1924—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia
“ƑE SIA ƒe gɔmedzedze nye ɣeyiɣi nyui aɖe na Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ ɖe sia ɖe . . . be wòadi mɔnukpɔkpɔwo awɔ dɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.” Nya siawoe January 1924 ƒe Nyatakakagbalẽvia a gblɔ. Esi ŋkekeawo va nɔ yiyim la, Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi le mɔ eve nu. Gbã, dzi nɔ wo ƒo woɖe afɔ aɖewo, eye evelia, woɖe gbeƒã vɔvɔ̃manɔmee.
WOÐO RADIODƆWƆƑE
Nɔvi siwo le Betel wɔ dɔ vevie ƒe ɖeka kple edzivɔ be yewoaɖo radiodɔwɔƒe si nye WBBR ɖe Staten Island le New York City. Esi wodzra anyigbaa dzi ɖo vɔa, wotu xɔ gã aɖe si me dɔwɔlawo anɔ, eye wotu xɔ bubu aɖe ɖe vovo si me mɔ̃awo anɔ. Esi wowu xɔtudɔa nu la, nɔviawo dze agbagba ƒo mɔ̃ siwo hiã be radioa nate dɔwɔwɔ la nu ƒu. Gake ehiã be woaɖu kplamatsɛdonu aɖewo hã dzi.
Menɔ bɔbɔe na nɔviawo be woatu radiodɔwɔƒea ƒe gbeɖiɖixɔŋusẽtiwo (antenna) la kura o. Edidi meta 91 sɔŋ eya ta ele be wòanɔ ati eve siwo kɔ meta 61 la dome ale be woakui ɖe atiawo ŋu. Wotee kpɔ zi gbãtɔ medze edzi o. Gake nɔviawo mena ta o. Woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye wòkpe ɖe wo ŋu wova kpɔ ta nɛ mlɔeba. Nɔviŋutsu Calvin Prosser, si hã kpe asi ɖe dɔa ŋu gblɔ be, “Ne ɖe nuwo dze edzi nyuie zi gbãtɔa, anye ne míeƒu asi akɔ gblɔ be, ‘Mikpɔ nu si gbegbe míete ŋu wɔ ɖa!’” Nɔviawo kpɔe kɔtɛe be Yehowae na dɔa dze edzi, gake kuxi bubu aɖe hã li.
Nyakaka to radio dzi dze egɔme eteƒe medidi o koe nye ema, eye mɔ̃ siwo woazã la mebɔ woaƒle ɣemaɣi o. Gake nɔviawo va kpɔ mɔ̃ xoxo aɖe si wozã kpɔ la ƒle. Ehiã be woaƒle nuƒomɔ̃ atsɔ awɔ dɔae, gake telefon tɔ boŋue wova zã ɖe eteƒe. Gbe ɖeka fiẽ le February mea, nɔviawo ɖoe be yewoado mɔ̃awo kpɔ. Esia ta ele be woawɔ wɔna aɖe le radioa dzi, eye woɖoe be yewoadzi Fiaɖuƒehawo. Nɔviŋutsu Ernest Lowe, si hã nɔ b see le eƒe radio dzi le Brooklyn, si didi tso nɔviawo gbɔ kilometa 25. Enumake eyɔ wo le telefon dzi.
nɔviawo dome la gblɔ nu ɖikokoe aɖe si dzɔ gbemagbe. Egblɔ be esi nɔviawo nɔ haa dzimaa, Ʋɔnudrɔ̃la RutherfordNɔviŋutsu Rutherford gblɔ na wo be: “Midzudzɔ toɣli ɖeɖe ma. Ðeko wòle ɖiɖim abe dadi aɖewoe le xɔxlɔ̃m ene!” Ekpe ŋu na nɔviawo eye wowɔ kaba tsi mɔ̃a, gake wokpɔe be yewole klalo adze nyakaka to radio dzi gɔme azɔ.
