10-17 me.
Numetoto
• Ame kae nye míaƒe Kplɔla, eye nu kae ɖee fia be nu siwo katã yia edzi le hameawo me la le nyanya nɛ?
• Esi wova lé ŋku ɖe ‘gbedoxɔa’ me la, ame kawoe wokpɔ wonɔ subɔsubɔm abe dɔla nuteƒewɔla ene, eye nunɔamesi kawoe wotsɔ de wo si?
• Ŋɔŋlɔawo me susu kawo tae wòle be míana kpekpeɖeŋu dɔla nuteƒewɔlaa nuteƒewɔwɔtɔe?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
‘Nunɔamesi’ siwo dzi “aƒedzikpɔla” la kpɔnae nye dɔwɔƒewo kple takpeƒewo, ɖoɖo siwo tua ame ɖo le gbɔgbɔ me, kple gbeƒãɖeɖedɔa
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Ame siwo nye alẽ bubuawo naa kpekpeɖeŋu dɔla nuteƒewɔla ƒe haa to gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe me