Domenyinu Xɔasitɔ Kekeake si Li
Domenyinu Xɔasitɔ Kekeake si Li
ESIME wòsusɔ vie amegãɖeɖi apostolo Yohanes naku la, eŋlɔ be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.”—Yohanes III, 4.
Gbɔgbɔmevi siwo nɔ apostolo wɔnuteƒea si ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Ke hã, dzila geɖe sena le wo ɖokui me ɖe wo viwo ŋu abe apostolo la ene egbea. Wodze agbagba vevie he wo viwo “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me,” eye fifia dzi dzɔa wo ne wokpɔ wo vi tsitsiwo ‘le zɔzɔm le nyateƒea me.’ (Efesotɔwo 6:4) Le nyateƒe me la, agbe mavɔ mɔ la fiafia mía viwo nye domenyinu xɔasitɔ kekeake si míana wo. Esia le alea elabena “agbe, si li fifi kple esi le vava ge ƒe ŋugbedodo la li” na mawusosroɖagbe, si ƒe akpa aɖee nye agbenɔnɔ abe alesi Yehowa dii tso Kristotɔwo si ene.—Timoteo I, 4:8.
Yehowa, Fofo deblibo la, dea asixɔxɔ gã aɖe dzila mawuvɔ̃la siwo dzea agbagba vevie fiaa nu wo viwo tso mawusubɔsubɔnyawo ŋu la ŋuti. Ne ɖeviawo wɔ nusiwo wofia wo ŋudɔ la, wokpɔa dzidzɔ geɖe ne woa kple wo dzilawo le subɔsubɔm ɖekae le tadedeagu vavãa me. Ne ɖevi siawo le tsitsim la, nuteƒekpɔkpɔ nyui siawo tɔgbe geɖe sua wo si. Wo dometɔ aɖewo ɖoa ŋku zi gbãtɔ si wowɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me dzi. * Alo ɖewohĩ wogabua ɣeyiɣi si me wote ŋu xlẽ mawunyakpukpui aɖe zi gbãtɔ le aƒeme yi aƒeme dɔa me kple wo dzilawo dometɔ ɖeka dzi. Ðe ɖeviwo ate ŋu aŋlɔ alesi wo dzilawo xlẽa Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo alo Toɖoɖo Nufiala Gã La * ƒe agbalẽawo na wo la bea? Gabriel ɖo ŋku nane si wòlɔ̃ vevie dzi ale: “Esi mexɔ ƒe ene pɛ ko la, danye dzia ha nam gbesiagbe ne ele nu ɖam. Megaɖoa ŋku Fiaɖuƒeha aɖe dzi kple dzidzɔ kokoko. Ha sia kpe ɖe ŋunye emegbe be mekpɔ alesi Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa hiã vevie dze sii.” Ðewohĩ wò hã èɖoa ŋku ha vivi si ƒe nya gblɔm Gabriel le dzi. Eyae nye hadzidzi 157 lia le hadzigbalẽ si nye Midzi Kafukafuhawo na Yehowa me, eye eƒe tanyae nye “De Ta Agu na Yehowa le Ðevime.”
Hadzidzia dze egɔme ale: “Vidzĩwo siaa dzi kafukafuha;/Wokɔ gbe dzi Yesu wodo gbe na.” Le nyateƒe me la, mɔnukpɔkpɔ su ɖevi aɖewo si wode ha kple Yesu, eye anɔ eme be woƒe nuwɔwɔ anukwaretɔe do dzidzɔ nɛ. Yesu wɔ alesi ɖeviwo lɔ̃na faa wofiaa nu woe ŋudɔ Mateo 18:3, 4) Eyata ɖeviwo wɔa akpa nyui aɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Le nyateƒe me la, hadzidzia me nyawo yi edzi gblɔ be: “Vidzĩwo hã tea ŋu kafua Mawu.”
be enye kpɔɖeŋu si wòle be ye yomedzelawo nasrɔ̃. (Ðevi geɖe to woƒe agbenɔnɔ nyui—le aƒeme, le suku, kple le teƒe bubuwo—dzi he bubu vɛ na Mawu kple na woƒe ƒomea. Yayra kae nye esi wònye na wo be “Kristotɔ dzila nyateƒe lɔ̃lawo” le wo si! (Mose V, 6:7) Dzila mawuvɔ̃lawo wɔa nusi Mawu, Fofo lɔlɔ̃tɔ, si fiaa eƒe nuwɔwɔwo be woazɔ mɔ si dzi wòle be woato dzi, gblɔna la. Eye yayra kae nye esi woxɔna! Ne woawo hã le nu fiam wo viwo le ƒomea me la, aleke gbegbe wòdzɔa dzi na wo enye esi be vi siwo ‘doa dzidzɔ na wo to toɖoɖo me’ la le wo si! (Yesaya 48:17, 18) Angélica, si le subɔsubɔm fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico, gblɔ be: “Dzinyelawo dze agbagba ɣesiaɣi wɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Esia na mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nye ɖevime. Nyateƒee, dzi dzɔm.”
Kristotɔ siawo da asi ɖe edzi be ehiã be nàlé be na gbɔgbɔmedomenyinu si le asiwò. Ðewohĩ ènye sɔhɛ si hem wole le ƒome si me wowɔa Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo dzi le. Ne nenemae la, hadzidzi ma ke xlɔ̃ nu wò be: “Sɔhɛ Kristotɔwo, minɔ dzadzɛ.” Ɣeyiɣi aɖe ava esi wò ŋutɔe awɔ wò nyametsotsowo, eyata, tso fifia la, “miziɔ Yehowa ŋu tso ɖevime./Xexeame ŋkɔxɔxɔ migadi o.”
Ne ètsɔ ŋkɔxɔxɔ ɖo nɔƒe vevitɔ le wò agbe me vodadatɔe la, ekema hehe siwo katã nèxɔ la ate ŋu azu dzodzro eye àgblẽ mɔkpɔkpɔ siwo katã le asiwò le etsɔme la me. Didi be yeaxɔ ŋkɔ ate ŋu ana màgava nɔ ŋudzɔ o. Sɔhɛ aɖewo va de ha kple amesiwo metsɔ ɖeke le Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo me o, togbɔ be wodze ame nyuiwo eye woƒe nɔnɔme lé dzi na ame kura gɔ̃ hã hafi. Nenemae wònɔ le Tara, sɔhɛ aɖe si dze le video si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? (Sɔhɛwo Biana Be—Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?) me gome. Abe Tara ene la, sɔhɛ Kristotɔ siwo katã dea ha kple amesiwo medea asixɔxɔ tadedeagu vavãtɔ ŋu o la ava kpɔe adze sii gbeɖeka godoo be ‘Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.’ Ebiaa agbagbadzedze ƒe gbogbo aɖewo ŋutɔ hafi nɔnɔme nyuiwo va sua ame si, gake wo dome te ŋu gblẽna kaba ŋutɔ.
Ele eme baa be agbenɔnɔ mawuvɔvɔ̃tɔe mele bɔbɔe o ya. Ke hã, abe alesi hadzidzia yi edzi gblɔe ene la, ‘ne èɖo ŋku Mawu dzi ɖevime,/Ne èsubɔ Yehowa nyateƒe me,’ la, àɖo Lododowo 27:11.
gɔmeɖoanyi sesẽ si ana nàkpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ. Eye “àkpɔ dzidzɔ esi nèle tsitsim.” Àva kpɔe adze sii be ne èva le Yehowa ƒe belélename lɔlɔ̃tɔe te la, naneke mate ŋu ana nàdzudzɔ nusi nyo le eŋkume wɔwɔ o. Alea wozuna ame tsitsi mawuvɔ̃lae. Hekpe ɖe eŋu la, ne èsrɔ̃ nu tso Kristotɔwo ƒe hehe si nam wole wò me la, ana mɔnukpɔkpɔ wò be ‘nàdo dzidzɔ na Mawu ƒe dzi.’ Ðe mɔnukpɔkpɔ gã aɖe agate ŋu asu ame si wu esia?—Eyata sɔhɛwo, asixɔxɔ vevi si le hehe si Yehowa kple mia dzila Kristotɔwo nana mi ŋu la nenɔ susu me na mi ɣesiaɣi. Lɔlɔ̃ gã si le wo si na mi la neʋã mi miawɔ nusi dzea Yehowa ŋu. Abe Yesu Kristo kple sɔhɛ wɔnuteƒe Timoteo ene la, miado dzidzɔ na mia Fofo si le dziƒo kple mia dzila siwo le anyigba dzi. Eye ne miawo ŋutɔ mieva zu dzilawo gbeɖeka la, ɖewohĩ miava lɔ̃ ɖe nya siwo Angélica, si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ, gblɔ la dzi, be: “Ne meva dzi vi la, madze agbagba ɖesiaɖe aƒã lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe eƒe dzime tso eƒe vidzĩmenɔɣi, ale be ema nanye gɔmeɖose vevitɔ si afia mɔe le agbe me.” Nyateƒee, mɔ dzɔdzɔe si kplɔa ame yia agbe mavɔ me lae nye domenyinu xɔasitɔ kekeake si li!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 4 Sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa kpɔa gome le Biblia hehenaɖoɖo si wowɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la ƒe akpa sia me.
^ mm. 4 Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ siawo si míeyɔ la.