Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Gbãtɔ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Gbãtɔ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Gbãtɔ Me

ŊKƆ kae asɔ nyuie be woayɔ na Biblia-gbalẽ aɖe si ƒe akpa gãtɔ me wokafu mía Wɔla, Yehowa Mawu le? Ŋkɔ bubu aɖeke masɔ wu Psalmowo, si gɔmee nye Kafukafuwo o. Ha vivi siwo he susu yi Mawu ƒe nɔnɔme nyuiawo kple ŋusẽdɔ siwo wòwɔ dzi, kpakple nyagblɔɖi geɖe, ye le Biblia-gbalẽ sia si didi wu ɖesiaɖe la me. Haawo dometɔ akpa gãtɔ ɖe seselelãme si nɔ wo kpalawo si esime wonɔ fukpekpewo me tom la fia. Nusiwo dzɔ le ƒe akpe ɖeka kloe sɔŋ me ŋue nya siawo ku ɖo—tso nyagblɔɖila Mose ƒe ŋkekeawo me vaseɖe tɔtrɔ gbɔ tso aboyo me megbe. Psalmowo ƒe agbalẽa ŋlɔlawoe nye Mose, Fia Dawid, kple ame bubuwo. Wogblɔna be Ezra ye va ɖo agbalẽa me nyawo ɖe ɖoɖo si nu wole fifia nu.

Tso gbaɖegbe ke la, woma Psalmowo ƒe agbalẽa ɖe hadzidziwo ƒe ƒuƒoƒo alo akpa atɔ̃ me: (1) Psalmowo 1-41; (2) Psalmowo 42-72; (3) Psalmowo 73-89; (4) Psalmowo 90-106; kple (5) Psalmowo 107-150. Akpa gbãtɔa mee míadzro le nyati sia me. Wogblɔ be Dawid, amesi ɖu fia le blema Israel, lae kpa Psalmowo ƒe akpa gbãtɔ sia me hawo katã, negbe wo dometɔ etɔ̃ ko. Míenya amesiwo kpa Psalmo 1, 10, kple 33 ya o.

‘NYE MAWUE NYE NYE AGAKPE’

(Psalmo 1:1–24:10)

Esi psalmo gbãtɔ gblɔ be dzidzɔ vavãtɔ sua amesi kpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe sea ŋu si vɔ la, psalmo evelia ƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu tẽ. * Psalmo siawo ƒe akpa gãtɔ nye kokoƒoƒo na Mawu. Le kpɔɖeŋu me, Psalmowo 3-5, 7, 12, 13, kple 17 nye kuku siwo amewo ɖe na Mawu be wòaɖe yewo tso futɔwo si me. Psalmo 8 lia ɖe vovototo si le Yehowa ƒe gãnyenye kple amegbetɔwo ƒe numaɖinunyenye dome fia.

Dawid yɔ Yehowa be enye eƒe amewo Takpɔla hedzi ha be: “Mawu, nye aga, si mesi tso.” (Psalmo 18:3) Wokafu Yehowa be eyae nye Wɔla kple Senala le Psalmo 19 lia, be eyae nye Ðela le Psalmo 20 lia, eye be eyae nye Fia si wòsi ami na la Ðela le Psalmo 21 lia. Psalmo 23 lia gblɔ be enye Alẽkplɔla Gãtɔ, eye Psalmo 24 lia gblɔ tso eŋu be enye Fia bubutɔ.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:1, 2—‘Tame dzodzro’ kae dukɔwo yi edzi le bubum? ‘Tame dzodzro’ mae nye alesi amegbetɔ dziɖulawo yi edzi le agbagba dzem atraɖii le alesi woana woƒe dziɖuɖuwo nanɔ anyi ɖaae ŋu. Enye tamebubu dzodzro elabena madze edzi gbeɖe o. Ðe dukɔwo ate ŋu akpɔ mɔ be yewoakpɔ dzidzedze esi wònye “Yehowa kple eƒe amesiamina” la ŋue wotsi tre ɖoa?

2:7—Nukae nye Yehowa ƒe “tameɖoɖo la”? Tameɖoɖo siae nye Fiaɖuƒea ƒe nubabla si Yehowa wɔ kple Via lɔlɔ̃a, Yesu Kristo.—Luka 22:28, 29.

2:12—Gɔmesese ka nue wòle be dukɔwo ƒe dziɖulawo ‘nagbugbɔ nu na via le’? Le Biblia ŋlɔɣi la, wogbugbɔa nu na ame tsɔ ɖea xɔlɔ̃wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ na amea fiana. Wowɔnɛ tsɔ doa dzaa na ame hã. Mawu le se dem na anyigba dzi fiawo be woagbugbɔ nu na ye Via—si fia be woado dzaa nɛ be eyae nye Mesia Fia la.

3:1—Taɖodzinu kae le ŋgɔdonya siwo le psalmo aɖewo ƒe kpukpui 1 me ŋu? Ɣeaɖewoɣi la, psalmoa ŋlɔla ŋkɔ alo nyatakaka siwo ku ɖe nɔnɔme si me tom wònɔ hafi kpa haa ŋu dzena le ŋgɔdonyaa me, eye zi geɖe la, ŋkɔa kple nyatakakaa sia dzena, abe alesi wòle le Psalmo 3 lia gome ene. Ɣeaɖewoɣi hã la, ŋgɔdonyaa gblɔa susu si ta wokpa ha aɖe koŋ ɖo (abe alesi wòle le Psalmowo 4 kple 5 gome ene) kpakple haƒonu siwo woazã alo alesi woadzii (abe alesi wòle le Psalmo 6 lia gome ene).

3:3—Nukae nya “Sela” fia? Ame geɖe gblɔna be ne amewo le ha dzim kple nu ɖeɖe, alo le edzim kplɔ haƒonuwo ɖo, eye woɖo nya sia dzi la, ekema wotɔna hedea ŋugble. Ne hakpalaa gblɔ nya aɖe si dzi wòdi be yeate gbe ɖo etɔxɛ be wòatsi susu me na ame vɔ la, eŋlɔa nya sia ɖe enu. Eyata mehiã be míaxlẽ nya “Sela” la ne míele Psalmowo ƒe agbalẽa xlẽm o.

11:3—Gɔmeɖoɖoanyi kawoe wogbã? Woawoe nye sewo, ɖoɖowo, kple ʋɔnudrɔ̃nya siwo amegbetɔwo ɖo anyi. Ne nusiawo me tɔtɔ la, ʋunyaʋunya xɔa aƒe ɖe amegbetɔwo dome eye womegadrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o. Le nɔnɔme siawo me la, ele be “ame dzɔdzɔe” la naɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe.—Psalmo 11:4-7.

21:4—Nukae ɖe dzesi le “sikafiakuku” sia ŋu? Womegblɔe ne fiakuku ŋutɔŋutɔe alo kpɔɖeŋu fiakukue wònye wozã tsɔ fia bubu geɖe si wogade Dawid ŋu le aʋa gbogbo siwo dzi wòɖu ta o. Ke hã, kpukpui sia nye nyagblɔɖi si le asi fiam fiakuku si Yehowa ɖɔ na Yesu esi wòɖoe fia le ƒe 1914 me. Sika si wotsɔ wɔ fiakukuae la ɖee fia be Yesue nye fia nyuitɔ kekeake.

