Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Asrãdɔ—Nu Si Wòle Be Nànya Tso Eŋu

Asrãdɔ—Nu Si Wòle Be Nànya Tso Eŋu

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ bu akɔnta be le ƒe 2013 me la, ame miliɔn 198 sɔŋue lé asrãdɔ (atikesi), eye ame akpe 584 aɖewoe dɔ sia wu. Ame siwo ŋu dɔ sia gblẽ nu le la dometɔ 4 kloe le 5 me nye ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ o. Dɔ sia xɔ aƒe ɖe xexemedukɔ siwo ade alafa ɖeka me, eye ate ŋu agblẽ nu le ame miliɔn 3,200 ŋuti.

1 NU KAE NYE ASRÃDƆ?

Ne mu ɖu amee wòléa asrãdɔ alo atikesi. Dɔ sia ƒe dzesiwo dometɔ aɖewoe nye dzoxɔxɔ, vuvɔwɔame, fifiatete, taɖuame, lãmeve, dzigbɔtɔame kple tutru alo xeɖeɖe. Dzesi siawo tea ŋu tɔa te sẽe gavana le gaƒoƒo 48 va se ɖe 72 ɖe sia ɖe me, anɔ te ɖe mu ƒomevi si ɖu amea kple ɣeyiɣi didi si dɔa le amea ŋu dzi.

2 ALEKE ASRÃDƆ WƆNA KAKANA?

  1. Ne munɔ ɖu amee asrãdɔlékui gena ɖe ʋu me na ame.

  2. Dɔlékuia yina ɖe ame si mua ɖu la ƒe aklãmenugbagbeviwo me eye wòdzina sɔa gbɔ le afi ma.

  3. Aklãmenugbagbeviawo gbãna eye dɔlékuiawo kakana ɖagena ɖe amea ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo me. Dɔlékuiawo yia edzi nɔa dzidzim ɖe edzi le afi ma hã.

  4. Eye ne ʋumenugbagbevi dzĩwo gbã la, asrãdɔlékui gbogbowo dona tso wo me ɖagena ɖe ʋumenugbagbevi dzĩ bubuwo me.

  5. Alea ko wòyia edzi le ʋumenugbagbevi dzĩawo me ɖaa. Ɣesiaɣi si ʋumenugbagbevi dzĩawo gbã la, asrãdɔ ƒe dzesi vovovoawo dzena le amea ŋu.

3 ALEKE NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TAE?

Ne èle dukɔ si me asrãdɔ bɔ ɖo me la . . . 

  • Mlɔ mudɔ me. Ele be

    • mudɔa nanye esi wode atikee.

    • wòanɔ nɔnɔme nyui me, afi aɖeke megavuvu nɛ o.

    • woadee belia te nyuie.

  • Wu mutikewo ɖe wò aƒe me.

  • Ne anya wɔ la, mide ɖɔwo alo gaɖɔwo fesrewo kple ʋɔtruwo ŋu, mizã xɔmefamɔ̃ alo yaƒomɔ̃ ale be muwo magava ɖe fu na mi o.

  • Do awu alo nàtsyɔ avɔ si ƒe mo kɔ eye nàna wòaxe wo ametia ƒe afi sia afi.

  • Ne anya wɔ la, ƒo asa na gbe siwo me muwo sɔa gbɔ ɖo alo tsiteƒe siwo muwo ate ŋu adzi ɖo nɔnɔ.

  • Ne ède dzesi asrãdɔ ƒe dzesiwo le ŋuwò la, na woawɔ atike na wò enumake.

Ne èwɔ ɖoɖo be yeazɔ mɔ ayi nuto aɖe si me asrãdɔ bɔ ɖo me la . . . 

  • Ku nu me tso ale si nɔnɔmea le le afi ma fifia la ŋu hafi nàyi. Asrãdɔlékuiwo tea ŋu toa vovo tso teƒe yi teƒe, eye esia kpɔa ŋusẽ ɖe atike si ƒomevi woawɔ na ame hã dzi. Eye anyo hã be nàɖo dze kple wò ɖɔkta ale be wòagblɔ nu siwo wòle be nàƒo asa na etɔxɛe na wò, elabe enya nu tso wò lãmesẽnyawo ŋu.

  • Ne èyi teƒea la, wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me, ku ɖe nuto siwo me asrãdɔ bɔ ɖo ŋu la, dzi.

  • Ne ède dzesi asrãdɔ ƒe dzesiwo le ŋuwò la, na woawɔ atike na wò enumake. Nyae be ne mu ɖu ame la, asrãdɔ ƒe dzesiwo ate ŋu adze le eŋu le ŋkeke ɖeka megbe, eye ne etsi megbe ƒãa la, kwasiɖa ene.