Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Fia!

Ðe Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Fia!

Ðe Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Fia!

“Dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la nawɔe be tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ mia si le mia nɔewo dome.”—ROMATƆWO 15:5, NW.

1. Aleke ame ƒe nɔnɔme ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbenɔnɔ dzii?

NƆNƆME wɔa akpa gã aɖe le agbe me. Ðekematsɔleme alo kutrikuku ƒe nɔnɔme, nukpɔsusu nyui alo gbegblẽa ƒe nɔnɔme, dzrehehe alo nuwɔwɔ aduadu ƒe nɔnɔme, nyatoƒoetoto alo akpedada ƒe nɔnɔme ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi ame kpɔa nɔnɔmewo gbɔe kple alesi amewo wɔa nu ɖe eyama ŋui dzi. Ne nukpɔsusu nyui le ame si la, dzi ate ŋu anɔ edzɔm le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Naneke mesɔna na amesi si nɔnɔme gbegblẽ le o—ne wotsɔ nukpɔsusu nyui kpɔ agbea be ede ame dzi gɔ̃ hã.

2. Aleke wosrɔ̃a nɔnɔmewoe?

2 Woate ŋu asrɔ̃ nɔnɔmewo—eɖanye nyuia alo gbegblẽa. Le nyateƒe me la, ɖe wòle be woasrɔ̃e. Esi Collier’s Encyclopedia nɔ nu ƒom tso vidzĩ kokoe ŋu la, egblɔ be: “Nɔnɔme ka kee ava su esi o, ɖe wòle be wòamae loo alo wòasrɔ̃e, abe alesi ko gbegbɔgblɔ alo aɖaŋu aɖe amae alo wòasrɔ̃e ene.” Aleke míasrɔ̃ nɔnɔmewoe? Togbɔ be nu geɖe wɔa akpa aɖe hã la, nutoa me kple hadede ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu sẽna ŋutɔ. Numekugbalẽ si míeyɔ va yi gblɔ be: “Abe alesi tsi ɖoa avɔ mee ene la, nenemae míesrɔ̃a amesiwo míedea ha kplii kplikplikpli ƒe nɔnɔmewoe alo woɖena ɖe mía ŋui.” Biblia gblɔ nya sia tɔgbe ƒe akpe geɖe enye sia be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33.

Nɔnɔme Nyui ƒe Kpɔɖeŋu

3. Amekae ɖo kpɔɖeŋu le eƒe nɔnɔme gome, eye aleke míasrɔ̃e?

3 Abe alesi Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le nu bubuwo katã mee ene la, nenema ke wòɖoe le nɔnɔme hã gomee. Egblɔ be: “Mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene.” (Yohanes 13:15) Hafi míanɔ abe Yesu ene la, ele be míasrɔ̃ nu tso eŋu gbã. * Míesrɔ̃a Yesu ƒe agbenɔnɔ kple susu be míawɔ nusi ƒe aɖaŋu apostolo Petro ɖo be: “Esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Míaƒe taɖodzinue nye be míanɔ abe alesi Yesu nɔ ene tututu alesi míate ŋui. Ema bia be míasrɔ̃ eƒe tamesusu ƒe nɔnɔme.

4, 5. Yesu ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ka dzie wohe susu yii le Romatɔwo 15:1-3, eye aleke Kristotɔwo asrɔ̃e?

4 Nukae wòbia be Kristo Yesu ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme nanɔ ame si? Agbalẽ si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo ƒe ta 15 lia akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabiaa ŋu. Paulo he susu yi Yesu ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖe dzi le ta sia ƒe kpukpui gbãtɔ ʋɛawo me esi wògblɔ be: “Ke ele na mí, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, míatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu; elabena Kristo hã medze eɖokui ŋu o, hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Amesiwo dzu wò la ƒe dzudzu va dze dzinye.’”—Romatɔwo 15:1-3.

5 Le Yesu ƒe nɔnɔme sɔsrɔ̃ me la, wode dzi ƒo na Kristotɔwo be woanɔ klalo be yewoabɔbɔ yewo ɖokui asubɔ ame bubuwo le woƒe hiahiãwo me tsɔ wu be woadi be yewoadze yewo ɖokui ŋu. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ faa ɖokuibɔbɔtɔe alea be woasubɔ ame bubuwo nye “amesiwo ŋu ŋusẽ le” ƒe nɔnɔme. Yesu, amesi sesẽ le gbɔgbɔ me wu amegbetɔ ɖesiaɖe si nɔ anyi kpɔ la gblɔ le eɖokui ŋu be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Nenema ke mí Kristotɔwo hã míedi be míadze agbagba asubɔ ame bubuwo, hekpe ɖe “amesiwo ŋu ŋusẽ mele o” ŋu.

