Privacy Settings

To provide you with the best possible experience, we use cookies and similar technologies. Some cookies are necessary to make our website work and cannot be refused. You can accept or decline the use of additional cookies, which we use only to improve your experience. None of this data will ever be sold or used for marketing. To learn more, read the Global Policy on Use of Cookies and Similar Technologies. You can customize your settings at any time by going to Privacy Settings.

Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 14

Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa

Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa
Mawunyakpukpui

Hebritɔwo 8:1

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woakplɔ wò nuƒoa me nyawo ɖo, eye nàna woakpɔ ale si nuƒoa me nya vevi ɖe sia ɖe do ƒome kple nuƒoa ƒe taɖodzinu kple tanyaa nyuie.

ALE SI NÀWƆE:

  • Taɖodzinu aɖe nenɔ asiwò. Kpɔe ɖa nenye be taɖodzinu si le wò nuƒoa ŋue nye be wòana wò nyaselawo nanya nane, woakpɔ kakaɖedzi le nane ŋu, alo wòaʋã wo woaɖe afɔ aɖe, eye nàtrɔ asi le eŋu be wòaɖo taɖodzinu ma gbɔ. Trɔ asi le nya veviawo katã ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ.

  • Te gbe ɖe nuƒoa ƒe tanya dzi. He susu yi wò nuƒoa ƒe tanyaa dzi le nuƒo bliboa me; nɔ tanyaa me nya veviawo alo nya siwo do ƒome kplii la zãm enuenu le nuƒoa me.

  • Na nya veviawo me nakɔ eye wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe. Zã nya vevi siwo ku ɖe tanyaa ŋu, siwo nàte ŋu atsɔ afia nu wò nyaselawo nyuie le ɣeyiɣi si wona wò me la ɖeɖe ko. Nya vevi siwo me nàdzro la nanɔ ʋɛ, na nyaselawo nade dzesi nya vevi ɖe sia ɖe nyuie; ne èƒo nu tso nya vevi aɖe ŋu vɔ la, tɔ sẽe hafi nàyi bubu dzi, eye nàna nya veviawo nade nu wo nɔewo me nyuie.