‘O Mawu, Ðo Wò Kekeli Ða’
‘O Mawu, Ðo Wò Kekeli Ða’
“Ðo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa, ne woakplɔm.”—PSALMO 43:3.
1. Aleke Yehowa ɖea eƒe tameɖoɖowo fianae?
YEHOWA bua ame ŋu ŋutɔ le alesi wòɖea eƒe tameɖoɖowo fiaa esubɔlawoe me. Le esi teƒe be wòaɖe nyateƒea ɖe go kpoyi zi ɖeka abe kekeli ƒe keklẽ si ate ŋu agbã ŋku na ame ene la, efiaa nu mí vivivi boŋ. Míate ŋu atsɔ agbemɔ si dzi zɔm míele la asɔ kple mɔzɔla si le afɔmɔ legbee aɖe zɔm. Edze mɔ fɔŋli eye menye nusianue wòkpɔna nyuie o. Esi agu te dzedze ʋɛʋɛʋɛ le adzɔge ɖaa la, mɔzɔla la te ŋu dea dzesi nusiwo ƒo xlãe dometɔ ʋɛ aɖewo. Ekpɔa nu mamlɛawo flufluflu. Gake ne ɣea gale dzi yim ɖe
edzi la, ete ŋu kpɔa nu le adzɔge ʋĩ wu tsã. Nenemae wòle le gbɔgbɔmekekeli si Mawu nana hã gome. Ena míesea nya ʋɛ aɖewo gɔme le ɣeyiɣi aɖe me. Mɔ ma nue Mawu Vi, Yesu Kristo, hã na gbɔgbɔmenuwo me kɔ le. Mina míade ŋugble le alesi Yehowa kɔ nu me na eƒe amewo le blemaɣeyiɣiwo me kple alesi wòle ewɔm egbea hã ŋu.2. Aleke Yehowa na numekɔkɔ le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli me?
2 Anye Korax-viwoe kpa Psalmo 43 lia. Esi wonye Lewi-viwo ta la, mɔnukpɔkpɔ su wo si wofia Mawu ƒe Sea dukɔa. (Maleaxi 2:7) Le nyateƒe me la, Yehowae nye woƒe Nufiala Gãtɔ, eye wodze sii be enye nunyawo katã Tsoƒe. (Yesaya 30:20) Hakpala do gbe ɖa gblɔ be: “Mawu, . . . ɖo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa, ne woakplɔm.” (Psalmo 43:1, 3) Zi alesi Israel-viwo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa ko la, efiaa eƒe mɔwo wo. Ƒe alafa geɖe megbe la, Yehowa ve wo nu be kekeli kple nyateƒe ƒomevi aɖe si ɖe dzesi wu ɖesiaɖe la su wo si. Mawu na wòsu wo si esime wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi.
3. Mɔ ka nue wotsɔ Yesu ƒe nufiafia do Yudatɔwo kpɔ le?
3 Esime Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo nye amegbetɔ la, enye “xexeame ƒe kekeli.” (Yohanes 8:12) Eto ‘kpɔɖeŋuwo wɔwɔ dzi’ fia nu geɖe ameawo—wonye nu yeyewo sɔŋ. (Marko 4:2) Egblɔ na Pontio Pilato be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o.” (Yohanes 18:36) Nukpɔsusu yeyee wònye na Romatɔ ma eye nenema tututue wònye na Yudatɔ dulɔ̃lawo hã, elabena wosusu be Mesia la aɖu Roma Fiaɖuƒea dzi eye wòagana ŋutikɔkɔe si nɔ Israel ŋu tsã la nagaɖo eŋu. Kekeli si tso Yehowa gbɔe Yesu na wònɔ keklẽm, gake eƒe nyawo medze Yuda-dziɖula siwo “[lɔ̃a] amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu” la ŋu o. (Yohanes 12:42, 43) Edze ameawo dometɔ geɖe ŋu be yewoalé amegbetɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi tsɔ wu be yewoaxɔ gbɔgbɔ me kekeli kple nyateƒe tso Mawu gbɔ.—Psalmo 43:3; Mateo 13:15.
4. Aleke míewɔ nya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe nugɔmesese anɔ dzidzim ɖe edzi?
4 Gake ŋutsu kple nyɔnu dzianukwaretɔ ʋɛ aɖewo xɔ nyateƒenya si Yesu fia dzi se. Wowɔ ŋgɔyiyi ʋɛʋɛʋɛ le Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔmesese me. Gake esi woƒe Nufiala ƒe anyigbadzigbenɔɣi nɔ enu wum la, nu geɖe ganɔ anyi wòle be woagasrɔ̃. Yesu gblɔ na wo be: “Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi; gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.” (Yohanes 16:12) Ẽ, Mawu ƒe nyateƒea gɔme sese anɔ dzidzim ɖe edzi na nusrɔ̃laawo.
Kekelia Kpɔtɔ le Keklẽm
5. Biabia kae do mo ɖa le ƒe alafa gbãtɔa me, eye amekawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ egbɔ?
5 Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, kekeli si tso Mawu gbɔ gaklẽ ɖe edzi wu tsã. Le ŋutega aɖe si wona Petro kpɔ me la, Yehowa ɖee fia be tso ɣemaɣi dzi la, Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo ate ŋu azu Kristo yomedzelawo. (Dɔwɔwɔwo 10:9-17) Ðeɖefiae wònye! Gake biabia aɖe do mo ɖa emegbe be: Ðe Yehowa bia tso Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ mawo si be woatso aʋa le Kristotɔ zuzu vɔ megbea? Womeɖo biabia ma ŋu le ŋutegaa me o, eye nyaa va zu esi ŋu Kristotɔawo he glãka sesẽ le. Ele be woakpɔ ta nɛ, ne menye nenema o la, agblẽ woƒe ɖekawɔwɔ xɔasia me. Eyata ‘apostoloawo kple hamemegã siwo nɔ Yerusalem va kpe ta be yewoakpɔ nyaa me ɖa.’—Dɔwɔwɔwo 15:1, 2, 6.
6. Ðoɖo ka dzie apostoloawo kple hamemegãwo zɔ ɖo esime wonɔ ŋugble dem le aʋatsotso ƒe nyaa ŋu?
6 Aleke amesiwo nɔ kpekpea me awɔ anya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔawo? Yehowa medɔ mawudɔla aɖeke ɖa be wòava kpɔ numedzodzroawo dzi o, eye menye ɖe wòna amesiwo nɔ kpekpea me kpɔ ŋutega aɖeke hã o. Ke hã, womegblẽ apostoloawo kple hamemegãawo ɖe yame mɔfiafia manɔanyii o. Wode ŋugble le ɖaseɖiɖi siwo Yudatɔ Kristotɔ aɖewo gblɔ tso alesi wokpɔe be Mawu te nuwɔwɔ kple dukɔ tutɔwo me tɔwo hele eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kɔm ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo dzi la ŋuti. Woku Ŋɔŋlɔawo hã me hena mɔfiafia. Ewɔe be nusrɔ̃la Yakobo do susu aɖe ɖa si nɔ te ɖe ŋɔŋlɔ aɖe si kɔ nu me dzi. Esi wonɔ Dɔwɔwɔwo 15:12-29; 16:4.
ŋugble dem le kpeɖodzinyaawo ŋu la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu va dze kɔte. Mele be woatso aʋa na dukɔ tutɔwo me tɔwo hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Apostoloawo kple hamemegãawo megblẽ ɣeyiɣi kura le nyametsotsoa ŋɔŋlɔ me ɖo ɖe hati Kristotɔwo be wòafia mɔ wo o.—7. Mɔ ka nue ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nɔ ŋgɔ yim le?
7 To vovo na Yuda-subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo ku ɖe wo tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu la, dzi dzɔ Yudatɔ Kristotɔ akpa gãtɔ esi woxɔ nugɔmesese yeye ɖedzesi sia si ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo na dukɔ tutɔwo me tɔwo ŋu, togbɔ be lɔlɔ̃ ɖe edzi bia be woatrɔ nukpɔsusu si nɔ wo si ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo ŋu hã. Yehowa yra ɖe woƒe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔmea dzi, eye “ŋusẽ ɖo hameawo ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.”—Dɔwɔwɔwo 15:31; 16:5.