6. Mɔ ka nue míate ŋu asrɔ̃ alesi Yesu wɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋu kple vlodoame ŋu le?

6 Nɔnɔme nyui bubu si Yesu ɖe fiae nye tamesusu kple nuwɔna ƒe kpɔɖeŋu si tua ame ɖo ɣesiaɣi. Meɖe mɔ gbeɖe be ame bubuwo ƒe nɔnɔme gbegblẽ kpɔ ŋusẽ ɖe nɔnɔme nyui si nɔ esi ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu dzi o; mele be míawo hã míaɖe mɔ o. Esime wodo vlo Yesu heti eyome le Mawu subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ta la, egbɔ dzi ɖi do dzi nyatoƒoematomatoe. Enya be amesiwo dzea agbagba be yewoawɔ nu na yewo havi ‘hena woƒe nyonyo’ la ate ŋu akpɔ mɔ be dzimaxɔsetɔ masenugɔmewo ati yewo yome.

7. Aleke Yesu gbɔ dzi ɖii, eye nukatae wòle be míagbɔ dzi ɖi nenema ke?

7 Yesu ɖe nɔnɔme si sɔ fia le go bubuwo me. Metsi dzi na Yehowa gbeɖe o ke boŋ elala Eƒe tameɖoɖowo me vava dzigbɔɖitɔe. (Psalmo 110:1; Mateo 24:36; Dɔwɔwɔwo 2:32-36; Hebritɔwo 10:12, 13) Gakpe ɖe eŋu la, Yesu metsi dzi na eƒe nusrɔ̃lawo o. Egblɔ na wo be: ‘Misrɔ̃ nu tso gbɔnye’; esi wònye ‘ame fatu’ ta la, eƒe nufiame tua ame ɖo hefaa dzi na ame. Eye esi ‘wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me’ ta la, meƒoa adegbe alo doa eɖokui ɖe dzi gbeɖe o. (Mateo 11:29) Paulo de dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Yesu ƒe nɔnɔme siawo esi wògblɔ be: “Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ hã la, mebui nuhahae bena, [eya] kple Mawu sɔ o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame tɔ ene.”—Filipitɔwo 2:5-7.

8, 9. (a) Nukatae wòle be míadze agbagba atu ɖokuitɔmadimadi ƒe nɔnɔme ɖo? (b) Nukatae mele be dzi naɖe le mía ƒo ne míete ŋu srɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo la tututu o, eye aleke Paulo nye kpɔɖeŋu nyui le esia gomee?

8 Ele bɔbɔe be míagblɔ be míedi be míasubɔ amewo eye míedi be míatsɔ woƒe hiahiãwo aɖo ŋgɔ na mía ŋutɔwo tɔ. Gake míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme me dzodzro anukwareɖiɖitɔe ate ŋu aɖee afia be metso míaƒe dzi blibo me o. Nukatae? Gbã, esi míenyi ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme dome tso Adam kple Xawa gbɔ tae; evelia, le esi míele xexe si lɔ̃a ɖokuitɔdidi me tae. (Efesotɔwo 4:17, 18) Zi geɖe la, ɖokuitɔmadimadi ƒe nɔnɔme tutuɖo fia be míatu tamesusu ƒe nɔnɔme si to vovo na blibomademade ƒe nɔnɔme si míedzɔ kplii la ɖo. Ema bia tameɖoɖo kplikpaa kple agbagbadzedze.

9 Míaƒe blibomademade si dzena gaglã eye wòto vovo tso kpɔɖeŋu deblibo si Yesu ɖo na mí gbɔ ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo ɣeaɖewoɣi. Ðewohĩ míake ɖi abu be ɖe wòanya wɔ be Yesu ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme nasu mía si hã. Gake se nya dedziƒoname siwo Paulo gblɔ ɖa: “Menyae bena, le menye—egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la—nu nyui aɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o. Elabena menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ. Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.” (Romatɔwo 7:18, 19, 22, 23) Nyateƒee, Paulo ƒe blibomademade xea mɔ nɛ enuenu be mete ŋu wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu alesi wòdii o, gake eƒe nɔnɔme—si nye alesi wòbua tamee kple alesi wòsena le eɖokui me ɖe Yehowa kple Eƒe se ŋu—nye kpɔɖeŋu. Míawo hã míatɔ ate ŋu anye kpɔɖeŋu.

