Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Míazã Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Ale Si Míazã Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Míebua nu geɖe ŋu hafi trɔa asi le kpɔɖeŋudzeɖonyawo ŋu, eye gbeƒãɖela geɖewo kpɔe be wole vi ɖem le yewoƒe anyigbamamawo me. Ke hã, esi nɔnɔmeawo to vovo le afi sia afi taa, le subɔsubɔdɔa mea, gbeƒãɖelawo ate ŋu azã mɔnu bubu alo nyati bubu siwo aɖe vi na amewo le wo gbɔ faa. Gake ne wona mɔfiame aɖe mí ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe ŋua, ele be míawɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ. Míaƒe taɖodzinue nye be míawu dɔ si Yesu de mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nu.—Mt 24:14.

Le sukuvi ƒe dɔdeasiwo gomea, nyati si dzi wohe susu yi le kpɔɖeŋudzeɖonya si le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me ŋue sukuvia aƒo nu tsoe. Gake ate ŋu azã ɖaseɖimɔnu bubu, nyabiase bubu, mawunyakpukpui bubu, alo agblẽ nya bubu ɖi wòasɔ ɖe ale si nɔnɔmea le le wo gbɔ nu, negbe ɖe wona mɔfiame bubu aɖe. Mɔfiame sia xɔ ɖe esi dze le June ƒe 2020 kpekpea ƒe nusrɔ̃gbalẽa ƒe axa 8 lia teƒe.