8. (a) Aleke míewɔ nya be woagate ŋu akpɔ mɔ na kekeli geɖe ne ƒe alafa gbãtɔa wu enu gɔ̃ hã? (b) Biabia vevi kawo mee míadzro?
8 Gbɔgbɔmekekeli gayi edzi klẽ le ƒe alafa gbãtɔa katã me. Gake Yehowa meɖe eƒe tameɖoɖowo ƒe akpa sia akpa fia ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo o. Apostolo Paulo gblɔ na ƒe alafa gbãtɔ me haxɔsetɔwo be: “Azɔ la míekpɔa nu le [ahuhɔ̃e] me le abebubu me.” (Korintotɔwo I, 13:12) Ahuhɔ̃e ma ƒe nukpɔkpɔ me mekɔ boo o. Eyata gbã la, gbɔgbɔmenyawo gɔme sese mede to o. Le apostoloawo ƒe ku megbe la, kekelia megava klẽ nyuie o ɣeyiɣi aɖe, gake le fifi ɣeyiɣiwo me la, Ŋɔŋlɔawo gɔme sese va dzi ɖe edzi. (Daniel 12:4) Aleke Yehowa kɔa nu me na eƒe amewo egbea? Eye aleke wòle be míawɔ nui ne wòkeke alesi míese Ŋɔŋlɔawo me xoxo la ɖe edzi?
Kekelia Le Kɔkɔm Ðe Edzi Vivivi
9. Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe mɔnu tɔxɛ si ɖea vi kae Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔwo zã?
9 Keklẽ gbãtɔ, si meklẽ nyuie o dze le míaƒe egbeŋkekeawo me le ƒe alafa 19 lia ƒe akpa enelia me esime ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ veviedodotɔe. Woto Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe mɔnu nyui aɖe vɛ. Ame ɖeka biaa nya; emegbe ƒuƒoƒoa nɔa te ɖe Ŋɔŋlɔawo me kpukpuiwo dzi lénɛ kpɔna. Ne wòwɔ abe ɖe Biblia ƒe kpukpui aɖe tsi tre ɖe nɔvia ŋu ene la, Kristotɔ dzianukwaretɔ siawo dzea agbagba be yewoakpɔ ɖekawɔwɔ si le evea dome. To vovo na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la, Biblia Nusrɔ̃viawo (si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi) ɖoe kplikpaa be yewoana
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nafia mɔ yewo, ke menye kɔnyinyi alo nukpɔsusu siwo amegbetɔwo ɖo anyi o. Ne wode ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo li la katã ŋu vɔ la, woŋlɔa woƒe nyametsotsowo dana ɖi. To mɔ sia dzi la, Biblia ƒe gɔmedzenufiafia geɖe me va kɔ na wo ɖe edzi.10. Biblia-srɔ̃gbalẽ nyui kawoe Charles Taze Russell ŋlɔ?
10 Amesi ɖe dzesi le Biblia Nusrɔ̃viawo domee nye Charles Taze Russell. Eŋlɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ nyui vovovo ade siwo woyɔ be Studies in the Scriptures. Nɔviŋutsu Russell ɖoe be yeagaŋlɔ babla adrelia si aɖe Biblia-gbalẽ siwo nye Xezekiel kple Nyaɖeɖefia me. Egblɔ be: “Ne menya ke ɖe gɔmesesea ŋu ko la, maŋlɔ Babla Adrelia.” Gake egblɔ kpee be: “Ne Aƒetɔ la na ame bubu ke ɖe gɔmesesea ŋu la, ate ŋu aŋlɔe.”
11. Ƒomedodo kae le ɣeyiɣi kple alesi míesea Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔmee dome?