Nɔnɔme Gbegblẽwo Ðɔɖɔ Ðo

10. Tamesusu ƒe nɔnɔme kae Paulo de dzi ƒo na Filipitɔwo be woatu ɖo?

10 Ðe wòate ŋu adzɔ be ahiã be ame aɖewo naɖɔ nɔnɔme gbegblẽ aɖe ɖoa? Ẽ. Edze ƒã be enɔ nenema le Kristotɔ aɖewo gome le ƒe alafa gbãtɔa me. Paulo ƒo nu tso nɔnɔme nyui ƒe amesinɔnɔ ŋu le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Filipitɔwo me. Eŋlɔ be: “Menye ɖe nye asi su edzi [dziƒogbenɔnɔ to tsitretsitsi gbãtɔa dzi] xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. Nɔvinyewo, nye ŋutɔ nyemebu ɖokuinye bena, nye asi su edzi haɖe o. Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me. Eyaŋuti ame alesi nu le blibo le mía dome la, minɛ míasusu esia ke.”Filipitɔwo 3:12-15, míawoe te gbe ɖe edzi.

11, 12. Mɔ kawoe nue Yehowa ɖea tamesusu ƒe nɔnɔme nyuitɔ fiaa mí le?

11 Paulo ƒe nyawo ɖee fia be ne amesi va zu Kristotɔ mese le eɖokui me be ehiã be yeawɔ ŋgɔyiyi o la, ke nɔnɔme gbegblẽ le esi. Edo kpo Kristo ƒe nukpɔsusu sɔsrɔ̃. (Hebritɔwo 4:11; Petro II, 1:10; 3:14) Ðe wɔna aɖeke megale amesia ƒe nɔnɔmea ŋu oa? Mele nenema kura o. Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatrɔ míaƒe nɔnɔme ne míedi be míatrɔ ko. Paulo yi edzi gblɔ be: “Ne miesusua nu bubu le nane me la, Mawu aɖe esia ke hã afia mi.”—Filipitɔwo 3:15.

12 Gake ne míedi be Yehowa naɖe tamesusu nyuitɔ afia mí la, ke ele be míawɔ mía tɔ sinua. Gbedodoɖa ahasrɔ̃ Mawu ƒe Nya to Kristotɔwo ƒe agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nana dzi akpe ɖe amesiwo ‘susua nu bubu’ ŋu be woatu nɔnɔme nyuitɔ ɖo. (Mateo 24:45) Adzɔ dzi na Kristotɔ hamemegã siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo be ‘woakplɔ Mawu ƒe hamea’ be woana kpekpeɖeŋu mí. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be Yehowa bua míaƒe blibomademadewo ŋu hekpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe! Mina míaxɔe.

Nusɔsrɔ̃ tso Ame Bubuwo Gbɔ

13. Nukae míesrɔ̃ tso nɔnɔme nyui ŋu le Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Hiob ŋu me?

13 Paulo ɖee fia le Romatɔwo ta 15 be ŋugbledede le ŋutinya me kpɔɖeŋuwo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ míaƒe nɔnɔme ɖo. Eŋlɔ be: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Eva hiã be Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo siwo nɔ anyi le blema naɖɔ woƒe nɔnɔme aɖewo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔme nyui nɔ Hiob si le nu geɖe me. Megblɔ kpɔ be Yehowa gbɔe vɔ̃ tso o, eye meɖe mɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be fukpekpe na megaka ɖe Mawu dzi o. (Hiob 1:8, 21, 22) Ke hã ebu be yeƒe nya dzɔ. Yehowa dɔ Elihu be wòakpe ɖe Hiob ŋu wòaɖɔ susu sia ɖo. Le esi teƒe be Hiob nabu be wodo nu ɖe ye gbɔ la, ebɔbɔ eɖokui lɔ̃ be ele be yeatrɔ yeƒe nɔnɔme eye wòdze egɔme enumake.—Hiob 42:1-6.

