NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME
Se Veve Ðe Ame Nu
Veveseɖeamenu fia be ame nadze agbagba ase ame bubu ƒe hiahiãwo, nuŋububu, seselelãme kple nɔnɔmewo gɔme. Ne míedi vevie be míakpe ɖe amewo ŋua, anɔ bɔbɔe be míase veve ɖe wo nu eye woakpɔ esia adze si. Ne míesea veve ɖe amewo nu le gbeadzia, enana wotena ɖe Yehowa ŋu, elabe wokpɔnɛ be elɔ̃ yewo eye wòtsɔ ɖe le eme na yewo.—Flp 2:4.
Veveseɖeamenu menye mɔnu dzro aɖe si dzi míetona fiaa nu amewo ko o; ele be wòadze le míaƒe mo, nuƒoƒo, nuwɔna, kple ale si míeɖoa to amewoe hã me. Míeɖea veveseɖeamenu fiana ne míetsɔa ɖe le eme na amewo tso dzi me. Míebua woƒe dzixɔsewo, nu siwo dzɔa dzi na wo, kple nɔnɔme siwo me tom wolea ŋu. Míaɖo aɖaŋu nyuiwo na wo eye míakpe ɖe wo ŋu, gake mímazi wo dzi be woatrɔ o. Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne ame siwo míeɖea gbeƒã na la lɔ̃ faa míekpe ɖe wo ŋu.
MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME—NA WÒ NUFIAFIAÐAŊU NAGANYO ÐE EDZI—SE VEVE ÐE AME NU, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
-
Esi Dzidzɔ tsi megbea, aleke Rut ɖee fia be yese veve ɖe enu?
-
Esi Dzidzɔ gblɔ be yemate ŋu asrɔ̃ nua oa, aleke Rut ɖee fia be yese veve ɖe enu?
-
Esi Dzidzɔ gblɔ be yemete ŋu wɔa nu ɖe ɖoɖo nu oa, aleke Rut ɖee fia be yese veve ɖe enu?