Dzilawo Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo
Dzilawo—Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo
“SUSUŊUTINUNYALAWO ate ŋu adzudzɔ vihehe ƒe mɔnu nyuitɔ si dim wole ƒe alafa geɖewoe nye esia la didi azɔ—menye esi woke ɖe eŋu ta o, ke boŋ esi mele afi aɖeke o ta.” Aleae Time nyadzɔdzɔgbalẽ ŋlɔlawo gblɔ le agbalẽ aɖe si ƒo nu tso vihehe ŋu me dzodzro vɔ megbe. Agbalẽa gblɔ be ɖeviwo lɔ̃a wo hatiwo koŋ ƒe nuwɔna sɔsrɔ̃, ke menye wo dzilawo tɔ o.
Nyateƒee, hatiwo te ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame dzi. (Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33) Nyadzɔdzɔŋlɔla William Brown gblɔ be: “Le ƒewuiviwo gome la, ne Mawu aɖe aganɔ anyi to vovo na esi wosubɔna le sɔleme la, ke eyae nye Mawu si akpe ɖe wo ŋu woanɔ abe wo tɔ bubuwo ene. . . . Ƒewuiviwo bunɛ be vovo toto tso ame bubuwo gbɔ vɔ̃ ɖi wu ku gɔ̃ hã.” Ne dzilawo mena aƒe me nɔnɔ vivia ɖeviawo nu o, alo womekpɔa ɣeyiɣi ɖe wo ŋu o—abe alesi wòbɔ le xexe sia si me vovo megale amewo ŋu o me ene—la, ekema wole mɔ ɖem le wo viwo ŋu be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nagblẽ nu le wo ŋu.
Gawu la, le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, ƒomewo ɖo xaxa me elabena, abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene la, amewo va tsɔ ɖe le ga, vivisese, kple woa ŋutɔwo ɖokui me wu. Eyata mewɔ nuku o be ɖeviwo va zu “ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.”—Timoteo II, 3:1-3.
Nyagbɔgblɔ “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o” si wozã le Biblia me la fia lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ ƒomea me tɔwo dome la ƒe anyimanɔmanɔ. Lɔlɔ̃ sia nye dzɔdzɔme seselelãme si ana dzilawo nalé be na wo viwo, eye ɖeviwo hã nalɔ̃ aku ɖe wo dzilawo ŋu. Gake ne lɔlɔ̃ sia mele dzilawo si na wo viwo o la, ekema ɖeviawo atrɔ ɖe ame bubuwo ŋu hena lɔlɔ̃ sia kpɔkpɔ—eye zi geɖe la, wotrɔna ɖe wo hatiwo ŋu, eye ɖewohĩ woasrɔ̃ woƒe agbenɔnɔ. Ke hã, dzilawo ate ŋu aƒo asa na nɔnɔme sia ne woɖea mɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo fiaa mɔ wo le ƒomea me.—Lododowo 3:5, 6.
Ƒomea—Mawue Ðoe Anyi
Esi Mawu wɔ Xawa na Adam wòzu srɔ̃a la, ede se sia na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” Ema megbee ƒome va dzɔ—si me vifofo, vidada, kple ɖeviwo le. (Mose I, 1:28; 5:3, 4; Efesotɔwo 3:14, 15) Be Yehowa nakpe ɖe amegbetɔwo ŋu woanyi wo viwo la, etsɔ dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo ƒe ŋutete aɖe de wo me tso dzɔdzɔ me. Gake to vovo na lãwo la, amegbetɔwo ya hiã kpekpeɖeŋu bubuwo, eyata Yehowa na woŋlɔ mɔfiame aɖewo ɖi na wo. Wo dometɔ aɖewoe nye mɔfiame siwo ku ɖe agbenyuinɔnɔ kple mawusubɔsubɔnyawo ŋu kpakple alesi woana hehe ɖeviwoe nyuie.—Lododowo 4:1-4.
Mawu gblɔ na vifofowo koŋ be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo Mose V, 6:6, 7; Lododowo 1:8, 9) De dzesii be wobia tso dzilawo si be woana Mawu ƒe Sea nanɔ woa ŋutɔwo ƒe dzi me gbã. Nukatae wòhiã nenema? Elabena hafi ame nafia nu ame bubuwo wòaʋã wo la, metsoa nya si wògblɔna la ɖeɖeko gbɔ o, etsoa alesi eƒe dzi ʋãnae wòwɔa nu hã gbɔ. Ne dzilawo fia nu wo viwo tso dzi me ko hafi nufiamea ate ŋu aɖo wo viawo ƒe dzi gbɔ. Dzila siawo aɖo kpɔɖeŋu nyuiwo hã ɖi na wo viwo, elabena ɖeviwo te ŋu dea dzesi alakpanuwɔwɔ bɔbɔe.—Romatɔwo 2:21.
ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Wogblɔ na dzila Kristotɔwo be ne wonya dzi wo viwo teti ko la, woafia wo “Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃.” (Efesotɔwo 6:4; Timoteo II, 3:15) Ne wonya dzi wo viwo teti koa? Ẽ! Vidada aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mí dzilawo míenyana ŋutete si le mía viwo ŋu o. Míetsɔnɛ be womele nu nyam haɖe o. Ŋutete le wo ŋu. Ele be míaɖe mɔ ɖeviwo nazã woƒe ŋutetea.” Nyateƒee, ɖeviwo dina be yewoasrɔ̃ nu, eye ne dzila vɔ̃mawuwo fia nu wo la, woate ŋu asrɔ̃ alesi woalɔ̃ amee hã. Ðevi siwo wofia nu alea la kpɔnɛ be se siwo yewo dzilawo de na yewo la na yewonɔa dedie. Eyata dzila siwo te ŋu hea wo viwo nyuie la dzea agbagba be yewoanye ɖeviawo ƒe xɔlɔ̃ veviwo, dzeɖoɖo nyui nanɔ yewo dome, yewoafia nu moveviɖoɖotɔe gake kple dzigbɔɖi, si wɔnɛ be aƒea me va nyea dzidzɔteƒe si ɖeviawo te ŋu sea vivi le. *
Kpɔ Viwòwo Ta
Sukudzikpɔla aɖe si tsi dzi ɖe ɖeviwo hehe ŋu la gblɔ le lɛta aɖe si wòŋlɔ ɖo ɖe dzilawo me be: “Míele dzi dem ƒo na mi, dzila lɔlɔ̃tɔwo, be miadze agbagba mia ŋutɔwo miaƒe asi nanɔ mia viwo hehe me geɖe wu, ke menye be miatsɔ [agba] si le mia ŋutɔwo mia dzi be miakpe ɖe wo ŋu woatsi la ade asi na television alo hati siwo menɔa agbe nyui aɖeke o la o.”
Ne dzila aɖe tsɔa via dea asi na television alo na hati siwo menɔa agbe nyui aɖeke o la, ekema ele mɔ ɖem le ɖevia ŋu be xexeame ƒe gbɔgbɔ la nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi. (Efesotɔwo 2:1, 2) Xexe sia ƒe gbɔgbɔ la tsia tre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ ŋu, ɖeko wòle abe alesi ya sesẽ aɖe nalɔ ‘xexeame, lã, kple gbɔgbɔ vɔ̃wo’ ƒe nuwɔna gbogbo aɖewo akɔ ɖe amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ aɖeke mele o alo bometsilawo ƒe susu kple dzi me ene. (Yakobo 3:15) Nuwɔna manyomanyo siawo gblẽa nu le ame ƒe dzi ŋu mlɔeba. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ fia ŋusẽ si nusi míeƒã ɖe dzia me la kpɔna ɖe edzi esi wògblɔ be: “Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Luka 6:45) Esia tae Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.”—Lododowo 4:23.
Nyateƒee, ɖeviwo koa, ɖeviwoe wonye, eye wo dometɔ aɖewo asẽ to, alo adze aglã kura gɔ̃ hã. (Mose I, 8:21) Nukae dzilawo ate ŋu awɔ le esia ŋu? Biblia gblɔ be: “Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.” (Lododowo 22:15) Ame aɖewo bua ameƒoti zazã be enye blemanuwɔna, eye be enye tagbɔ sesẽ le ɖeviwo ŋu. Vavãe, Biblia meda asi ɖe ŋutasesẽ kple tagbɔsesẽ ƒomevi aɖeke dzi o. Togbɔ be woate ŋu azã “ameƒoti” ŋutɔŋutɔ le tohehe nana me ɣeaɖewoɣi hã, nusi wòtsi tre ɖi na enye dzilawo ƒe ŋusẽ zazã moveviɖoɖotɔe, gake woawɔe le lɔlɔ̃ me kple le mɔ si sɔ nu, wòafia woƒe ɖetsɔtsɔ le ɖeviawo ƒe dedienɔnɔ mavɔ me.—Hebritɔwo 12:7-11.