February 24, 1924 dzie habɔbɔa zã radioa zi gbãtɔ tsɔ kaka nya nyuia. Le nyakaka ma mea, Nɔviŋutsu Rutherford kɔ radiodɔwɔƒea ŋu “be wòado Mesia Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ.” Egblɔ be radiodɔwɔƒea ƒe taɖodzinue nye be “wòakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia me nyateƒea gɔme ne woanya ɣeyiɣi si me míele, metsɔ le nu si dzi woxɔ se alo subɔsubɔha si me wole me o.”
Radiodɔwɔƒea ƒe nyakaka gbãtɔa kpɔ dzidzedze ŋutɔ. Le ƒe 33 siwo kplɔe ɖo mea, WBBR va zu mɔnu vevi aɖe si habɔbɔa zã tsɔ kaka Yehowa ƒe nyawo.
DZI NƆ WO ƑO WOKLO NU LE SUBƆSUBƆHAKPLƆLAWO DZI
Le July 1924 mea, Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ takpekpe gã aɖe le Columbus, Ohio. Amewo tso xexea me godoo va se nuƒowo le Arabgbe, Eŋlisigbe, Fransegbe, Germanygbe, Helagbe, Hungarygbe, Italiagbe, Lithuaniagbe, Polandgbe, Russiagbe, Scandinaviatɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo, kple Ukrainegbe me. Nɔviawo ƒo wɔnaa ƒe akpa aɖewo le radio dzi, eye wowɔ ɖoɖo be nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Ohio State Journal naka nya ta tso takpekpea ƒe ŋkeke ɖe sia ɖe ŋu.
Le Yawoɖa, July 24 dzia, ame 5,000 kple edzivɔe de gbeadzi le takpedua me. Woma agbalẽ siwo ade 30,000 kloe eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame akpe geɖe. Gbetakpɔxɔa yɔ ŋkeke ma be “takpekpea ƒe ŋkeke si vivi ame nu wu.”
Nu ɖedzesi bubu aɖe yi edzi le takpekpea me le Fiɖa, July 25 dzi. Nɔviŋutsu Rutherford tsɔ dzinɔameƒo xlẽ nya aɖe si klo nu le subɔsubɔhakplɔlawo dzi. Woŋlɔ nyaa ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, eye wogblɔ le eme be dunyahelawo, sɔlemehakplɔlawo kple asitsala
gãwo “xe mɔ na amewo be woaganya ɖoɖo siwo Mawu wɔ be woava nɔ agbe tegbee la o.” Azɔ hã, egblɔ be woda ƒu elabe “woda megbe na Dukɔwo Ƒe Nubablaa hegblɔ be ‘enye mɔ si dzi Mawu to le fia ɖum ɖe anyigba dzi.’” Ahiã be dzi nanɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒo be woayi ava ɖe gbeƒã nya siawo na amewo.Gbetakpɔxɔa gblɔ ale si takpekpea wɔ dɔ ɖe amewo dzii kpuie be: “Columbus Takpekpea do ŋusẽ Aƒetɔ la ƒe aʋakɔ sue sia ƒe xɔse ale gbegbe . . . , eye woka ɖe edzi be aŋutrɔ sesẽ siwo futɔa ada la makpe yewo dzi o.” Leo Claus si hã de takpekpea gblɔ be: “Kaka takpekpea nawu enua, dzo ɖo mía me be míayi míaƒe anyigbamamaa me ava ɖe gbeƒã nya ma.”
Le October mea, Biblia Nusrɔ̃viawo ta trakt si nye Ecclesiastics Indicted si me nyawo Nɔviŋutsu Rutherford xlẽ le takpekpea me la ƒe kɔpi miliɔn geɖe eye wote emama. Le du sue si nye Cleveland si le Oklahoma mea, Frank Johnson ma trakt-awo le aƒeawo me vɔ eye wòhiã be wòalala miniti 20 sɔŋ hafi gbeƒãɖela bubuawo nava ɖo. Gake ele be wòaɣla eɖokui hafi anɔ nɔviawo lalam, elabe gbeƒã si ɖem wònɔa do dziku na dua me tɔwo eye wonɔ edim. Eya ta Nɔviŋutsu Johnson ɖoe be yeabe ɖe sɔlemexɔ aɖe si te ɖe afi ma me. Esi wòkpɔ be ame aɖeke mele xɔa me o taa, etsɔ trakt-a ƒe ɖe de nunɔlaa ƒe Biblia me heda ɖeka ɖe zikpui ɖe sia ɖe dzi. Emegbe ewɔ kaba do go. Esi wònye ele be wòagalala vie taa, eyi sɔlemexɔ eve bubu me gawɔe nenema ke.