14. Aleke míate ŋu awɔ nu abe Hiob ene ne woɖo aɖaŋu na mí le míaƒe nɔnɔme ŋu?

14 Ðe míawɔ nu abe Hiob ene ne hati Kristotɔ aɖe gblɔ na mí dɔmenyotɔe be nɔnɔme gbegblẽ aɖe le dzedzem le mía ŋua? Abe Hiob ene la, negadzɔ gbeɖe be ‘míabu vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o.’ (Hiob 1:22) Ne míekpe fu madzemadzee la, negava eme gbeɖe be míato nyatoƒoe alo abu fɔ Yehowa ɖe míaƒe fukpekpewo ta o. Mina míagasusu be míedze o, eye míaɖo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔ ka kee ɖale mía si le Yehowa subɔsubɔ me o, ‘dɔla madzemadzewo koe míeganye.’—Luka 17:10.

15. (a) Nɔnɔme manyomanyo kae Yesu yomedzela aɖewo ɖe fia? (b) Aleke Petro ɖe nɔnɔme nyui fiae?

15 Le ƒe alafa gbãtɔa me la, amesiwo se Yesu ƒe nyawo dometɔ aɖewo meɖe nɔnɔme nyui fia o. Yesu gblɔ nya aɖe si gɔme sese sesẽ ɣeaɖeɣi. Ewɔe be esi “eƒe nusrɔ̃lawo dome ame geɖewo, [se nyaa] la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?” Edze ƒã be nɔnɔme gbegblẽ nɔ amesiwo ƒo nu alea si. Eye woƒe nɔnɔme gbegblẽa wɔe be wodzudzɔ Yesu ƒe nyawo sese. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tso esia dzi la eƒe nusrɔ̃lawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.” Wo katã sie nɔnɔme gbegblẽ nɔa? Ao. Nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ be: “Tete Yesu gblɔ na ame wuieveawo bena: Alo miawo hã ɖe miele didim be, miadzo mahã? Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã?” Ewɔe be Petro ɖo nya ŋu na eɖokui be: “Agbe mavɔ nyawo le asiwò.” (Yohanes 6:60, 66-68) Nɔnɔme nyui ka gbegbee nye si! Ne míedo go Ŋɔŋlɔawo me ɖeɖe aɖewo alo gɔmesese yeye aɖewo eye ɖewohĩ wòsesẽ na mí le gɔmedzedzea be míaxɔ wo la, ɖe manyo be míaɖe nɔnɔme si nɔ Petro si afia oa? Aleke gbegbe wòanye bometsinue nye si be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ alo míagblɔ nya siwo atsi tre ɖe ‘nya siwo le blibo’ ŋu le esi nya aɖewo gɔmesese sesẽ le gɔmedzedzea me dzaa ta!—Timoteo II, 1:13.

16. Nɔnɔme wɔmoyaa kae Yuda-subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli ɖe fia?

16 Yuda-subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me do kpo tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Yesu si ɖeɖe fia. Alesi woɖoe kplikpaa be yewomaɖo to Yesu o la dze esime wòfɔ Lazaro tso ame kukuwo dome. Amesiame si si nɔnɔme nyui le akpɔ nukunu ma be enye kpeɖodzi vavã be Mawue dɔ Yesu. Gake míexlẽ be: “Tete la nunɔlagãwo kple farisitɔwo kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm. Ne míena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe anyigba kple míaƒe dukɔ le mía si.” Nukae woɖo be yewoawɔ le nyaa ŋu? “Tso ŋkeke ma dzi la woɖo bena, yewoawui.” Tsɔ kpe ɖe nugbe si woɖo be yewoawu Yesu ŋu la, wote kpɔ be yewoawu kpeɖodzi gbagbe si fia be enye nukunuwɔla la. “Nunɔlagãwo ɖo bena, yewoawu Lazaro hã.” (Yohanes 11:47, 48, 53; 12:9-11) Aleke gbegbe wòanyɔ ŋui enye si ne nɔnɔme sia tɔgbe va ɖo mía me kaka wòazu be nusiwo ŋu wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo nyateƒe hafi la nave dɔme na mí alo aɖe fu na mí! Ẽ, nugblẽnu ka gbegbee nye si wòanye!

