NUSƆSRƆ̃NYATI 27
HADZIDZI 73 Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo
Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Zadok Ene
“Zadok [nye] ɖekakpui kalẽtɔ.”—1 KRON. 12:28.
TAÐODZINUA
Ale si Zadok ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo.
1-2. Ame kae nye Zadok? (1 Kronika 12:22, 26-28)
KPƆE ɖa le susu me be ŋutsu 340,000 ƒo ƒu be yewoaɖo David fia ɖe Israel bliboa dzi. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ ŋutsu siawo nɔ tonuto si te ɖe Hebron ŋu la me. Wonɔ nu kom, nɔ dze ɖom henɔ kafukafuhawo dzim na Yehowa kple dzidzɔ. (1 Kron. 12:39) Ðekakpui dzaa aɖe si ŋkɔe nye Zadok hã nɔ amehaa dome. Anɔ eme be ame geɖe ƒe susu menɔ eŋu o. Gake Yehowa ya de dzesi Zadok eye wòdi be míawo hã míanyae. (Xlẽ 1 Kronika 12:22, 26-28.) Ame kae nye Zadok?
2 Zadok nye nunɔla si wɔ dɔ kplikplikpli kple Nunɔlagã Abiatar. Mawu na nunya geɖe Zadok eye wònae ŋutete tɔxɛ aɖe hã be wòade dzesi nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (2 Sam. 15:27) Amewo yia Zadok gbɔ be wòaɖo aɖaŋu na yewo. Azɔ hã dzi nɔ eƒo ŋutɔ, eye eƒe nɔnɔme sia koŋ ŋue míasrɔ̃ nu tsoe le nyati sia me.
3. (a) Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ Yehowa ƒe amewo ƒo? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
3 Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Satana ƒe ŋku biã vevie be yeagblẽ mía kple Mawu dome. (1 Pet. 5:8) Ehiã be dzi nanɔ mía ƒo esi míele Yehowa sinu kpɔm be wòava ɖe Satana kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa. (Ps. 31:24) Le nyati sia me la, míakpɔ mɔ etɔ̃ siwo nu míate ŋu asrɔ̃ Zadok ƒe dzinɔameƒo le.
NƆ MAWU FIAÐUƑEA ƑE AKPA DZI
4. Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ Yehowa subɔlawo ƒo be woanɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi? (Kpɔ fotoa hã.)
4 Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míedea Mawu Fiaɖuƒea dzi bliboe, gake zi geɖe la, esia biaa dzinɔameƒo. (Mat. 6:33) Le kpɔɖeŋu me, le xexe vɔ̃ɖi sia me la, ehĩa be dzi nanɔ mía ƒo be míate ŋu anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu eye míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (1 Tes. 2:2) Dunyahehe le mama dem amewo dome fifia wu tsã, eya ta ehiã be dzi nanɔ mía ƒo be míagade akpa aɖeke dzi o. (Yoh. 18:36) Ganyawo va sesẽ na Yehowa subɔla geɖe, wowɔ funyafunya wo dometɔ aɖewo alo de wo gaxɔ me le esi wogbe be yewomade nu dunya me alo awɔ asrafodɔ o ta.
5. Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ Zadok ƒo be wòanɔ David ƒe akpa dzi?
5 Zadok meyi Hebron be yeavae tso aseye le esi woɖo David fia ta ko o. Ke ebla aʋakpa hã. (1 Kron. 12:38) Enɔ klalo be yeadze David yome ayi aʋa eye yeaʋli Israel ta tso futɔwo si me. Anɔ eme be Zadok mebi ɖe aʋawɔwɔ me ya o, gake dzi nɔ eƒo ŋutɔ.
6. Aleke David ɖo dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu nyui na Zadok? (Psalmo 138:3)
6 Nunɔlae Zadok nye, ke afi kae wòsrɔ̃ dzinɔameƒo tsoe? Enɔ ŋutsu kalẽtɔ siwo ƒo dzi nɔ la dome. Eya ta ɖikeke mele eme o be esrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, ale si dzi nɔa David ƒo ‘wonɔa ŋgɔ na Israel le eƒe aʋahohowo me’ la ʋã dukɔa katã be woada megbe nɛ bliboe. (1 Kron. 11:1, 2) David ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu futɔwo dzi. (Ps. 28:7; xlẽ Psalmo 138:3.) Zadok srɔ̃ ŋutsu kalẽtɔ bubuwo hã ƒe kpɔɖeŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye Yehoyada kple via Benaya kpakple tatɔ 22 siwo va de David dzi. (1 Kron. 11:22-25; 12:26-28) Ŋutsu siawo katã doe kplikpaa be yewoaɖo David fiae ahakpɔ eta.