Azɔ Frank ƒu du yi afi si nɔviawo ado goe le. Eva be ɖe amidzraƒe aɖe godo, eye eƒe ŋku nɔ ame siwo nɔ edim la ŋu. Ameawo ku ʋu to eŋu va yi, gake womekpɔe o. Esi wonya dzo teti koa, nɔvi siwo nɔ gbeƒã ɖem le afi ma lɔƒo la va ɖo eye wokɔ Frank ɖe woƒe ʋu me eye wo katã wodzo.
Nɔviawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Esi míenɔ dzodzom le dua mea, míeva to sɔlemexɔ etɔ̃awo gbɔ. Ame abe 50 sɔŋ ene tɔ ɖe sɔlemexɔawo dometɔ ɖe sia ɖe nu. Wo dometɔ aɖewo nɔ trakt la xlẽm, ɖewo hã tsɔe nɔ nunɔlaa fiam. Mía gbɔ nyo be míedzo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi! Míeda akpe na mía Mawu Yehowa be ekpɔ mía ta hena be míaƒe susu ɖe abla wu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo tɔ.”
DZI NƆ WO ƑO WOÐE GBEƑÃ LE DUKƆ BUBUWO ME
Biblia Nusrɔ̃vi siwo le dukɔ bubuwo me hã ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe. Le France ƒe dziehe la, Józef Krett ɖe gbeƒã na Polandtɔ tomenukula siwo ʋu va dukɔa me. Wowɔ ɖoɖo be wòaƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre Kpuie.” Esi wonɔ dua me tɔwo kpemaa, subɔsubɔhakplɔla aɖe gblɔ na eƒe hameviwo be womegayi o. Gake nya ma boŋue ʋã wo wodi be yewoayi. Ame 5,000 kple edzivɔe va se nuƒoa, eye nunɔlaa ŋutɔ hã va! Nɔviŋutsu Krett kpe nunɔlaa be wòava ʋli eƒe dzixɔse ta, gake egbe. Nɔviŋutsu Krett ma agbalẽ siwo katã le esi, elabe ede dzesii be Mawu ƒe Nyaa ƒe tsikɔ le ame siwo wòɖi ɖase na la wum.—Amos 8:11.
Le Afrikaa, Claude Brown tsɔ nya nyuia yi Gold Coast, si nye Ghana fifia. Eƒe nuƒowo kple agbalẽ siwo wòma wɔe be nyateƒea keke ta kabakaba le Ghana. John Blankson, si nɔ atikeŋutinunya srɔ̃m, yi va se Nɔviŋutsu Brown ƒe nuƒoawo dometɔ ɖeka. Enumake ekpɔe be yeke ɖe nyateƒea ŋu. John
gblɔ be: “Nyateƒea nɔ bibim le menye, eya ta meƒoa nu tso eŋu faa le suku.”Gbe ɖekaa, John yi Anglikatɔwo ƒe sɔleme aɖe be yeabia nya nunɔlaa tso Mawuɖekaetɔ̃ ŋu, elabe fifia John va se egɔme be nufiafia ma metso Ŋɔŋlɔawo me o. Nunɔlaa nyae afɔtsɔtsɔe hedo ɣli ɖe eta be: “Menye Kristotɔe nènye o; Abosam ƒe vi nènye. Do go le afi sia!”
