Midzi Ha Kple Dzidzɔ!
“Enyo be míadzi kafukafuha na mía Mawu la.”—PS. 147:1.
1. Nu kae hadzidzi nana míete ŋu wɔna?
HAKPANYAŊLƆLA xɔŋkɔ aɖe gblɔ kpɔ be: “Ne èse nya aɖe la, enana nèbua tame. Ne èse haƒoƒo la, eʋãa wò seselelãmewo. Gake ne èdzi ha la, ewɔa dɔ ɖe wò dzi dzi.” Nu kae ‘agawɔ dɔ ɖe mía dzi’ nyuie wu kafukafunya kple lɔlɔ̃ si míeɖena gblɔna ne míele ha dzim tsɔ le Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la kafum? Eya ta, mewɔ nuku o be hadzidzi wɔa akpa vevi aɖe le subɔsubɔ vavãtɔ me, eɖanye míawo ɖeɖee dzi haa loo alo míedzii kple Mawu ƒe amewo le hamea me o.
2, 3. (a) Aleke ame aɖewo sena le wo ɖokui me ne ehiã be woakɔ gbe dzi adzi ha le hamea me? (b) Biabia kawo mee míadzro?
2 Gake aleke nèsena le ɖokuiwò me ne ehiã be nàkɔ gbe dzi adzi ha le hamea me? Ðe wòkpea ŋu na wòa? Le teƒe aɖewo la, esesẽna na ŋutsuwo be woadzi ha le ame dome. Esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe hame bliboa dzi, vevietɔ ne ame siwo xɔa ŋgɔ le hamea me la tsɔa nanewo doa taflatsɛ alo nɔa nu bubuwo wɔm esime hamea le ha dzim.—Ps. 30:12.
3 Ne míebua hadzidzi be enye míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa aɖe nyateƒe la, mímadi kura be míado le Fiaɖuƒe Akpataa me ne wole ha dzim alo be kpekpea ƒe akpa sia nato mía ŋu o. Eya ta, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Aleke nye nye nɔnɔme ɖe hadzidzi le kpekpeawo me ŋu? Ne esesẽna nam be makɔ gbe dzi adzi ha dzidzɔtɔe le amewo dome la, nu kae mate
ŋu awɔ be maɖu kuxi ma dzi? Eye aleke mawɔ adzi ha kple seselelãme?’HADZIDZI NYE SUBƆSUBƆ VAVÃTƆ ƑE AKPA VEVI AÐE
4, 5. Ðoɖo ka gbegbee wowɔ ɖe hadzidzi le gbedoxɔa me ŋu le blema Israel?
4 Tso blema ke la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo dzia ha tsɔ kafunɛ. Eɖe dzesi be esime blema Israel-viwo nɔ Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la, hadzidzi wɔ akpa vevi aɖe le woƒe mawusubɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, esi Fia David nɔ ɖoɖo wɔm ɖe gbedoxɔa me subɔsubɔdɔwo ŋu la, ewɔ ɖoɖo be Lewi vi 4,000 nanɔ kafukafuhawo dzim na Yehowa. Wo dometɔ 288 nye ame “siwo wona hehee be woadzi ha na Yehowa, eye wo katã wonye hadzila bibiwo.”—1 Kron. 23:5; 25:7.
5 Hadzidzi kple haƒoƒo wɔ akpa vevi aɖe le gbedoxɔa ŋu kɔkɔ me. Biblia gblɔ na mí be: “Esi kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa heda akpe nɛ zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ƒe gbe de dzi eye wokafu Yehowa [la], . . . Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu vavã ƒe xɔ la taŋ.” Aleke gbegbee ŋkeke sia anya do ŋusẽ Israel-viwo ƒe xɔsee nye esi!—2 Kron. 5:13, 14; 7:6.
6. Ƒo nu tso ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ ɖe hadzidzi ŋu esime Nehemiya nye nutodziɖula le Yerusalem la ŋu.
6 Esime Nehemiya xɔ ŋgɔ na Israel-vi wɔnuteƒewo wogbugbɔɖo Yerusalem ƒe gliawo la, ewɔ ɖoɖo hã be Lewi vi hadzilawo natsɔ haƒonu vovovowo aƒo ha. Eye le gliawo ŋu kɔɣi la, mɔ tɔxɛ si nu wodzi ha le la na ame siwo va wɔnaa teƒe la kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Ɣemaɣi la, woɖo “akpedahadziha gã eve.” Hadziha ɖeka zɔ ɖusime to glia dzi eye evelia hã zɔ miame to glia dzi ale be wova kpe le afi si te ɖe gbedoxɔa ŋu, eye wodzi ha ale gbegbe be woƒe gbe ɖi wose le didiƒe ke. (Neh. 12:27, 28, 31, 38, 40, 43) Ðikeke mele eme o be edzɔ dzi na Yehowa esi wòse esubɔlawo dzi kafukafuhawo nɛ dzidzɔtɔe.
7. Aleke Yesu ɖee fia be hadzidzi nye Kristotɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe?
7 Tso Yesu ƒe ɣeyiɣia me ke la, hadzidzi gakpɔtɔ nye subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe. Bu nu si dzɔ le zã vevitɔ kekeake le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la me ŋu kpɔ. Esi Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kafukafuhawo na Yehowa.—Xlẽ Mateo 26:30.
8. Aleke Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le kafukafuhawo dzidzi na Mawu me?
8 Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le ale si wodzia ha ɖekae tsɔ kafua Mawui me. Togbɔ be aƒewo me koe woƒoa ƒu le zi geɖe hã la, esia meɖe dzo si nɔ wo me be woadzi ha na Yehowa la dzi kpɔtɔ o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ na nɔvia Kristotɔwo be: “Miyi edzi mianɔ nu fiam mia nɔewo, eye mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo kple psalmowo, Mawu kafukafu nyawo, kple gbɔgbɔmehawo dzidzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe, eye midzi ha le miaƒe dziwo me na Yehowa.” (Kol. 3:16) Ha siwo le míaƒe hadzigbalẽa me la nye ‘gbɔgbɔmeha siwo wòle be míadzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.’ Wonye gbɔgbɔmenuɖuɖu si “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nana mí la ƒe akpa aɖe.—Mat. 24:45.
NU KAE NÀTE ŊU AWƆ BE NÀKƆ GBE DZI ADZI HA DZIDZƆTƆE?
9. (a) Nu ka gbɔe wòtsona be nɔvi aɖewo metea ŋu kɔa gbe dzi dzia ha dzidzɔtɔe le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me o? (b) Aleke wòle be míadzi kafukafuhawo na Yehowae, eye ame kawoe wòle be woaxɔ ŋgɔ le esia me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)
9 Ke ne hadzidzi menye numame na miaƒe ƒomea o, menye nu si amewo wɔna faa le mia de alo afi si nèle o ya ɖe? Esi mɔ̃ɖaŋunuwo va bɔ le egbeŋkekea me ta la, ɖewohĩ hadzila bibiwo ƒe hadzidzi nya Ezra 3:11; xlẽ Psalmo 147:1.) Le Fiaɖuƒe Akpata geɖewo me egbea la, woɖea hagbeawo fiana le videoɖemɔ̃wo dzi, si wɔnɛ be míetea ŋu kɔa gbe dzi dzia ha. Eye eɖe dzesi hã be wotsɔ Fiaɖuƒehawo dzidzi kpe ɖe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si hamemetsitsiwo dena la ƒe ɖoɖowɔɖia ŋu. Esia ɖe ale si gbegbe wòle vevie be hamemetsitsiwo naxɔ ŋgɔ le hadzidzi me le hamea me la fia.
sena na wò. Ke hã, ne ètsɔ wò hadzidzi ƒe ŋutete sɔ kple wo tɔ la, ɖewohĩ dzi aɖe le ƒowò. Gake mele be esia nawɔe be nàɖe asi le agba si le dziwò be nàdzi kafukafuhawo na Yehowa la ŋu o. Ke boŋ, kɔ wò hadzigbalẽa ɖe dzi nyuie, fɔ mo dzi, eye nàdzi haa kple seselelãme! (10. Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne míevɔ̃na be míakɔ gbe dzi adzi ha?
10 Nu ɖeka aɖe si wɔnɛ be ame geɖe medina be yewoakɔ gbe dzi adzi ha o ye nye vɔvɔ̃. Ate ŋu anye vɔvɔ̃ be yeava ɖe dzesi le amewo dome alo vɔvɔ̃ be yeƒe gbe manya se na ame bubuwo o. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be “mí katã míedaa vo zi geɖe” le nuƒoƒo me. (Yak. 3:2) Ke hã, mímedzudzɔa nuƒoƒo le esia ta o. Ke nu ka tae wòle be míaɖe mɔ be míaƒe gbe madeblibo la naxe mɔ na mí be míagadzi ha akafu Yehowa o?
11, 12. Aleke míawɔ be míate ŋu adzi ha nyuie wu?
11 Ðewohĩ esi míenya ale si tututu míadzi hae o tae míevɔ̃na na hadzidzi ɖo. Ke hã, wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo bɔbɔe aɖewo dzi akpe ɖe mía ŋu míadzi ha nyuie wu. *
12 Àte ŋu akɔ gbe dzi adzi ha ne èsrɔ̃ ale si nàgbɔ ya nyuie ne èle ha dzim. Ale si ko elektrikŋusẽ nana dzo ɖoa akaɖi me la, nenema kee yagbɔgbɔ nyuie ana ŋusẽ naɖo wò gbe ŋu ne èle nu ƒom alo le ha dzim. Ele be nàkɔ gbe dzi adzi ha abe ale si nèƒoa nui ene alo wu nenema gɔ̃ hã. (Kpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo dze le agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana va ɖo 184, le tanya sue si nye “Gbɔ Nyuie” te.) Le nyateƒe me la, Biblia dea dzi ƒo na Yehowa subɔlawo be ‘woagli kple dzidzɔ’ le kafukafuhawo dzidzi na Mawu me.— Naɖe Vi na Wò, axa 181Ps. 33:1-3.
13. Gblɔ ale si míawɔ be míadzi ha kple kakaɖedzi geɖe wu.
13 Mite esia kpɔ le miaƒe ƒometadedeagu me alo nàtee kpɔ le ɖokuiwò si: Tia ha siwo doa dzidzɔ na wò wu le míaƒe hadzigbalẽa me la dometɔ ɖeka. Kɔ gbe dzi nàxlẽ hagbeawo kple kakaɖedzi. Eyome, lɔ ya ɖe dzitodzito me eye nàtsɔ gbe ƒe sesẽme ma ke axlẽ hagbeawo ƒe fli ɖeka. Azɔ, gatsɔ gbe ma ke dzi haa ƒe fli ma. (Yes. 24:14) Esia awɔe be ŋusẽ naɖo gbe si nètsɔ dzia hae la ŋu nyuie wu, eye nu nyui aɖee nye ema. Esia megado vɔvɔ̃ na wò alo aɖe fu na wò kura o!
14. (a) Ne míekea nu nyuie esime míele ha dzim la, vi kae wòaɖe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Nàwɔ Be Nàdzi Ha Nyuie Wu.”) (b) Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe mía ŋu míaƒe gbe me nakɔ la dometɔ kae ɖe vi na wò wu?
14 Wò gbe mate ŋu ade dzi nyuie o, negbe ɖe nèke nu nyuie hafi. Eya ta, aɖaŋuɖoɖo si akpe ɖe ŋuwòe nye be nàke nu wu ale si nèwɔnɛ ne èle nu ƒom. Ne ewɔna na wò be yeƒe gbe mesẽ o alo yeƒe gbe tɔa to me la, nu kae wòle be nàwɔ? Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui geɖewo ku ɖe kuxi siawo tɔgbi ŋu le agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, axa 184, le aɖaka si ƒe tanyae nye “Kuxi Aɖewo Koŋ Dzi Ðuɖu” la me.
DZI KAFUKAFUHAWO TSO DZI ME
15. (a) Nu kae woɖe gbeƒãe le habɔbɔa ƒe ƒe sia ƒe takpekpe si wowɔ le ƒe 2016 me la me? (b) Susu siwo ta wotrɔ asi le míaƒe hadzigbalẽa ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?
15 Esi Nɔviŋutsu Stephen Lett si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ ɖe gbeƒãe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ƒe sia ƒe takpekpe si wowɔ le ƒe 2016 me be woaɖe hadzigbalẽ yeye si ƒe tanyae nye ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’ ɖe go kpuie be míanɔ zazãm le kpekpewo me la, dzi dzɔ vavalawo ale gbegbe. Nɔviŋutsu Lett gblɔ be susu ɖeka aɖe si tae wòhiã be woagbugbɔ atrɔ asi le hawo ŋue nye be hagbeawo nawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si ŋu wogbugbɔtrɔ asi le la me nyawo. Esia bia be woaɖe nya siwo womegazã le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wogbugbɔ to le ƒe 2013 me o la ɖa le hadzigbalẽa me alo agbugbɔ atrɔ asi le hagbeawo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔ ha yeye siwo ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kple esiwo ɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu fia la kpee. Azɔ hã, Dɔdzikpɔhaa di be woata hadzigbalẽ si ƒe nyonyome de ŋgɔ, si ƒe akpa kple amadede sɔ kple Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia tɔ.
16, 17. Asitɔtrɔ kawoe wowɔ le hadzigbalẽ yeyea me?
16 Be ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’ hadzigbalẽa zazã nanɔ bɔbɔe wu la, woɖo hawo ɖe nyatiwo ƒe hatsotsowo nu. Le kpɔɖeŋu me, ha 12 gbãtɔawo ku ɖe Yehowa ŋu, eye ha 8 siwo kplɔe ɖo la ku ɖe Yesu kple tafea ŋu. Woɖo hawo ɖe nyatiwo nu le nyawo diƒea, eye esia ate ŋu aɖe vi ŋutɔ, le kpɔɖeŋu me, ne nɔviŋutsu aɖe le ha si woadzi hafi aƒo dutoƒonuƒo la tiam.
17 Wotrɔ asi le hagbe aɖewo ŋu be nyawo me nakɔ wu, eye woɖe nya siwo amewo megazãna le nuƒoƒo me edziedzi o la ɖa le hadzigbalẽa me ale be ame sia ame nate ŋu adzi hawo tso dzi me. Wotsɔ nya siwo amewo zãna, siwo gɔme sese le bɔbɔe wu la ɖɔ li nyagbe aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, tanya si nye “Dzigbɔgbɔ Blewu” tsã la, va zu “Migbɔ Dzi Ði,” eye wotrɔ asi le hagbeawo ŋu be wòasɔ ɖe tɔtrɔ sia nu. Azɔ hã, esɔ nyuie be wotrɔ tanya si nye “Dzɔ Wò Dzi Ŋu” wòzu “Míadzɔ Míaƒe Dzi Ŋu.” Nu ka tae? Nu si tae nye be, tsã la, ne míele ha sia dzim la, ɖeko wònɔ abe ɖe míele nu xlɔ̃m ame bubuwo ene, eya ta, ne ame yeyewo, ɖetsɔlemetɔwo, sɔhɛwo kple nɔvinyɔnuwo le ha sia dzim le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me la, esia ate ŋu aɖe fu na wo. Esia ta, wotrɔ asi le tanyaa kple hagbeawo ŋu.
18. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ ha siwo le hadzigbalẽ yeyea me? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
18 Ha siwo le ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’ me la dometɔ geɖe le abe gbedodoɖa ene. Àte ŋu ato ha siawo dzidzi me aɖe wò seselelãmewo agblɔ na Yehowa. Eye wo dometɔ aɖewo hã ado “ŋusẽ [mí] na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.” (Heb. 10:24) Eya ta, anyo be míanya míaƒe hawo me nyawo kple ale si wodzia woe la nyuie. Nu si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia mee nye be míanɔ míaƒe ha siwo wodzi kple nu, siwo le jw.org la sem. Ne míesrɔ̃a hawo le aƒe me la, míava nya wo nyuie eye míadzi wo kple kakaɖedzi kpakple seselelãme. *
19. Aleke hamea me tɔwo katã ate ŋu atsɔ nusɔsɔe asubɔ Yehowa ɖekae?
19 Ðo ŋku edzi be hadzidzi nye míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Enye mɔ tɔxɛ aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana Yehowa be míelɔ̃e eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔna na mí ŋu. (Xlẽ Yesaya 12:5.) Ne míekɔ gbe dzi dzi ha dzidzɔtɔe la, míato esia me ade dzi ƒo na ame bubuwo hã be woadzi ha kple dzo. Vavãe, hamea me tɔwo katã—ɖeviwo kple tsitsiawo kpakple ame yeyewo siaa—ate ŋu akpɔ gome le mɔ sia si dzi míetona subɔa Yehowa la me. Eya ta, mègahe ɖe megbe o, dzi ha na Yehowa tso dzi me. Wɔ nya sia si gbɔgbɔ ʋã hakpalaa wògblɔ be, ‘Dzi ha na Yehowa!’ la dzi. Ɛ̃, dzi ha kple dzidzɔ!—Ps. 96:1.
^ mm. 11 Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo geɖe tso ale si nàwɔ be wò gbe me nakɔ ne èle ha dzim la ŋu le JW Nyakakadɔwɔƒe December 2014 ƒe wɔnaa me (le videowo ƒe teƒe si nye TSO MÍAƑE NYAKAKADƆWƆƑEA).
^ mm. 18 Ne míede takpekpewo la, wodzea ŋdi kple ŋdɔ kpa dzi wɔnawo gɔme kple miniti ewo ƒe haƒoƒo. Esia dzraa míaƒe susu ɖo ɖe hadzidzi ŋu. Haƒoƒo siawo siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie la kpena ɖe mía ŋu be míadzra míaƒe dzi kple susu ɖo ɖe wɔna siwo akplɔe ɖo ŋu. Eya ta, wole dzi dem ƒo na mí katã be míanɔ mía nɔƒewo hafi haƒoƒoa nadze egɔme eye míalé to ɖe eŋu nyuie.