22:2, 3—Nukatae Dawid se le eɖokui me be Yehowa gblẽ ye ɖi? Dawid ƒe futɔwo nɔ fu ɖem nɛ ale gbegbe be ‘eƒe dzi zu abe aŋe ene helólo ɖe dɔ me nɛ.’ (Psalmo 22:15) Anya wɔ nɛ abe ɖe Yehowa gblẽe ɖi ene. Nenema kee Yesu hã se le eɖokui me esime woklãe ɖe ati ŋu. (Mateo 27:46) Esi Dawid nye amegbetɔ si nu vena, eye wòkpɔ eɖokui le nɔnɔme madeamedzi sia me tae wògblɔ nya siawo ɖo. Gake Dawid ƒe gbedodoɖa si dze le Psalmo 22:17-22 la ɖee fia kɔte be eƒe Mawu dzixɔxɔse me megbɔdzɔ gbeɖe o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:1. Ele be míatsri ha dede kple amesiwo melɔ̃a Yehowa o.—Korintotɔwo I, 15:33.

1:2. Mele be míaɖe mɔ ŋkeke aɖe nava yi, si me míadzro gbɔgbɔmenyawo me le o.—Mateo 4:4.

4:5. Ne míebi dzi alo do dziku la, nunya anɔ eme be míakpɔ míaƒe aɖe dzi be míagagblɔ nya aɖe si ava ve mí emegbe o.—Efesotɔwo 4:26.

4:6. Hafi míaƒe gbɔgbɔmevɔsawo nanye “dzɔdzɔenyenyevɔ” la, ele be susu nyui nanɔ mía si, eye míaƒe agbenɔnɔ nasɔ kple Yehowa ƒe nudidiwo.

6:6. Ðe susu nyui bubu aɖe gali si ta míadi be míanɔ agbe ɖo wu esia?—Psalmo 115:17.

9:13. Yehowa léa ŋku ɖe amesiwo kɔa ʋu ɖi ŋu be yeahe to na wo, gake eɖoa ŋku “hiãtɔwo ƒe ɣlidodo” ya dzi.

15:2, 3; 24:3-5. Ele be tadeagula vavãtɔwo nato nyateƒe eye woatsri alakpatamkaka kple amegɔmezɔzɔ.

15:4. Ele be míadze agbagba ɖesiaɖe awɔ nusi ƒe ŋugbe míedo la dzi ne edzi wɔwɔ sesẽ gɔ̃ hã, negbe ɖe míeva kpɔe be ŋugbe si míedo la mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o ko.

15:5. Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, ele be míakpɔ nyuie le viɖe ƒoɖi didi ŋu.

17:14, 15. “Ame kodzogbeawo” tsɔa wo ɖokui saa vɔ ɖe nudzedziname, srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi, kpakple agbagbadzedze be yewoagblẽ domenyinu ɖi na yewo viwo ta. Gake nusi le vevie wu na Dawid ya le agbe mee nye be yeawɔ ŋkɔ nyui na ye ɖokui le Mawu gbɔ ale be ‘yeakpɔ eƒe mo,’ si fia be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Ne Dawid ‘nyɔ’ ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo kple kakaɖedzinyawo ŋu, si fia be eɖo ŋku wo dzi la, esena le eɖokui me be ‘eƒe nɔnɔme ɖi ƒo na ye,’ si fia be ekpɔa dzidzɔ be Yehowa li kpli ye. Ðe mele be míana míaƒe dzi nanɔ gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu abe Dawid ene oa?

19:2-7. Ne nuwɔwɔwo, siwo mate ŋu aƒo nu alo abu tame o, tsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa la, ɖe mele be mí amesiwo ate ŋu abu tame, aƒo nu, ahasubɔe ya míawɔe geɖe wu oa?—Nyaɖeɖefia 4:11.

19:8-12. Yehowa ƒe nudidiwo—woɖea vi na mí ŋutɔ!

19:13, 14. Dzidadawo kple dada siaa nye nuvɔ̃ siwo wòle be míaƒo asa na.

19:15. Menye nusiwo míewɔna ŋu koe wòle be míakpɔ nyuie le o, ke nya siwo míegblɔna kple nusiwo ŋu míebuna hã.