11 Nya si C. T. Russell gblɔ míeyɔ va yi la ɖe nane si wɔa akpa vevi aɖe le Biblia ƒe kpukpui aɖewo gɔmesese me fia—eyae nye ɣeyiɣi. Nɔviŋutsu Russell nya be yemate ŋu azi kekelia dzi be wòaklẽ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa dzi o abe alesi afɔmɔzɔla mate ŋu able ɣea nu be wòadze do ŋgɔ na eƒe ɣeyiɣiɖoɖi o ene.
Woɖe Wo Fia—Gake Le Mawu ƒe Ɣeyiɣiɖoɖi Dzi
12. (a) Ɣekaɣie Biblia ƒe nyagblɔɖi gɔme nya sena wu? (b) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Biblia ƒe nyagblɔɖi gɔme sese nɔ te ɖe Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
12 Abe alesi wònye be le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe ko hafi apostoloawo se nya siwo wogblɔ ɖi le Mesia la ŋu gɔmee ene la, egbea hã Biblia ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme vɔ hafi Kristotɔwo sea wo gɔme tsitotsito. (Luka 24:15, 27; Dɔwɔwɔwo 1:15-21; 4:26, 27) Nyagblɔɖigbalẽe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa nye, eyata ele be míakpɔ mɔ be ne nya siwo wogblɔ le eme le eme vam hafi ko míate ŋu ase wo gɔme nyuie wu. Le kpɔɖeŋu me, C. T. Russell mate ŋu ase nusi kpɔɖeŋu lã wɔadã dzĩ si woyɔ le Nyaɖeɖefia 17:9-11 tsi tre ɖi na gɔme pɛpɛpɛ o, elabena habɔbɔ siwo wòtsi tre ɖi na, siwo nye Dukɔwo ƒe Nubabla la kple Dukɔ Ƒoƒuawo, menɔ anyi gɔ̃ hã o vaseɖe eƒe ku megbe hafi. *
13. Nukae dzɔna ɣeaɖewoɣi ne kekeli klẽ ɖe Biblia me nyati aɖewo dzi?
13 Esi Kristotɔ gbãtɔwo se be Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo ate ŋu azu haxɔsetɔwo la, tɔtrɔ ma na biabia yeye aɖe do mo ɖa ku ɖe dukɔ tutɔwo me tɔwo ƒe aʋatsotso ŋu, nenye be ehiã alo mehiã o. Nusia ʋã apostoloawo kple hamemegãawo be wogbugbɔ dzro aʋatsotso ƒe nya bliboa me. Ðoɖo ma nue nuwo yina ɖo egbea hã. Ne kekeli klẽ ɖe Biblia me nyati aɖe dzi nyuie la, ɣeaɖewoɣi eʋãa Mawu subɔla amesiamina siwo nye ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelawo’ be wogbugbɔ dzroa nyati siwo do ƒome kplii me, abe alesi nyitsɔ laa ƒe kpɔɖeŋu siwo gbɔna ɖee fia ene.—Mateo 24:45.
14-16. Aleke asitɔtrɔ le nukpɔsusu si nɔ mía si le gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe alesi míese Xezekiel ta 40 vaseɖe 48 gɔmee dzi?
14 Le ƒe 1971 me la, wota Xezekiel ƒe nyagblɔɖia me ɖeɖe aɖe ɖe agbalẽ si nye “The Nations Shall Know That I Am Jehovah”—How? me. Agbalẽ ma ƒe ta aɖe ƒo nu tso gbedoxɔ ƒe ŋutega si Xezekiel kpɔ ŋu kpuie. (Xezekiel, ta 40-48) Ɣemaɣi la, alesi Xezekiel ƒe gbedoxɔ ŋutega la ava eme le xexe yeyea me ŋu koŋue numeɖeɖea ku ɖo.—Petro II, 3:13.