Ðe Modzaka Kple Viwòwo
Le nyateƒe me la, hafi ɖeviwo nate ŋu atsi nyuie la, wohiã fefe kple modzakaɖeɖe. Dzila siwo nyae nenema la wɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔ doa ŋusẽ woa kple wo viwo dome ƒomedodo to modzaka ɖeɖe kple ɖeviawo ɣesiaɣi si wòanya wɔ me. Esia wɔnɛ be menye ɖekoe dzilawo te ŋu fiaa mɔ wo viwo le modzakaɖeɖe si sɔ la tiatia me ko o, ke boŋ woɖenɛ fiana wo viawo hã be yewokpɔa dzidzɔ ɖe hadede kpli wo ŋu.
Vifofo Ðasefo aɖe gblɔ be yeƒoa bɔl kple ye viŋutsu edziedzi ne yetso dɔme gbɔ. Vidada aɖe gblɔ be yelɔ̃a aɖi dada kple ye viwo. Nyɔnu aɖe ɖo ŋku edzi be esi yenɔ ɖevi me la, yewoƒe ƒomea doa gasɔ edziedzi. Ðevi siawo katã zu ame tsitsiwo fifia, gake lɔlɔ̃ si le wo si na wo dzilawo—kple na Yehowa—gakpɔtɔ le sesẽm ɖe edzi.
Vavãe, dzila siwo toa nuƒoƒo kple nuwɔna dzi ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ yewo viwo hedina be yewoanɔ anyi kpli wo la ƒe nu va léa dzi na ɖeviawo ale gbegbe be womeŋlɔa wo be gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, amesiwo de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku do la dometɔ geɖe gblɔ be yewo dzilawo ƒe kpɔɖeŋu kple dzideƒoname ye na yewova le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Domenyinu nyui ka gbegbee nye esi wogblẽ ɖi na ɖevi siawo, eye yayra ka gbegbee nye esi wònye na wo dzilawo hã! Nyateƒee, menye ɖeviwo katã sie mɔnukpɔkpɔ asu be woava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ya o, ke hã ɖikeke mele eme o be ne dzila mawuvɔ̃lawo na ƒomedodo kplikplikpli le woa kple wo viwo dome, eye woɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo la, ekema aɖe vi na wo viawo, eye ana woade bubu wo ŋu.—Lododowo 22:6; Efesotɔwo 6:2, 3.
Dzilaɖekɛwo Hã Ate Ŋu Akpɔ Dzidzedze
Egbea la, dzilaɖekaƒomewo mee wonyi ɖevi geɖe le. Togbɔ be esia na ɖeviwo nyinyi gasesẽ wu hã la, woate ŋu akpɔ dzidzedze le eme. Biblia me kpɔɖeŋu si ku ɖe Eunike, si nye Yudatɔ Kristotɔ aɖe le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu, ate ŋu ade dzi ƒo na dzilaɖekaƒomewo. Esi wònye dzimaxɔsetɔe Eunike srɔ̃ nye ta la, anye be medo alɔe le mɔ aɖeke nu le gbɔgbɔmenyawo me o. Ke hã, Eunike ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi, elabena ete ŋu fia nu Timoteo. Kpɔɖeŋu nyui si woa kple Timoteo mama Loide ɖo la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Timoteo dzi ale gbegbe be ehatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi manyomanyo aɖeke megblẽ nu le eŋu o.—Dɔwɔwɔwo 16:1, 2; Timoteo II, 1:5; 3:15.
Sɔhɛ siwo dzilawo dometɔ ɖeka nye dzimaxɔsetɔ, alo esiwo wonyi le dzilaɖekaƒomewo me, la dometɔ geɖe ɖea ɖekakpui Timoteo ƒe nɔnɔme nyuiwo tɔgbe fiana. Le kpɔɖeŋu me, dzilaɖekaƒome mee wonyi Ryan si xɔ ƒe 22 fifia, eye wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, kple nɔvia ŋutsu
kple nyɔnu le. Wo fofo nye ahatsunola, eye wògblẽ ƒomea ɖi esi Ryan xɔ ƒe ene. Ryan gblɔ be: “Dada ɖoe kplikpaa be ƒomea nayi edzi asubɔ Yehowa, eye ewɔ eme dɔ bliboe hã.”Ryan gblɔ be: “Le kpɔɖeŋu me, Dada kpɔa egbɔ be ɖevi siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui koe míedea ha kplii. Meɖea mɔ na mí be míade ha kple amesiwo Biblia yɔ be habɔbɔ vɔ̃wo la gbeɖe o, eɖanye le hamea me loo alo egodo o. Ena sukudede ŋuti nukpɔsusu nyui hã su mía si.” Togbɔ be vovo menɔa Ryan dada ŋu o, eye ɖeɖi tea eŋu ne egbɔ tso dɔme hã la, esia mexea mɔ nɛ be wòagbe ɖe tsɔtsɔ le viawo me lɔlɔ̃tɔe o. Ryan gblɔ be: “Edina be yeanɔ mía gbɔ ahaɖo dze kpli mí ɣesiaɣi. Etsɔa moveviɖoɖo fiaa nu míi, gake le dzigbɔɖi me, edzea agbagba kpɔa egbɔ be míewɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi. Melɔ̃na be míaŋe aɖaba aƒu Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi gbeɖe o.”
Ne Ryan bu eƒe ɖevimenɔɣi ŋu la, ekpɔnɛ be amesi ƒe nuwɔna kpɔ ŋusẽ ɖe ye kple ye nɔvi tsitsiawo ƒe agbenɔnɔ dzi wue nye yewo dada si lɔ̃ Mawu kple viawo siaa tso dzi me. Eyata mi dzila Kristotɔwo—srɔ̃tɔwo kple amesiwo ƒe srɔ̃ megale agbe o, amesiwo srɔ̃ nye dzixɔsetɔ kple esiwo tɔ menyee o—dzi megaɖe le mia ƒo alo miana ta le kuxi siwo ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi le nu fiafia mia viwo me o. Ɣeaɖewoɣi la, sɔhɛ aɖewo agbe nyateƒea abe vi búbu la ene. Gake ne wokpɔ be naneke mele xexe sẽŋuta sia me o la, ɖewohĩ woatrɔ agbɔ. Ẽ, “ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.”—Lododowo 20:7; 23:24, 25; Luka 15:11-24.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 9 Ne èdi nya siawo ŋuti numeɖeɖe yi ŋgɔe la, kpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, ƒe axa 55-9.
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Mawue Tia Yesu Dzilawo
Esi Yehowa di be yeadɔ ye Vi Yesu ɖe anyigba dzi la, etia edzilawo nunyatɔe. Nukutɔe la, ame tsɛ siwo tsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo mee wòtia, siwo mewɔ vi na Yesu o, ke boŋ wofia Mawu ƒe Nya kpakple dɔsesẽwɔwɔ kple agbanɔamedzi tsɔtsɔ ƒe vevienyenye eyama. (Lododowo 29:21; Konyifahawo 3:27) Yosef fia atikpakpadɔ Yesu, eye ɖikeke mele eme o be Yosef kple Maria bia tso Yesu, si nye ŋgɔgbevia, si be wòakpe ɖe yewo ŋu le vi bubuawo, siwo ade vi ade ya teti, la dzi kpɔkpɔ me.—Marko 6:3.
Kpɔ alesi wòanɔ ne Yosef kple eƒe ƒomea le dzadzram ɖo ɖe ƒe sia ƒe mɔ zɔzɔ ayi Yerusalem—si nye kilometa 200, yiyi kple gbɔgbɔ—afisi egbegbe mɔzɔmɔnuwo mele o, hena Ŋutitotoŋkekenyui ɖuɖu ŋu ɖa. Ðikeke mele eme o be ahiã ɖoɖo nyui wɔwɔ hafi ƒome si me ame asieke alo esi wu nenema le la nate ŋu azɔ mɔ legbe sia tɔgbe. (Luka 2:39, 41) Togbɔ be esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o hã la, ɖikekemanɔmee la, Yosef kple Maria de asixɔxɔ azãɖuɖu mawo ŋu, ɖewohĩ wozã mɔnukpɔkpɔ mawo tsɔ fia nu wo viawo tso nudzɔdzɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu.
Esime Yesu nɔ tsitsim la, “[eyi edzi bɔbɔ] eɖokui na” edzilawo, eye wòtsi “ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ la me.” (Luka 2:51, 52) Nyateƒee, Yosef kple Maria medo ŋukpe Yehowa esi wòtia wo be woanye Yesu dzilawo o. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi woɖo ɖi na dzila siwo li egbea!—Psalmo 127:3.