7. (a) Egbea, ame kawo hãe ɖo dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu siwo míate ŋu asrɔ̃? (b) Abe ale si wòdze le videoa me ene la, nu kae nèsrɔ̃ tso Nɔviŋutsu Nsilu ƒe kpɔɖeŋua me?
7 Ne míede ŋugble le ame siwo ƒo dzi nɔ wowɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu la, edoa ŋusẽ mí eye dzi ɖoa mía ƒo. Esi míaƒe Fia, Kristo Yesu nɔ anyigba dzi la, egbe gbidii be yemade nu Satana ƒe xexea ƒe dunyahehe aɖeke me o. (Mat. 4:8-11; Yoh. 6:14, 15) Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi be wòado ŋusẽ ye be yeawɔ nu si sɔ. Egbea hã, ɖekakpui geɖe gbe be yewomawɔ asrafodɔ alo ade nu dunya me o. Ðe manyo be nàxlẽ nu tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu le jw.org oa? a
KPE ÐE NƆVIWÒWO ŊU
8. Ɣekaɣie wòate ŋu ahiã be dzi nanɔ hamemetsitsiwo ƒo be woakpe ɖe wo nɔviwo ŋu?
8 Edzɔa dzi na Yehowa ƒe amewo be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu. (2 Kor. 8:4) Gake ɣeaɖewoɣi la, esia wɔwɔ biaa dzinɔameƒo. Le kpɔɖeŋu me ne aʋa dzɔ la, hamemetsitsiawo kpɔnɛ be ele be yewoade dzi ƒo na nɔviawo ahakpe ɖe wo ŋu be woƒe asi nasu gbɔgbɔme kple ŋutilãme nuhiahiãwo dzi. Esi hamemetsitsiawo lɔ̃ nɔviawo ta la, wodea woawo ŋutɔ ƒe agbe afɔku me be yewoakpɔ nɔviawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Yoh. 15:12, 13) Wotoa esia dzi ɖenɛ fiana be yewole Zadok ƒe dzinɔameƒoa srɔ̃m.
9. Abe ale si 2 Samuel 15:27-29 gblɔe ene la, nu kae David bia tso Zadok si? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
9 David ƒe agbe ɖo afɔku me. Via Absalom ɖoe kplikpaa be yeawui ne yeaxɔ fiazikpuia. (2 Sam. 15:12, 13) Eva hiã be David nadzo le Yerusalem enumake! Egblɔ na esubɔlawo be: “Mitso, mina míasi; elabena míate ŋu ado le Absalom si me o!” (2 Sam. 15:14) Esi wonɔ sisim la, David ɖo ŋku edzi be ehiã be ame aɖe nanɔ Yerusalem ne wòana yeanya nu si Absalom ɖo be yeawɔ. Eya ta edɔ Zadok kple nunɔla bubuwo be woatrɔ ayi dua me awɔ dɔ ma na ye. (Xlẽ 2 Samuel 15:27-29.) Ele be woaɖɔ ŋu ɖo ŋutɔ. Dɔ si David de nunɔla mawo si la ana woƒe agbe naɖo afɔku me. Absalom nye ame vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdila si tsi tre ɖe eya ŋutɔ fofoa ŋu, eya ta bu nu si wòatu kple Zadok kple nunɔla mawo ne eva nya be sigbeɖe ŋkutsalawoe wonye na David ŋu kpɔ!
10. Aleke Zadok kple ame siwo nɔ eŋu la kpɔ David tae?
10 David wɔ ɖoɖo be Zadok kple Husai, si hã nye David xɔlɔ̃ wɔnuteƒe, nakpe ɖe ye ŋu. (2 Sam. 15:32-37) Husai wɔ ɖe ɖoɖoa dzi eye wòwɔ abe ɖe wòde Absalom dzi ene. Eɖo aɖaŋu aɖe na Absalom si na mɔnukpɔkpɔ David be wòadzra ɖo ɖe amedzidzedze la ŋu. Emegbe Husai fi tofi na Zadok kple Abiatar tso ale si nuwo yi ŋu. (2 Sam. 17:8-16) Eye ame eve siawo hã kpɔ egbɔ be nyatakaka la ɖo David gbɔ. (2 Sam. 17:17) Yehowa kpe ɖe Zadok kple ehati nunɔlawo ŋu wowɔ akpa vevi aɖe tsɔ kpɔ David tae.—2 Sam. 17:21, 22.
11. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Zadok ƒe dzinɔameƒo ne míele kpekpem ɖe mía nɔviwo ŋu?
11 Ne mía nɔviwo ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me eye wobia míaƒe kpekpeɖeŋu la, aleke míate ŋu awɔ nu dzinɔameƒotɔe abe Zadok ene? (1) Wɔ mɔfiamewo dzi. Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, ele vevie ŋutɔ be míaɖo to ale be ɖekawɔwɔ nanɔ anyi. Wɔ ɖe mɔfiame siwo tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ la dzi. (Heb. 13:17) Ele be hamemetsitsiwo nanɔ ɖoɖo siwo li ku ɖe dzadzraɖo ɖe afɔku ŋu kple mɔfiame si habɔbɔa na ku ɖe nu siwo woawɔ ne afɔku dzɔ la me dzrom edziedzi. (1 Kor. 14:33, 40) (2) Dzi nenɔ ƒowò, gake ɖɔ ŋu ɖo. (Lod. 22:3) Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàɖe afɔ. Mègade ɖokuiwò afɔku me dzodzro o. (3) Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa di vevie be wò kple nɔviwòwo siaa mianɔ dedie. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ dedie esime nèle kpekpem ɖe wo ŋu.
12-13. Nu kae nèsrɔ̃ tso Viktor kple Vitalii ƒe nuteƒekpɔkpɔa me? (Kpɔ fotoa hã.)
12 Bu nɔviŋutsu siwo nye Viktor kple Vitalii ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Wonɔ nuɖuɖu kple tsi mam na nɔviawo le Ukraine. Viktor gblɔ be: “Míetsa le afi sia afi nɔ nuɖuɖu dim. Tu nɔ ɖiɖim le teƒe geɖe siwo míeto. Nɔviŋutsu aɖe dzɔ nuɖuɖu siwo nɔ eƒe fiase me be woatsɔ akpe ɖe nɔviawo ŋu. Nuɖuɖu ma nue nɔvi geɖe nɔ agbe ɖo hena ɣeyiɣi aɖe. Ɣeaɖeɣi esi míenɔ agba dem ʋua me la, woda bɔmb wòva dze afi si gogo mía gbɔ meta 20. Menɔ gbe dom ɖa na Yehowa vevie ŋkeke bliboa be wòana dzi nanɔ ƒonye mayi edzi akpe ɖe nɔviawo ŋu.”
13 Vitalii gblɔ be: “Dɔa bia dzinɔameƒo ŋutɔ. Nye mɔzɔzɔ gbãtɔa xɔ gaƒoƒo 12 sɔŋ. Le mɔzɔzɔ bliboa me la, gbedodoɖa dzi koe menɔ na Yehowa.” Dzi nɔ Vitalii ƒo, gake eɖɔ ŋu ɖo hã. Egblɔ kpee be: “Menɔ kukuɖeɖe dzi na Yehowa be wòana nunyam eye wòakpe ɖe ŋunye maɖɔ ŋu ɖo. Mɔ siwo dziɖuɖua ɖe mɔ be amewo nato dzi koe metona. Esi mekpɔ ale si nɔviwo wɔ nu aduadu la, edo ŋusẽ nye xɔse. Nɔviawo ɖe nu siwo kaka ɖe mɔa dzi ɖa, woƒo kpekpeɖeŋununanawo nu ƒu tsɔ de agba ʋua na mí, eye wona nuɖuɖu kple dzeƒe nye kple Viktor le míaƒe mɔzɔzɔa me.”
YI EDZI NÀWƆ NUTEƑE NA YEHOWA
14. Ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe mía dzi ne ame aɖe si míelɔ̃ vevie la do le nyateƒea me?
14 Nɔnɔme sesẽ siwo ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo vevie dometɔ ɖekae nye, ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe do le nyateƒea me. (Ps. 78:40; Lod. 24:10) Zi ale si nèlɔ̃ amea vevie la, zi nenemae wòasesẽ na wò be nàdo dzi le nɔnɔme ma me. Ne nu ma tɔgbi gbã dzi na wò kpɔ la, Zadok ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na wò.
15. Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ Zadok ƒo be wòayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa? (1 Fiawo 1:5-8)
15 Zadok yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime exɔlɔ̃ kplikplikpli Abiatar ya dzudzɔ nuteƒewɔwɔ. Esia dzɔ le David ƒe fiaɖuɖu ƒe nuwuƒe lɔƒo. Esi David nɔ kuba dzi la, via Adoniya dze agbagba be yeaɖo ye ɖokui fia, evɔ Salomoe Yehowa tia be wòazu fia. (1 Kron. 22:9, 10) Abiatar tiae be yeada megbe na Adoniya. (Xlẽ 1 Fiawo 1:5-8.) Nu si Abiatar wɔa nye nuteƒemawɔmawɔ na David kple Yehowa siaa! Wò ya bu ale si gbegbe esia anya gbã dzi na Zadok ŋu kpɔ. Ƒe blaene kple edzivɔe nye ma eya kple Abiatar wɔ nunɔladɔa asi le asi me. (2 Sam. 8:17) Wokpɔa dɔ siwo ku ɖe “Mawu vavã la ƒe Aɖaka la” ŋu gbɔ ɖekae. (2 Sam. 15:29) Do ŋgɔa, wo ame evea siaa kpe asi ɖe David ƒe fiaɖuɖu la ŋu eye wowɔ dɔ bubu geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.—2 Sam. 19:11-14.
16. Nu kae anya kpe ɖe Zadok ŋu be wòyi edzi wɔ nuteƒe?
16 Togbɔ be Abiatar wɔ tiatia ma hã, Zadok ya ɖoe be yeayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. David nyae be yeate ŋu aka ɖe Zadok dzi ɣesiaɣi. Esi woʋu go Adoniya ƒe nugbeɖoɖoa na David la, etrɔ ɖe Zadok, Natan, kple Benaya ŋu be woasi ami na Salomo wòanye fia. (1 Fia. 1:32-34) Natan kple Yehowa subɔla wɔnuteƒe bubu siwo kpe asi ɖe David ŋu la ƒe kpɔɖeŋua anya de dzi ƒo na Zadok ŋutɔ. (1 Fia. 1:38, 39) Esi Salomo va zu fia la, ‘etsɔ nunɔla Zadok ɖo Abiatar teƒe.’—1 Fia. 2:35.
17. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Zadok ne ame si nèlɔ̃ vevie dzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa?
17 Aleke míasrɔ̃ Zadok ƒe kpɔɖeŋua? Ne ame aɖe si nèlɔ̃ vevie dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, wò ya yi edzi nàwɔ nuteƒe na Yehowa. (Yos. 24:15) Yehowa ado ŋusẽ wò eye wòana dzi nanɔ ƒowò nàyi edzi awɔ nu dzɔdzɔe. Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa eye nàku ɖe xɔ̃wò siwo wɔa nuteƒe nɛ la ŋu. Yehowa dea asixɔxɔ wò nuteƒewɔwɔ ŋu eye aɖo eteƒe na wò.—2 Sam. 22:26.
18. Nu kae nèsrɔ̃ tso Marco kple Sidse ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?
18 Bu nu si dzɔ ɖe Marco kple srɔ̃a Sidse dzi ŋu kpɔ. Wo vinyɔnu eve tso nya me be yewomagasubɔ Yehowa o. Marco gblɔ be: “Èlɔ̃a viwòwo vevie tso gbe si gbe nèdzi wo ke. Eya ta àwɔ nu sia nu atsɔ akpɔ wo ta be vɔ̃ aɖeke nagadzɔ ɖe wo dzi o. Eya ta ne wotiae be yewomagasubɔ Yehowa o la, egbãa dzi na ame ale gbegbe.” Egblɔ kpee be: “Gake Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu míeyi edzi le dzi dom. Eye ne mègbɔdzɔ la, Yehowa doa ŋusẽ srɔ̃nye wòdea dzi ƒo nam, eye ne eya hã gbɔdzɔ la, Yehowa doa ŋusẽm medea dzi ƒo nɛ.” Sidse hã gblɔ be: “Ne ɖe Yehowa medo ŋusẽ mí oa, anye ne míate ŋu ado dzi o. Meléa blanui ŋutɔ eye mebua fɔ ɖokuinye be gbɔnyee wòtso be vinyewo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, ta megblɔ nye dzimenyawo na Yehowa. Eteƒe medidi o, nɔvinyɔnu aɖe si nyemegakpɔ kpɔ o ƒe geɖee nye ema va srãm kpɔ, ekpla asi kɔ nam nɔ ŋkunyeme kpɔm eye wògblɔ nam be: ‘Sidse, ɖo ŋku edzi be menye gbɔwòe wòtso o!’ Yehowa kpe ɖe ŋunye mekpɔtɔ le esubɔm kple dzidzɔ.”
19. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?
19 Yehowa di be dzi nanɔ ye subɔlawo katã ƒo abe Zadok ene. (2 Tim. 1:7) Gake medi be míaɖo ŋu ɖe mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ ŋu o. Edi be míaɖo ŋu ɖe ye ŋu. Eya ta ne nɔnɔme sesẽ aɖe va dziwò si na wòhiã be dzi nanɔ ƒowò la, trɔ ɖe Yehowa ŋu. Àte ŋu aka ɖe edzi be ana dzi nanɔ ƒowò abe Zadok ene!—1 Pet. 5:10.
HADZIDZI 126 Nɔ Ŋudzɔ, Nɔ Tsitre Sesĩe, Nàsẽ Ŋu
a Ʋu jw.org nàkpɔ video si nye, Nu Si Ta Kristotɔ Vavãwo Hiã Dzinɔameƒo—Be Woagade Akpa Aɖeke Dzi O.