Yehowa Ðoa Eteƒe Na Amesiwo Wɔa Nuteƒe Nɛ La Godoo
Agbemeŋutinya
Yehowa Ðoa Eteƒe Na Amesiwo Wɔa Nuteƒe Nɛ La Godoo
ABE ALESI VERNON DUNCOMBE GBLƆE ENE
Medi nane tsɔ ɖe nu mee vɔ fiẽ ma eye mekpe sigaret abe alesi mewɔnɛ ɖaa ene. Emegbe mebia srɔ̃nye Aileen be: “Aleke nusrɔ̃ƒe nɔ fiẽ sia?”
ETƆ sẽe hegblɔ be: “Woxlẽ lɛta aɖe si me woɖe gbeƒã ame yeye siwo dzi woda asi ɖo le, eye woyɔ ŋkɔwò. Wotia wò be nànye nuƒomɔ̃wo dzikpɔla. Lɛtaa ƒe nuwunyawo xlẽ ale: ‘Ne nɔviŋutsu siawo siwo wotia dometɔ aɖewo nye atamazãlawo la, ele na wo be woaŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa agblɔ be yewomate ŋu axɔ dɔdasia o.’” * Megblɔ be, “Aha! Nya lae nye sia.”
Mekpe aɖu sesĩe hetugu sigaret ma kɔ ɖe nugoe si me mekɔa sigaret dzofi ɖo si nɔ gbɔnye la me. “Nyemenya nusita wotiam na dɔ sia wɔwɔ o. Gake nyemegbe dɔ aɖeke kpɔ o, eye medzrom kpɔ be magbe esia hã o.” Meɖoe kplikpaa be nyemagano sigaret azɔ o. Nyametsotso ma va kpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi ale gbegbe le Kristotɔnyenye kple hadzidzi siaa me. Mina magblɔ nudzɔdzɔ aɖewo siwo na meɖo tame si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me na mi.
Ƒomegbenɔnɔ ƒe Gɔmedzedze
Wodzim le Toronto, Canada, le September 21, 1914, eye menye dzila lɔ̃ame dɔsesẽwɔla, Vernon kple Lila, siwo kpɔ ƒome si me ŋutsuvi ene kple nyɔnuvi eve nɔ la ƒe nuhiahiãwo gbɔ ƒe viŋutsuvi tsitsitɔ. Yonyemetɔwoe nye Yorke, Orlando, Douglas, Aileen, kple Coral. Esi mexɔ ƒe asieke ko la, danye tsɔ violin (gitar ƒomevi aɖe) de asi nam hewɔ ɖoɖo be masrɔ̃ haƒoƒo le Harris ƒe Hadzidzi Suku. Nɔnɔmeawo sesẽ, gake Dada kple Papa dze agbagba xe nye ʋuɖofe kple sukufe ɖesiaɖe. Emegbe mesrɔ̃ hadzidzi kple eŋu sewo le Hadzidzi
Suku Kɔkɔtɔ le Toronto, eye esi mexɔ ƒe 12 la, mege ɖe nutoa me hadzidzi hoʋiʋli si wowɔ le Massay Hall takpexɔ gã si me wodzia ha le la me. Nyee ɖu dzi, eye wo nam violin nyui aɖe si ŋu wotsɔ bamelogbalẽ tɔ go ɖo.Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva srɔ̃ saŋku kple violin si ƒe gbe lolo la ƒoƒo. Zi geɖe la, mía dometɔ aɖewo ƒoa ƒu ƒoa ha le kplɔ̃ɖoƒe suewo le Fiɖa kple Memleɖa fiẽsiwo kpakple le sukuviwo ƒe ɣeɖuƒewo. Ɣeɖuƒe siawo dometɔ ɖeka tee medo go Aileen le zi gbãtɔ. Le nye ƒe susɔea me le kɔledzi la, menɔ haƒoha vovovowo me ƒo ha le dua ƒe teƒe geɖe. Le nye dodo le suku vɔ megbe la, womia asim be maƒo ha kple Ferde Mowry Haƒoha, eye wònye dɔ si nyo si mewɔ ʋuu va ɖo ƒe 1943 me.
