Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Lɔ̃ Faa Woaɖɔ Wò Ðo

Lɔ̃ Faa Woaɖɔ Wò Ðo

KUXIA

“Ne ame aɖe ɖɔ wò ɖo la, nu si gblɔm wòle na wò koe nye be nu si wɔm nèle la mesɔ o. Nyemenya ne ame aɖe li si agblɔ be, ‘Edzɔa dzi nam ne wogblɔ nam be nu si wɔm mele la mesɔ o’ o.”—Amy, exɔ ƒe 17. *

Ame si gbea aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ le abe yameʋukula si gbe wɔwɔ ɖe dɔwɔƒe si fiaa mɔ yameʋuwo la ƒe mɔfiafia dzi ene. Afɔku ate ŋu ado tso eme.

Ðe wòtena ɖe dziwò ne dziwòlawo, nufialawo alo ame tsitsiwo gbe nya na wòa? Ne nenemae la, nyati sia akpe ɖe ŋuwò.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ame sia ame hiã na ɖɔɖɔɖo.

“Mí katã míewɔa vodada zi geɖe.”Yakobo 3:2.

“Menye ŋukpee wònye ne èwɔ nu gbegblẽ eye woɖɔ wò ɖo o.”—Jessica.

Ne woɖɔ wò ɖo la, mefia be ame baɖae nènye o.

“Ame si Yehowa * lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.”Lododowo 3:12.

“Ne ame aɖe ɖɔm ɖo la, medzea agbagba be matsɔ susu aɖo ale si gbegbe wòhiã be wòado dzi hafi awɔ esia kple ale si wòlɔ̃m heɖo aɖaŋua nam la ŋu.”—Tamara.

Ðɔɖɔɖo ate ŋu ana nàzu ame ɖɔʋu.

“Miɖo to amehehe, ne miadze nunya.”Lododowo 8:33.

“Ehiã be woaɖɔ mí ɖo hafi míatsi le susu me. Ana míanya ale si amewo bua mí, eye wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siwo míawo ŋutɔwo míenya be wole mía si kura gɔ̃ hã o la ŋu.”—Deanne.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Dze agbagba nàkpɔ nu si ʋã amea wòɖo aɖaŋua na wò. Ðewohĩ aku dzi na wò ne woɖɔ wò ɖo. Gake dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi. Be nàte ŋu awɔ esia la, tɔ vie nàtsɔe ko be wòe le aɖaŋu ma ke ɖom na ame aɖe, ɖewohĩ nɔviwò sue. Ðe nàte ŋu akpɔ susu nyui aɖe si tae wòahiã be nàɖo aɖaŋu ma nɛa? Azɔ gàtrɔ ɖe aɖaŋu si woɖo na wò la ŋu eye nàdze agbagba abu nyaa ŋu abe ale si nèbu eŋu le nɔviwòa gome ene.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Nyagblɔla 7:9.

“Ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu ado dziku le nya si wohe ɖe ŋuwò la ta ale gbegbe be nàŋlɔ be be ɖe amea le kpekpem ɖe ŋuwò be nàzu ame ɖɔʋu ke menye be yeado vevesese na wò o.”—Theresa.

Bɔbɔ ɖokuiwò. Mègaɖe mɔ dàda nana nàgbe be womegagbe nya na ye o. Le go bubu me la, mègana dzi nàɖe le ƒowò vevie le esi nèva kpɔe be ehiã be yeawɔ ɖɔɖɔɖo aɖewo ta o. Ðokuibɔbɔ akpe ɖe ŋuwò màdo dziku vevie alo dzi nàɖe le ƒowò vevie o. Ðo ŋku edzi: Ðɔɖɔɖo si vena wu la ate ŋu anye ɖɔɖɔɖo si nèhiã wu. Gake ne ègbe aɖaŋuɖoɖo ma xɔxɔ le susu aɖewo ta la, ke èwɔ nu ɖokuiwò. Eye mɔnukpɔkpɔ si asu asiwò be nàtsi ahazu ame ɖɔʋu la ato ŋuwò.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 16:18.

Ðɔɖɔɖo si vena wu la ate ŋu anye ɖɔɖɔɖo si nèhiã wu

“Ðɔɖɔɖo nye nu vevi aɖe si kpena ɖe ame ŋu wòva zua ame tsitsi ɖɔʋu. Ne míelɔ̃na woɖɔa mí ɖo eye míesrɔ̃a nu tso eme o la, agblẽ nu le mía ŋu mlɔeba.”—Lena.

Da akpe. Ne èsesẽ na wò be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi gɔ̃ hã la, ɖe manyo be nàda akpe na aɖaŋua ɖola oa? Ðikeke mele eme o be amea lɔ̃ wò vevie eye wòdi be agbea nadze edzi na wò.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Psalmo 141:5.

“Medze vɔ̃ be ‘nàda akpe’ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma ta vevietɔ ne èhiã nɛ o. Ne mèhiã nɛ kura o gɔ̃ hã la, àte ŋu axɔe tufafatɔe ahada akpe na amea ɖe agbagba si wòdze te ŋu te ɖe ŋuwò la ta.”—Carla.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 11 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.