Esi John va ɖo aƒe mea, eŋlɔ agbalẽ na nunɔlaa hekpee be wòava ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa me le dutoƒo. Dɔme ve nunɔlaa wòyɔ John ɖe atikeŋutinunya srɔ̃sukua ƒe nufiala gã ƒe ɔfis. Esi wòyia, nufialaa biae be eŋlɔ agbalẽ na nunɔlaa vavã hã.
John ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ɛ̃, meŋlɔ agbalẽ nɛ.”
Nufialaa gblɔ na John be wòaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ aɖe kuku na nunɔlaa. Eya ta John ŋlɔ agbalẽa hegblɔ le eme be:
“Aƒetɔ, Nye nufiala be maŋlɔ agbalẽ na wò atsɔ aɖe kuku na wò, eye mele klalo be maŋlɔ kukuɖegbalẽa, gake ele be nàlɔ̃ ɖe edzi gbã be yele alakpanuwo fiam amewo.”
Nufialaa ƒe nuku wòbia John be: “Blankson, nya si nèdi be yeaŋlɔe nye ema?”
John ɖo eŋu be: “Ɛ̃, Aƒetɔ. Nu si mate ŋu aŋlɔ katãe nye ema.”
Nufialaa gblɔ be: “Ke míanya wò le sukua. Aleke wɔ nàƒo nu atsi tre ɖe dziɖuɖua ƒe sɔleme ƒe nunɔla ŋu aganɔ mɔ kpɔm be yeakpɔtɔ anɔ dziɖuɖua ƒe suku?”
John gblɔ be: “Gake Aƒetɔ, . . . ne èfia nu mí eye míese nya aɖewo gɔme oa, ɖe míekpɔ mɔ abia nya tso eŋu oa?”
Nufialaa ɖo eŋu be: “Ɛ̃, miekpɔ mɔ abia.”
John gblɔ be: “Aƒetɔ, nu si katã dzɔe nye ema lo. Aƒetɔ sia nɔ Biblia fiam mí, eye mebia nyae tso eŋu. Ne mete ŋu ɖo nye biabiaa ŋu nam oa, nu ka tae wòle be maŋlɔ agbalẽ aɖe kuku nɛ?”
Womenya John Blankson le sukua o. Eye meŋlɔ agbalẽ aɖeke tsɔ ɖe kuku hã o.
WOTSƆ DZIDZƆ LE MƆ KPƆM NA DƆ GEÐE
Gbetakpɔxɔ gblɔ tso dɔ siwo wowɔ le ƒe ma me ŋu kpuie be: “Míate ŋu agblɔ abe David ene be: ‘Àtsɔ ŋusẽ abla akpa nam ɖe aʋa la ŋu.’ (Psalmo 18:39) Ale si nuwo yi le ƒe sia me do ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ, elabe míekpɔ Aƒetɔ la ƒe asi le dɔa me . . . Ame siwo ɖe adzɔgbe nɛ vavã la . . . le gbeƒã ɖem kple dzidzɔ.”
Le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒoa, nɔviawo wɔ ɖoɖo be yewoagaɖo radiodɔwɔƒe bubu kpee. Eya ta wodze radiodɔwɔƒe ɖoɖo ɖe Chicago. Woyɔ radiodɔwɔƒe yeye sia be WORD, si gɔmee nye “Nya,” elabe woazãe atsɔ aɖe gbeƒã Mawu ƒe Nyaa. Mɔ̃ siwo wozã le radiodɔwɔƒe yeye sia ya nu sẽ wu, si wɔe be Fiaɖuƒenya la de didiƒe ʋĩi yi keke Canada ƒe dziehe ke.
Ƒe 1925 he nu nyui geɖe vɛ. Yehowa kpe ɖe nɔviawo ŋu wova se Nyaɖeɖefia ta 12 lia me nyawo gɔme nyuie wu. Numekɔkɔ yeyea ɖia ame aɖewo nu wodzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Gake ame geɖe tsɔ dzidzɔ xɔ numekɔkɔ yeye siwo ku ɖe dziƒonu siwo womekpɔna o ŋu, kple ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le anyigba dzi.