Yehowa Nyanya
Dzinyelawo dze Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ gɔme teti ko kple Xexemeʋa I ƒe gɔmedzedze, esime Papa nye amesi fɔa adzɔnuwo ɖoa agbae le fiase gã aɖe me le Toronto. Le xɔ si me woɖua ŋdɔ nu le me la, eléa to ɖe dɔwɔla eve bubu siwo nye Biblia Nusrɔ̃viwo (si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo tsã) la ƒe dzeɖoɖo ŋu, emegbe ne eva aƒeme la, egblɔa nya siwo wòse la na Dada. Ƒe aɖewo megbe, le ƒe 1927 me la, Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ takpekpe gã aɖe le Toronto, le Canada Dukɔa ƒe Lãmesẽfefewɔƒe Gã. Woxɔ ame 25 siwo tso Ohio, U.S.A. ɖe míaƒe aƒe, si didi tso fefewɔƒea ƒe agbo si le ɣetoɖoƒe gome gbɔ aƒe eve ƒe dometsotso ko la me.
Le ema me la, Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Ada Bletsoe te Dada gbɔ vava edziedzi eye wòtsɔa agbalẽ yeye ɖesiaɖe si va nɛ. Egblɔ gbeɖeka be: “Aƒenɔ Duncombe, ɣeyiɣi aɖee nye sia mete agbalẽwo tsɔtsɔ na wò. Èxlẽ wo dometɔ aɖe kpɔa?” Togbɔ be Dada nɔ vi ade dzi kpɔm hã la, eɖoe kplikpaa dze magazineawo xexlẽ tso ɣemaɣi dzi, eye medzudzɔ kpɔ o. Gake nyemedoa vivi ɖe agbalẽawo ŋu boo o. Menɔ nu srɔ̃m vevie be mado le kɔledzi, eye nye susu katã nɔ hadzidzi ŋu.
Le June 1935 me la, mía kple Aileen míeɖe mía nɔewo le Anglikatɔwo ƒe sɔleme aɖe me. Esi wònye be medo le Ðekawɔwɔ Xɔsehaa me tso esime mexɔ ƒe 13 ta la, nyemeganye ha aɖeke me tɔ o; eyata meŋlɔ ɖe srɔ̃ɖeŋkɔŋlɔgbalẽa me be menye Yehowa Ðasefo, togbɔ be nyemezu Ðasefo haɖe o hã.
Míenɔ mɔ kpɔm be míava dzi vi le etsɔme eye míedi be míanye dzila nyuiwo. Eyata míete Nubabla Yeyea xexlẽ ɖekae. Togbɔ be ɖoɖo nyuiwo nɔ mía si hã la, nu bubuwo va gblẽ wo me. Míegatee kpɔ le ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo megbe wògatsi akpo dzi ake. Emegbe le ƒe 1935 ƒe Kristmas dzi la, míexɔ nunana aɖe, si ŋuti woxatsa nu ɖo, si nye agbalẽ si ŋkɔe nye The Harp of God. Srɔ̃nye gblɔ be: “Oo, Kristmas nunana sia si dawò ɖo ɖe mí la tɔgbe mebɔ o.” Gake esi medzo yi dɔme la, edze exexlẽ gɔme, eye ekpɔ ŋudzedze ɖe nusi wòxlẽ ŋu. Nyemenya kaba be agbalẽa nɔ enu vivim o. Míedzi vi abe alesi míenɔ mɔ kpɔmee ene haɖe o. Mía vi nyɔnuvi si míedzi le February 1, 1937, dzi metsi agbe o. Aleke gbegbe esia do nuxaxa na míi enye si!
Le ɣeyiɣi ma me la, ƒonyemetɔwo te gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me kple ŋkubiã, eye mese be Papa koe nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela si mete ŋu dɔ magazine si nye Consolation (si nye Nyɔ! fifia) na ame aɖeke le ƒomea me haɖe o. Esiae nye woƒe gbeadzisubɔsubɔ taɖodzinu le dzinua me. Togbɔ be nyemexlẽ Habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖeke kpɔ o hã la, ete ɖe dzinye nɛ, eye megblɔ be: “Enyo, Papa, wɔ nudɔdɔa nam; ne mia kple gbeƒãɖela bubuwo miasɔ.” Dzomeŋɔli ɖo, eye míaƒe saŋkuƒohaa ʋu le dua me yi saŋku ƒo ge le ƒuta. Wotsɔa Consolation la dea posu me ɖona ɖem. Keleme ɖo, eye saŋkuƒohaa gaʋu va Toronto ake. Magazinea gale vavam kokoko to míaƒe adrɛs yeyea dzi, gake nyemeʋu ɖeka teti hã nu kpɔ o.
Le Kristmas mɔkeɣi aɖe la, melé ŋku ɖe magazine siwo li kɔ ɖi la ŋu hegblɔ be ne ɖe mexe fe ɖe agbalẽ siawo ta la, maxlẽ wo dometɔ aɖewo ya teti akpɔ nusi le wo me. Gbãtɔ si nu meʋu la wɔ nuku nam ale gbegbe. Eklo nu le dunyahehe me ayemenuwɔwɔ si nɔ edzi yim ɣemaɣi la dzi. Mete nuƒoƒo tso nusi xlẽm menɔ ŋu na hanyeti haƒola bubuwo. Gake wotɔ gbe nusi gblɔm menɔ na wo ƒe nyateƒenyenye, eye meyi nuxexlẽa dzi be mate ŋu aɖe ɖokuinye nu. Le manyamanya me la, mete ɖaseɖiɖi tso Yehowa ŋu. Eye tso ɣemaɣi la, nyemedzudzɔ “dɔla nuteƒewɔla kple Mateo 24:45.
aɖaŋudzela” la ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ nyuiawo xexlẽ o.—Togbɔ be vovo menɔa ŋunye le kwasiɖaa me o le dɔa ta hã la, eteƒe medidi o mía kple Aileen miete kpekpe siwo wowɔna le Kwasiɖagbewo dede. Esi míeva ɖo kpekpea le Kwasiɖa aɖe gbe le ƒe 1938 me la, nɔvinyɔnu tsitsi eve va do gbe na mí, eye ɖeka gblɔ be: “Nɔviŋutsu Ðakakpui, ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbee na Yehowa? Ènyaa, Harmagedon gogo ale gbegbe!” Menya be Yehowa ɖeɖekoe nye nyateƒe Mawu la, eye meka ɖe edzi be eƒe habɔbɔe nye esia. Medi be manye emetɔ, eyata le October 15, 1938, dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ. Le ɣleti ade aɖewo megbe la, Aileen hã xɔe. Enye dzidzɔ nam be magblɔ be nye ƒomea me tɔwo katã va zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo.
Aleke gbegbe hadede kple Mawu ƒe amewo naa mekpɔa dzidzɔe enye si! Eteƒe medidi o wo dome nɔnɔ va mam. Gbesigbe nyemete ŋu yi kpekpeawo o la, medina vevie be manya nusiwo yi edzi. Fiẽ ma si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la nye tɔtrɔ ɖedzesi aɖe le nye subɔsubɔ tsɔtsɔ na Yehowa me.
Tɔtrɔɣi Gã aɖe na Mí
Tɔtrɔ ɖedzesi bubu va na mí le May 1, 1943, dzi. Míede míaƒe takpekpe gã gbãtɔ, si nye September 1942 Xexeme Yeye Teokrasi Takpekpe si wowɔ le Cleveland, Ohio. Le afima, esi xexemeʋa dziŋɔ aɖe si mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi be enu atso o nɔ edzi yim la, míese Nɔviŋutsu Knorr si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi tsɔ dzideƒo ƒo dutoƒonuƒo lédziname si ƒe tanyae nye, “Ŋutifafa—Ate Ŋu Anɔ Anyi Eteƒe Nadidia?” Mí katã míeɖo ŋku alesi wòɖee fia le Nyaɖeɖefia ta 17 be ŋutifafaɣi aɖe anɔ anyi le aʋaa megbe si me woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe le la dzi.
Nusi wɔ dɔ ɖe mía dzi wue nye Nɔviŋutsu Knorr ƒe nuƒo si wòƒo do ŋgɔ, si ƒe tanyae nye, “Yefta Kple Eƒe Adzɔgbeɖeɖe La.” Emegbe wotsɔe ɖo ameawo ŋkume be wohiã mɔɖelawo! Mía kple Aileen míekpɔ mía nɔewo ŋkume eye míetsɔ nusɔsɔe gblɔ (kpe ɖe ame gbogbo aɖewo siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ŋu) be: “Míawoe nye si!” Enumake míete ɖoɖowɔwɔ be míaʋu ava wɔ dɔ si le vevie wu.
Tso July 4, 1940, dzi kee woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Canada. Esi míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le May 1, 1943, dzi la, mɔɖeɖe menɔ anyi be woaɖi ɖase tso Yehowa ŋu eye be woana Habɔbɔa ƒe agbalẽwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o. Míeléa King James Biblia gɔmeɖeɖe ko ɖe asi be ne wokpɔ mí woanya be Kristotɔwoe míenye. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe esi míeva ɖo Parry Sound, Ontario, si nye du si me woɖo mí ɖo me la, alɔdzedɔwɔƒea ɖo mɔɖela bibi aɖe si ŋkɔe nye Stewart Mann be wòawɔ dɔ kpli mí le gbeadzi. Lɔlɔ̃nunana ka gbegbee nye si! Nɔnɔme nyui aɖe le Nɔviŋutsu Mann si, eye wòkoa alɔgbɔnu hã ɣesiaɣi. Míesrɔ̃ nu tso egbɔ eye míese vivi na dɔa. Biblia-nusrɔ̃vi geɖe nɔ mía si hafi Habɔbɔa gbugbɔ ɖo mí ɖe du si nye Hamilton me. Eteƒe medidi o, togbɔ be metsi to asrafo yiyi me hã la, wotɔ asi dzinye be mayi. Esi megbe be nyemawɔ asrafodɔ o ta wolém le December 31, 1943, dzi. Le nyaa gbɔ kpɔkpɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe vɔ megbe la, woɖom ɖe amesiwo menye asrafowo o ƒe asaɖa me, afimae menɔ vaseɖe August 1945.
Esi woɖe asi le ŋunye teti ko la, woɖo mía kple Aileen ɖe Cornwall, Ontario, be míanye mɔɖelawo. Ema megbe kpuie la, míedze mɔ yi Quebec, le dɔ tɔxɛ aɖe si Habɔbɔa ƒe Sedɔwɔƒea de asi nam ta. Esia nye dziɖuɖumegãwo ƒe tatɔ Duplessis ŋɔli le Quebec, esime yometiti si wohe va Yehowa Ðasefowo dzi nu sẽ vevie. Ŋkeke geɖe
le kwasiɖa ɖesiaɖe me la, menɔa tsatsam le ʋɔnudrɔ̃ƒe vovovo ene nɔa kpekpem ɖe mía nɔviwo ŋu. Ɣeyiɣi mawo nye esiwo me dzidzɔ nɔ eye wodo ŋusẽ míaƒe xɔse.Le Cleveland takpekpea megbe le ƒe 1946 me la, wode nutome sue kple nutome gã dzikpɔkpɔ dɔwo asi nam si na mía kple srɔ̃nye míezɔ mɔ tso ƒuta yi ƒuta. Tɔtrɔwo nɔ vavam kabakaba. Le ƒe 1948 me la, womia asi mí be míava de Gbetakpɔxɔ Biblia Gilead Suku ƒe klass 11 lia. Sukuvi 108 siwo nɔ míaƒe klass la dometɔ 40 nye amesiaminawo, eye Nɔviŋutsu Albert Schroeder kple Maxwell Friend nye míaƒe nufialawo dometɔ eve. Esi wònye amesiwo subɔ Yehowa ɣeyiɣi geɖe nɔ mía dome ta la, nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo geɖe wònye na mí vavã!
Nɔviŋutsu Knorr tso Brooklyn va srã mí kpɔ gbeɖeka. Le eƒe nuƒo me la, ebia be ame 25 natsɔ wo ɖokui ana asrɔ̃ Japangbe. Ame 108 la katã tsɔ wo ɖokui na! Fifia ekpo ɖe zimenɔla gbɔ be wòatia amesiwo woafia gbe lae. Mesusu be Yehowa ƒe mɔfiafia nɔ tiatiawɔwɔa me elabena nuwo yi nyuie. Ame 25 siwo wotia hena mɔnukpɔkpɔ wo emegbe be woatsɔ nyaa ayi Japan la dometɔ geɖe kpɔtɔ le afisi woɖo wo ɖo—wozu ame tsitsiwo, gake wokpɔtɔ le afima. Woɖe wo dometɔ aɖewo, abe Lloyd kple Melba Barry ene yi teƒe bubuwo. Lloyd nye Dziɖuha la me tɔ vaseɖe esime wòku le ƒe si va yi me. Míekpɔ dzidzɔ kpli wo katã le alesi Yehowa ɖo eteƒe na woe ta.
Sukunuwugbea ɖo, eye woɖo mí ɖe Jamaica. Gake le alesi nya geɖe kpɔtɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe le Quebec ta la, wogblɔ na mí be míagbugbɔ ayi Canada.
Hadzidzia Dziyiyi Ake!
Togbɔ be meɖe asi le hadzidzi ŋu va ge ɖe mɔɖeɖedɔa me hã la, edze abe hadzidzi ya meɖe asi le ŋunye o ene. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Habɔbɔa ƒe zimenɔla, Nathan Knorr, kple eƒe agbalẽŋlɔla, Milton Henschel, va fefewɔƒe si le Toronto, si woyɔna be Maple Leaf Gardens. Dutoƒonuƒo si Nɔviŋutsu Knorr ƒo si ƒe tanya nye “Ele Ŋgɔgbe Wu Alesi Nèbui!” la vivi amesiame nu ale gbegbe. Ema nye zi gbãtɔ si wokpem be manɔ ŋgɔ na takpekpe me saŋkuƒoha la. Míetrɔ asi le ha nyanyɛ aɖewo le Kingdom Service Song Book (1944) me ŋu heƒo. Edze abe edo dzidzɔ na nɔviawo ŋutɔ ene. Esi Memleɖa ŋdɔ ɖoɖowɔɖia wu enu la, míeto ɖoɖo si míewɔ ɖe Kwasiɖagbe ŋu la me. Nye ŋku kli Nɔviŋutsu Henschel wòzɔ gbɔna akpa si míele le fefewɔƒea, eye mena saŋkuƒohaa tɔ haa ƒoƒo eye meyi ɖado goe. Ebia be: “Hadzila nenie le miaƒe saŋkuƒohaa me le afisia?” Meɖo eŋu be: “Ne amesiame va la, míanɔ ame 35.” Egblɔ be: “Hadzila siwo ade esia ƒe teƒe evee anɔ asiwò le New York le dzomeŋɔli si gbɔna me.”
Gake hafi dzomeŋɔli ma naɖo la, womia asim be mava Brooklyn. Le nɔnɔme aɖewo ta la, Aileen meyi kplim enumake o. Womewu 124 Columbia Heights xɔ yeyea nu haɖe o, eyata wona mlɔƒem ɖe teƒe xoxoa, wokpem ɖe nɔviŋutsu amesiamina eve ŋu—siwo nye Nɔviŋutsu tsitsi Payne, kple Karl Klein, amesiwo medo goe zi gbãtɔe nye ma. Ðe xɔa me xaxaa? Ẽ. Gake míenɔ anyi nyuie le ŋutifafa me. Nɔviŋutsu tsitsiawo gbɔa dzi ɖi blewuu. Medze agbagba be nyemawɔ naneke aɖia wo nu o! Nusi Mawu ƒe gbɔgbɔ ate ŋu awɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ xɔasi aɖee wònye nam. Nye gododo kple dɔwɔwɔ kple Nɔviŋutsu Klein na yayra siawo su asinye! Eƒe dɔme nyo ɣesiaɣi eye wòkpena ɖe ame ŋu. Míewɔ dɔ le ɖekawɔwɔ blibo me eye míenye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ƒe 50 kple edzivɔ sɔŋ.
Mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpe asi ɖe haƒoƒo ŋu le takpekpe siwo wowɔ le Yankee Stadium le ƒe 1950, 1953, 1955, kple 1958 me, eye mɔnukpɔkpɔ su mía kple Al Kavelin si míekpɔ haƒoƒo dzi le takpekpe si wowɔ le Rose Bowl lãmesẽfefewɔƒe, le Pasadena, California, le ƒe 1963 me la me. Le takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium le ƒe 1953 me la, wowɔ ɖoɖo ƒo ha Kwasiɖagbe hafi ƒo dutoƒonuƒoa. Erich Frost ɖe Edith Shemionik si va zu (Weigand emegbe) si dzia gbe vi la fia, amesi dzi haa kpe ɖe eŋu esime míenɔ hadzidzi si ƒe tanyae nye “Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!” ƒom. Emegbe dzi dzɔ mí ale gbegbe esi míese mía nɔviŋutsu kple nyɔnu Afrikatɔwo ƒe gbe vivi ŋanɛwo zi gbãtɔ. Dutanyanyuigblɔla Harry Arnott ye tsɔ kasɛt nyui aɖe tso Northern Rhodesia (si nye Zambia fifia) vɛ be míase ha siwo wolé ɖe edzi. Gbeɖiɖia xɔ lãmesẽfefewɔƒe blibo la katã.
Ƒe 1966 Hadzigbalẽa Léle Ðe Mɔ̃ Dzi
Èɖo ŋku hadzigbalẽ si ƒe amadede biã vie, si ƒe tanya nye “Midzi Ha eye Miƒo Ha le Miaƒe Dziwo Me” la dzia? Esime wòsusɔ vie míawu enu la, Nɔviŋutsu Knorr gblɔ be: “Míele ha aɖewo lé ge ɖe mɔ̃ dzi. Medi be nàɖo saŋkuƒoha sue aɖe, si me woazã violin ʋɛ aɖewo kple dze ʋɛ aɖewo ko le. Nyemedi be ‘ame aɖeke naku kpẽ o’!” Fiaɖuƒe Akpata si le Betel la mee míalé hawo ɖe mɔ̃a dzi le, gake kuxi aɖewo anɔ ezazã ŋu. Nukae adzɔ ne gbeɖiɖia ɖo gliawo, anyigba, kple gazikpiawo me? Amekae akpe ɖe mía ŋu ne gbeɖiɖikuxiwo do mo ɖa? Ame aɖe do susu ɖa be: “Tommy Mitchell! Amerika Nyadzɔdzɔgblɔdɔwɔƒe ƒe Mɔ̃wo ŋue wòwɔa dɔ le.” Míedo afɔ na Nɔviŋutsu Mitchell, eye wòlɔ̃ be yeana kpekpeɖeŋu.
Memleɖa gbãtɔ si dzi míadze hawo léle ɖe mɔ̃ dzi va ɖo, eye esi wonɔ hadzilaawo ɖem fia mí la, kpẽ gã aɖe nɔ nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka si. Meɖo ŋku Nɔviŋutsu Knorr ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Nyemedi be ame aɖeke ‘naku kpẽ o’!” Nukae mawɔ fifia? Menɔ ŋku lém ɖe nɔviŋutsua ŋu esi wòɖe eƒe kpẽa le eƒe go me, tsiã eƒe alɔwo ɖe eŋu, eye wòte edodokpɔ. Nɔviŋutsua ŋkɔe nye Tom Mitchell, eye ha ʋɛ siwo wòƒo la vivi ale gbegbe. Ena kpẽa ɖi abe violin ene! Mebui be ‘ele be nɔviŋutsu sia nanɔ mía dome!’ Nɔviŋutsu Knorr megbe kura o.
Hadzila siwo nɔ saŋkuƒoha ma me la nye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe nɔnɔme nyo eye wolɔ̃a ame ŋutɔ. Ame dzeaglã aɖeke menɔ mía dome o! Haawo léle ɖe mɔ̃a dzi menɔ bɔbɔe kura o, gake ame aɖeke meto nyatoƒoe o. Esi míewu dɔa nu la, aɖatsi ge le mo na mí esi míele kaklã ge tso mía nɔewo ŋu ta; eye xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ sesẽ aɖe ɖo amesiwo kpɔ gome le dɔa wɔwɔ me la me. Mía dometɔ ɖesiaɖe se vivi na mɔnukpɔkpɔa, eye míeda akpe na Yehowa be míete ŋu wɔ dɔa wu enu.
Mɔnukpɔkpɔ Bubu Siwo Ŋu Teƒeɖoɖo Kpe Ðo
Le ƒe geɖe megbe la, mekpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Mewɔ nutome sue kple nutome gã dzikpɔladɔ ƒe 28—eye mese vivi na wo dometɔ ɖesiaɖe. Esia megbe meva kpɔ Norval Takpexɔ si le Ontario la dzi ƒe atɔ̃. Esi nutome sue takpekpe nɔ anyi kwasiɖa ɖesiaɖe, hekpe ɖe dutagbedolawo ƒe nutome gã takpekpewo ŋu ta la, vovo menɔa mía kple Aileen ŋu kura o. Le ƒe 1979/80 me la, xɔtuɖaŋunyalawo nɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe yeye si woava tu ɖe Halton Hills ƒe nɔnɔmetatawo ŋudɔ wɔm, wozã dɔwɔnu siwo le Takpexɔa me. Le Takpexɔa dzikpɔkpɔ megbe la, dɔdasi bubu na megage ɖe hadzidzidɔa me ake le Brooklyn, tso ƒe 1982 va ɖo 1984.
Srɔ̃nye lɔlɔ̃a va ku le June 17, 1994, dzi, le míaƒe ƒe 59 kple ŋkeke adre ƒe srɔ̃kpezã ɖuɖu megbe. Mía kplii míetsɔ mía ɖokui na wɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae ƒe 51 sɔŋ.
Ne mede ŋugble le nye nuteƒekpɔkpɔwo ŋu le agbe me la, meɖoa ŋku alesi Biblia nye mɔfianu xɔasi aɖe nam la dzi. Ɣeaɖewoɣi la, mezãa Aileen ƒe Biblia eye dzi dzɔam ale gbegbe ne melé ŋku ɖe nusiwo wɔ dɔ ɖe edzi ŋu—mawunyakpukpuiwo, nya tɔxɛ aɖewo, kple nya ɖekaɖeka aɖewo siwo te wòte fli ɖo. Abe alesi wònɔ le Aileen gome ene la, mawunyakpukpuiwo nɔ nye hã asinye siwo ŋu gɔmesese tɔxɛ le nam. Mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖekae nye Psalmo 137 lia, si me gbedodoɖa nyui sia le na Yehowa be: “Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, ekema nye nuɖusi netu! Nye aɖe nalé ɖe aŋɔme, nenye be, nyemeɖo ŋku dziwò o, nenye be, Yerusalem meƒo nye dzidzɔwo ta o!” (Psalmo 137:5, 6) Togbɔ be melɔ̃ hadzidzi hã la, nusi naa mekpɔa dzidzɔ wue nye Yehowa, amesi tsɔ agbenɔnɔ si me dzidzeme le wɔ teƒeɖoɖoe nam la subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 5 June 1, 1973, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ɖe nusita tso ɣemaɣi la, ele be ame nadzudzɔ atamanono hafi axɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo la me.
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Mía kple Aileen le ƒe 1947 me
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Ha gbãtɔ siwo míenɔ lélem ɖe mɔ̃ dzi