“ÈLÉ NYEA ÐE ASI LE NYE FƆMAÐIMAÐI TA”

(Psalmo 25:1–41:14)

Le psalmo 25 kple 26 la, Dawid ɖe alesi wòdi vevie heɖoe kplikpaa be yealé fɔmaɖimaɖi me ɖe asii la gblɔ wònya se ŋutɔ! Edzi ha be: “Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe!” (Psalmo 26:11) Egblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa be woatsɔ yeƒe nuvɔ̃wo ake ye me be: “Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyunyɔ.” (Psalmo 32:3) Dawid ka ɖe edzi na amesiwo subɔa Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.”—Psalmo 34:16.

Aɖaŋu nyui ka gbegbee nye esi le Psalmo 37 lia na Israel-viwo kple na mí amesiwo le agbe le amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo ƒe ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo mee! (Timoteo II, 3:1-5) Psalmo 40:8, 9 gblɔe ɖi tso Yesu Kristo ŋu be: “Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye. Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.” Psalmo 41 lia ku ɖe alesi Dawid bia be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu le xaxaɣi siwo me wòto le ƒe siwo kplɔ woa kple Bat-Seba ƒe nuvɔ̃a wɔwɔ ɖo me la me ŋu. Edzi ha be: “Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta.”—Psalmo 41:13.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

26:6—Abe Dawid ene la, aleke míezɔna ƒoa xlã Yehowa ƒe vɔsamlekpuiae, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu? Vɔsamlekpuia tsi tre ɖi na alesi Yehowa lɔ̃ be yeana amegbetɔwo nakpɔ ɖeɖe to Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi. (Hebritɔwo 8:5; 10:5-10) Míezɔna ƒoa xlã Yehowa ƒe vɔsamlekpuia ne míexɔ tafevɔsa ma dzi se.

29:3-9—Esi wotsɔ Yehowa ƒe gbe sɔ kple dziɖegbe si na ŋɔdzi lé nusianu la, nukae wòtsi tre ɖi na? Nusi wòtsi tre ɖi na koe nye Yehowa ƒe ŋusẽ triakɔ la!

31:24—Aleke woɖoa eteƒe na dadala wòsɔa gbɔe? Teƒeɖoɖo si wowɔnɛ le afisia fia tohehe. Teƒeɖoɖo si ame dzɔdzɔe si mebua hafi wɔ vodada o xɔnae nye be Yehowa kaa mo nɛ tsɔ ɖɔnɛ ɖo. Esi wònye dadala metrɔna tsoa eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o ta la, wohea to nɛ vevie tsɔ ɖoa eteƒe nɛ wòsɔa gbɔ.—Lododowo 11:31; Petro I, 4:18.

33:6—Nukae nye Yehowa ƒe nu me “gbɔgbɔ” la? Gbɔgbɔ siae nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, alo gbɔgbɔ kɔkɔe, si wòzã le dziƒonu siwo míekpɔna la wɔwɔ me. (Mose I, 1:1, 2) Woyɔe be eƒe nu me gbɔgbɔ elabena ate ŋu azã ŋusẽ sia atsɔ aɖe gbe be nane nadzɔ le didiƒe ʋĩ ke.

35:19—Gbe si Dawid do ɖa be woagana amesiwo lé fu ye la nate ŋku ɖe ye o gɔme ɖe? Dawid ƒe futɔwo ƒe ŋku tete ɖe eyama fia woƒe dzidzɔ kpɔkpɔ ɖe vɔ̃ siwo wote ŋu wɔe la ŋu. Dawid do gbe ɖa be esia negadzɔ o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

26:4. Nunya anɔ eme be míatsri hadede kple amesiwo ɣlaa amesi ƒomevi wonye le Internet dzi dzeɖoɖowo me, sukuhati alo dɔwɔhati siwo wɔa nu abe mía xɔlɔ̃wo ene evɔ susu vɔ̃e le ta me na wo, xɔsegbela siwo wɔa nu abe ɖe wotsɔ ɖe le eme na mí kakaka ene, kple amesiwo nɔa agbe eve.