15 Gake nyati eve aɖewo siwo wota ɖe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1972, tɔ me kpɔ ŋusẽ ɖe alesi míese Xezekiel ƒe ŋutega la gɔmee dzi. Woƒo nu tso gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si apostolo Paulo ɖɔ le Hebritɔwo ta 10 ŋu. Gbetakpɔxɔa ɖe eme be gbɔgbɔmegbedoxɔa
ƒe Kɔkɔeƒea kple xɔxɔnu emetɔa ku ɖe nɔnɔme si me amesiaminawo le le woƒe anyigbadzinɔɣi ŋu. Esi wogava dzro Xezekiel ta 40 vaseɖe 48 me le ƒe aɖewo megbe la, míeva dze sii be alesi gbɔgbɔmegbedoxɔa le dɔ wɔm egbeae la, nenema ke wòle be gbedoxɔ si Xezekiel kpɔ le ŋutega me hã nanɔ dɔ wɔm egbeae. Le mɔ ka nu?16 Wokpɔ nunɔlawo le Xezekiel ƒe ŋutegaa me be wonɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo henɔ to siwo me tɔwo menye nunɔlawo o la subɔm. Edze ƒã be nunɔla siawo tsi tre ɖi na ‘fia nunɔla’ siwo nye Yehowa subɔla amesiaminawo. (Petro I, 2:9) Gake womasubɔ le gbedoxɔa ƒe anyigbadzixɔxɔnu le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua katã me o. (Nyaɖeɖefia 20:4) Ne manye le ƒe akpe ɖeka la katã me o la, ke amesiaminaawo asubɔ Mawu le gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea, si nye “dziƒo ŋutɔ,” le ƒe akpe ɖeka la ƒe akpa gãtɔ me. (Hebritɔwo 9:24) Esi míekpɔ be nunɔlawo nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le Xezekiel ƒe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo ta la, egbeae ŋutega la le eme vam, esi amesiaminaawo dometɔ aɖewo kpɔtɔ le anyigba dzi. Eyatae nyati sia ŋuti nukpɔsusu si ŋu wotrɔ asi le la dze le magazine sia ƒe March 1, 1999, tɔ me. Eyata vaseɖe keke ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu ke la, woganɔ gbɔgbɔmekekeli klẽm ɖe Xezekiel ƒe nyagblɔɖia dzi.
Lɔ̃ Faa be Yeatrɔ Yeƒe Nukpɔsusu
17. Wò ŋutɔ wò nukpɔsusu kawo ŋue nèwɔ asitɔtrɔ le tso esime nèva dze si nyateƒea, eye vi kae wòɖe na wò?
17 Ele be amesiame si di be yeadze si nyateƒea nalɔ̃ be ‘yeaɖe aboyo yeƒe nukpɔsusu ɖesiaɖe bene yeaɖo to Kristo.’ (Korintotɔwo II, 10:5) Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, vevietɔ ne nukpɔsusuawo ƒo ke ɖe to le ame me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ hafi nàva srɔ̃ Mawu ƒe nyateƒea la, subɔsubɔŋkekenyui aɖewo ɖuɖu kple ƒowòmetɔwo dzɔa dzi na wò. Esi nète Biblia sɔsrɔ̃ vɔ megbe la, èva dze sii be le nyateƒe me la, trɔ̃subɔsubɔ mee azãɖuɖu siawo dzɔ tso. Ðewohĩ gbã la, mèdi be yeatsɔ nusiwo srɔ̃m yenɔ awɔ dɔe o. Gake mlɔeba la, lɔlɔ̃ na Mawu nu va sẽ wu subɔsubɔ ƒe seselelãmewo, eye nèdzudzɔ gomekpɔkpɔ le azãɖuɖu siwo medzea Mawu ŋu o me. Ðe Yehowa meyra ɖe wò nyametsotsoa dzi oa?—Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 11:25.