Kristo ƒe Nɔnɔme Nyui la Sɔsrɔ̃

17. (a) Nɔnɔme kawo mee Daniel mevɔ̃ le o? (b) Aleke Yesu ɖee fia be dzi nɔ ye ƒo?

17 Nɔnɔme nyui nɔa Yehowa subɔlawo si ɣesiaɣi. Esi Daniel ƒe futɔwo ɖo nugbe be yewoana woade se bene woagabia nu mawu alo amegbetɔ aɖeke o negbe fia la ko hena ŋkeke 30 la, Daniel nya be etsi tre ɖe ye kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo ŋu. Ðe wòagbe gbe dodo ɖa na Mawu le ŋkeke 30 ma mea? Ao, eyi edzi do gbe ɖa na Yehowa zi etɔ̃ gbesiagbe vɔvɔ̃manɔmee, abe alesi wòwɔna ɖaa ene. (Daniel 6:7-18) Nenema ke Yesu hã mena vɔvɔ̃ ɖoe le eƒe futɔwo ta o. Edo go ŋutsu aɖe si ƒe asi titi lé le Sabat ŋkeke aɖe dzi. Yesu nya be madze Yudatɔ siwo nɔ afima dometɔ geɖe ŋu ne yeda dɔ le Sabat dzi o. Ebia wo kã be woagblɔ alesi wosusu le nyaa ŋu. Esi wozi kpi la, Yesu da gbe le ŋutsua ŋu. (Marko 3:1-6) Medzɔ kpɔ be Yesu vɔ̃ eƒe dɔdasi wɔwɔ esi wòkpɔ be esɔ be yeawɔe o.

18. Nukatae ame aɖewo tsia tre ɖe mía ŋu, gake aleke wòle be míawɔ nu ɖe woƒe nɔnɔme gbegblẽa ŋui?

18 Egbea la, Yehowa Ðasefowo kpɔe be mele be alesi tsitretsiɖeŋulawo atso ɖe yewo ŋu la nana yewo hã yewoavɔ̃ gbeɖe o. Ne wovɔ̃ la, ke womate ŋu aɖe Yesu ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme afia o. Ame geɖe tsia tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le alesi wo dometɔ aɖewo menya nyateƒe si le nya aɖewo me o ta, eye le bubuwo gome la, Ðasefowo alo woƒe gbedasiae wolé fui tae. Gake migana míana woƒe fulélenuwɔnaa nagblẽ mía tɔ nyuia dome gbeɖe o. Mele be míana ame bubuwo naɖo alesi wòle be míasubɔe na mí gbeɖe o.

19. Aleke míaɖe tamesusu ƒe nɔnɔme si le abe Yesu Kristo tɔ ene afia?

19 Ɣesiaɣi la, nukpɔsusu nyui nɔa Yesu si ɖe eyomedzelawo kple Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu, aleke ke ewɔwɔ sesẽe hã. (Mateo 23:2, 3) Ele be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Ele eme baa be mía nɔviwo nye ame madeblibowo, gake nenemae míawo hã míele. Eye afikae míate ŋu akpɔ zɔhɛ nyuitɔwo kple xɔlɔ̃ wɔnuteƒe adodoewo le wu míaƒe xexeame godoo nɔvihabɔbɔa me? Yehowa mena míese eƒe Nya si woŋlɔ la me keŋkeŋ haɖe o, gake subɔsubɔha kae se egɔme wu? Mina tamesusu ƒe nɔnɔme nyuitɔ, si nye Yesu Kristo ƒe tamesusu, nanɔ mía si ɣesiaɣi. Nusiwo wòlɔ ɖe eme ƒe ɖee nye be míanya alesi míalala akpɔ Yehowa sinu, abe alesi míadzro eme le nyati si kplɔe ɖo me ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋu.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke míaƒe nɔnɔme kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzii?

• Ƒo nu tso Yesu Kristo ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ŋu.

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Hiob ƒe nɔnɔme ŋu?

• Nɔnɔme nyui kae wòle be wòanɔ mía si ne wotsi tre ɖe mía ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Kristotɔ si si nɔnɔme nyui le dzea agbagba be yeakpe ɖe amewo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Gbedodoɖa asrɔ̃ Mawu ƒe Nya akpe ɖe mía ŋu be míatu Kristo ƒe tamesusu ɖo