26:7, 12; 35:18; 40:10. Ele be míakafu Yehowa ne míeƒo ƒu kple mía nɔvi Kristotɔwo.

26:8; 27:4. Ðe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede dzroa mí veviea?

26:11. Esi Dawid nɔ alesi wòɖoe kplikpaa be yeazɔ le fɔmaɖimaɖi me gblɔm la, ebia hã be Mawu naɖe ye. Ẽ, míate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi togbɔ be míede blibo o hã.

29:10. Esi Yehowa nɔ anyi ɖe “tɔɖɔɖɔ” dzi ta la, eɖee fia be yezãna yeƒe ŋusẽ alesi dze.

30:6. Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃—menye dziku o.

32:9. Yehowa medi be míanɔ abe sɔ si wodea numega na alo tedzi si woƒona hafi woɖoa to la ene o. Edi boŋ be mía ŋutɔwo míatiae be míaɖo to ye le esi míese nusi wòdi be míawɔ la gɔme ta.

33:17-19. Aleke kee amegbetɔwo ƒe ɖoɖo aɖe li kee o, mate ŋu ana míakpɔ ɖeɖe o. Ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒe ɖoɖoa ŋu.

34:11. Ðe nya siawo megadoa ŋusẽ amesiwo tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔe la ɖe edzi ŋutɔ oa?

39:2, 3. Ne ame vɔ̃ɖiwo le mɔ si dzi woato agblẽ nu le haxɔsetɔwo ŋu dim la, nunya anɔ eme be ‘míade ga míaƒe nu’ ahazi ɖoɖoe.

40:2, 3. Ŋu ɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuteɖeamedziwo nu ahado tso “gbegblẽ ƒe do la” kple “ba finyafinya me.”

40:6, 13. Ne míeɖoa ŋkui be míaƒe yayrawo ‘mele xexlẽ me o’ la, ekema ne dzɔgbevɔ̃e siwo vaa mía dzi kple míaƒe vodadawo sɔ gbɔ aleke leke hã, nu mate mía ŋu gbeɖe o.

“Woakafu Yehowa”

Psalmo 41 siwo le akpa gbãtɔ sia me la faa akɔ na mí hedea dzi ƒo na mí ŋutɔ! Fukpekpewo me tomee míele, alo dzitsinyae le fɔ bum mí le nu gbegblẽ aɖe si míewɔ ta o, míate ŋu akpɔ ŋusẽdoame kple dzideƒoname tso Mawu ƒe Nya sẽŋua ƒe akpa sia. (Hebritɔwo 4:12) Mɔfiame nyui aɖewo le psalmo siawo me na mí. Woka ɖe edzi na mí enuenu be nɔnɔme sesẽ ka ke me tomee míele o, Yehowa magblẽ mí ɖi gbeɖe o.

Psalmowo ƒe agbalẽa ƒe akpa gbãtɔ sia wu enu ale: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!” (Psalmo 41:14) Esi míedzro wo me va ɖo afisia la, ɖe míaƒe dzi meʋã mí be míayra Yehowa, si fia be míakafui oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Psalmo 2 lia va eme zi gbãtɔ le Dawid ƒe ŋkekea me.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ne nuwɔwɔ siwo me agbe mele o tsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa la, ɖe mele be míawo ya míawɔe geɖe wu oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Dawid ye kpa psalmo 41 gbãtɔawo dometɔ akpa gãtɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ènya psalmo si gblɔ be Yehowa nye Alẽkplɔla Gãtɔa?

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ŋkeke aɖeke megava yi, si màbu gbɔgbɔmenyawo ŋu le o

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ɣletiviwo: Courtesy United States Naval Observatory

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ɣletivi siwo le axa 18 kple 19: Courtesy United States Naval Observatory

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ɣletiviwo: Courtesy United States Naval Observatory