18. Aleke wòle be míawɔ nui ne wogava kɔ alesi míese Biblia ƒe nyateƒe aɖe gɔmee la me?
18 Ɣesiaɣi si míewɔ nu ɖe Mawu ƒe mɔwo nu la, eɖea vi na mí. (Yesaya 48:17, 18) Eyata ne wova kɔ nukpɔsusu si nɔ mía si ku ɖe Biblia ƒe kpukpui aɖe ŋu me la, mina míakpɔ dzidzɔ ɖe alesi nyateƒea le ŋgɔ yimee ŋu! Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ be woayi edzi aɖe nuwo me na mí ɖo kpe edzi be míele mɔ dzɔdzɔetɔ dzi. “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.” (Lododowo 4:18) Nyateƒe wònye be fifia la, míekpɔa Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa aɖewo ‘flufluflu.’ Gake ne Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖia de la, míakpɔ nyateƒea ƒe akpa sia akpa nyuie, ne míaƒe afɔwo kpɔtɔ li ke sesĩe le ‘toƒea’ ko. Vaseɖe esime ɣeyiɣi ma naɖo la, neva eme be míakpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒe siwo me Yehowa kɔ ŋu, eye míanɔ esiwo me mekɔ nyuie haɖe o la ƒe me kɔkɔ lalam.
19. Mɔ siwo nu míate ŋu aɖee afia le be míelɔ̃ nyateƒea dometɔ ɖekae nye ka?
19 Aleke míaɖee afia le mɔ nyuitɔ nu be míelɔ̃ kekelia? Mɔ ɖekae nye be míanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm edziedzi—míaxlẽe gbesiagbe ne wòanya wɔ. Ðe nèle zɔzɔm ɖe Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo aɖe dzia? Gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui gbogbo
aɖewo hã nɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo me na mí. Azɔ hã de ŋugble le agbalẽwo, agbalẽ gbadzawo, kple agbalẽ bubu siwo wota le míaƒe viɖe ta ŋu kpɔ. Ke Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋuti nyatakaka dedziƒoname siwo wotana ɖe Yearbook of Jehovah’s Witnesses me hã ɖe?20. Ƒomedodo kae le kekeli kple nyateƒe si tsoa Yehowa gbɔ kpakple esi míekpɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me dome?
20 Ẽ, Yehowa ɖo gbedodoɖa si dze le Psalmo 43:3 me ŋu le mɔ wɔnuku aɖe nu. Nya si dze le kpukpui ma ƒe nuwuwu míexlẽe nye be: ‘Wò kekeli kple nyateƒea nekplɔm yi wò agbadɔ gã la gbɔ.’ Ðe nèle mɔ kpɔm be yeanɔ ame bubu gbogbo aɖewo dome asubɔ Yehowa? Gbɔgbɔmenufiame siwo wonana le míaƒe kpekpewo me nye mɔ vevi aɖe si dzi Yehowa tona kɔa nu me na mí egbea. Nukae míate ŋu awɔ be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu nade to ɖe edzi? Míele kpewòm be nàna míadzro nya sia me gbedodoɖatɔe le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 12 Le C. T. Russell ƒe ku megbe la, wota agbalẽ aɖe si wogblɔ be enye Studies in the Scriptures ƒe babla adrelia si me wodze agbagba le be woaɖe Xezekiel kple Nyaɖeɖefia gbalẽwo me. Wotu babla sia me nyawo ƒe akpa aɖewo ɖe nya siwo Russell gblɔ le Biblia-gbalẽ siawo ŋu va yi dzi. Gake ɣeyiɣi si me woaɖe nyagblɔɖi siawo ƒe gɔmesese ɖe go la mede haɖe o, eye míagblɔe gbadzaa be numeɖeɖe si wona le Studies in the Scriptures ƒe babla ma me la me mekɔ nyuie o. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa ƒe amenuveve kpakple xexeame nudzɔdzɔwo na Kristotɔwo se nyagblɔɖigbalẽ mawo gɔme nyuie wu.
Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?
• Nukatae Yehowa ɖea eƒe tameɖoɖowo fiana vivivi?
• Aleke apostoloawo kple hamemegã siwo nɔ Yerusalem kpɔ aʋatsotsonya la gbɔe?
• Biblia-srɔ̃mɔnu kae Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔwo zãna, eye nukatae wòle etɔxɛ?
• Wɔ alesi gbɔgbɔmekekeli klẽna le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi ƒe kpɔɖeŋu.
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Charles Taze Russell nya be kekeli aklẽ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa dzi le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi